Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe ŋutete le Satana Abosam si be wòanya nusi le susu me na amea?
Togbɔ be míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o hã la, edze abe ŋutete mele Satana alo eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa si be woanya nusi le susu me na mí o ene.
Bu ŋkɔ siwo wotsɔ ɖɔ Satanae ŋu kpɔ. Woyɔe be Satana (Tsitretsiɖeŋula), Abosam (Amegɔmezɔla), Da (nya bubu si wozãna na Ameblela), Tela, kple Aʋatsokala. (Hiob 1:6; Mateo 4:3; Yohanes 8:44; Korintotɔwo II, 11:3; Nyaɖeɖefia 12:9) Ameɖɔŋkɔ siawo katã dometɔ aɖeke mefia be ŋutete le Satana si be wòanya nusi le susu me na amewo o.
Gake to vovo na eyama la, woɖɔ Yehowa Mawu ya be enye ‘amesi doa dziwo kpɔna.’ (Lododowo 17:3; Samuel I, 16:7, 8a; Kronika I, 29:17) Hebritɔwo 4:13 gblɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le [Yehowa] ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me.” Eyata mewɔ nuku o be Yehowa na ŋutete Via, Yesu, be wòate ŋu ado dziwo akpɔ. Yesu si wofɔ ɖe tsitre la gblɔ be: “Nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.”—Nyaɖeɖefia 2:23.
Biblia megblɔ be Satana te ŋu dzroa amewo ƒe dzi kple susu me kpɔna o. Esia me kɔ elabena apostolo Paulo ka ɖe edzi na mí be Kristotɔwo ‘nya [Satana ƒe] tameɖoɖowo keŋkeŋ.’ (Korintotɔwo II, 2:11) Eyata mehiã be míavɔ be ŋutete tɔxɛ aɖe le Satana si si ŋuti míenya nu le kura o.
Ke hã, esia mele fiafiam be míaƒe Adikãtɔ la mate ŋu akpɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple gbagbãƒewo adze sii o. Ƒe alafa gbogbo aɖewo su Satana si wòtsɔ srɔ̃ nu tso amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Mehiã be wòate ŋu anya nusi le míaƒe susu me hafi anya alesi míenɔa agbee, alo anya modzakaɖeɖe si dzɔa dzi na mí, alo be wòate ŋu ase dze siwo míeɖona, kple bubuawo o. Míaƒe moɖoɖo kple nɔnɔme ate ŋu anye nusi dzi wòato anya nusi ŋu bum míele alo alesi míele sesem le mía ɖokui me.
Gake zi geɖe la Satana zãa mɔnu ma ke siwo wòzã le Eden-bɔa me—alakpadada, amebeble, kple numevivi. (Mose I, 3:1-5) Togbɔ be mele be Kristotɔwo navɔ̃ be Satana anya yewoƒe susu o hã la, esɔ be woatsi dzi ɖe susu si Satana adi be yeaƒã ɖe woƒe susu me la ŋu. Edi be Kristotɔwo nazu ‘tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒea le.’ (Timoteo I, 6:5) Mewɔ nuku be Satana ƒe xexea ɖe nyatakaka kple modzakaɖeɖe gbegblẽ gbogbo aɖewo ɖe go o. Be Kristotɔwo nate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu la, ele be woakpɔ woƒe susu ta to “xɔxɔ ƒe gakuku la” ɖɔɖɔ me. (Efesotɔwo 6:17) Wowɔa esia to Biblia ƒe nyateƒewo tsɔtsɔ de woƒe susu me kple asaƒoƒo na Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo.
Satana nye futɔ dziŋɔ aɖe. Gake mehiã be míavɔ̃ na eyama kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo yakatsyɔ o. Yakobo 4:7 na kakaɖedzi mí be: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míate ŋu agblɔ, abe alesi Yesu gblɔe ene, be Satana mekpɔ naneke le mía ŋu o.—Yohanes 14:30.