Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameka ƒe Dzidzenuwo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

Ameka ƒe Dzidzenuwo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

Ameka ƒe Dzidzenuwo Dzie Nàte Ŋu Aka Ðo?

Zi gbãtɔ si tsaɖila aɖe ɖi tsa va Afrika la, edi vevie be yeanya nusita ŋutsu aɖe si wòkpɔ la nɔ tsitre ɖe mɔ to hedzɔ kã ɖe teƒe ɖeka tututu ɖo. Ède dzesii be le aɖabaƒoƒo ʋɛ ɖesiaɖe me la, ŋutsua tea afɔ le anyigba hetena yia ŋgɔ vie gake hekpɔtɔ nɔ tsitrenu. Emegbe hafi tsaɖila la va de dzesi susu si ta ŋutsua nɔ tetem vivivi nenema ɖo. Le nyateƒe me, ɖeko wònɔ agbagba dzem be yeanɔ telefonti aɖe ƒe vɔvɔli te. Vɔvɔlia nɔ zɔ ɖem vivivi esi ɣea nɔ zɔzɔm.

ABE vɔvɔli ma si do le ŋdɔʋuʋua ta ene la, amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo kple dzidzenuwo yi edzi le tɔtrɔm. Gake Yehowa Mawu, “kekeliwo ƒe Fofo,” ya metrɔna o. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena, ‘liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodo aɖeke mele egbɔ o.’ (Yakobo 1:17) Hebritɔ nyagblɔɖila Maleaxi ŋlɔ Mawu ŋutɔ ƒe numenya bena: “Nye Yehowa nyemetrɔ o.” (Maleaxi 3:6) Mawu gblɔ na Israel-dukɔ le Yesaya ŋɔli be: “Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã.” (Yesaya 46:4) Eyata ɣeyiɣi ƒe yiyi mate ŋu atrɔ kakaɖedzi si ate ŋu anɔ mía si ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋugbedodowo ŋu o.

Nufiame si Le Sea Me

Alesi Yehowa ƒe ŋugbedodo nyea nyateƒe eye wometrɔna o la, nenema ke enye eƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ hã ŋu. Ðe nàka ɖe asitsala si wɔa nudanu eve ŋudɔ, eye nudanu siawo ƒe ɖeka koe nyo la dzia? Kura o. Nenema ke “nudanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.” (Lododowo 11:1; 20:10) Le Se si Yehowa de na Israel-viwo me la, ekpe se sia ɖe eŋu be: “Migawɔ apasa le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye migaba ame le dzidzeka, nudanu kple nudonui me o. Nudanu nyui kple nudakpe nyuiwo, efa blibo kple hin blibo nanɔ mia si. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi.”—Mose III, 19:35, 36.

Se ma dzi wɔwɔ na Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe Israel-viwo ŋu eye wokpɔ ŋutilãmeviɖe geɖewo hã. Nenema ke Yehowa ƒe dzidzenu siwo metrɔna o me léle ɖe asi, menye le nudanuwo kple dzidzenuwo ɖeɖeko me o ke le agbenɔnɔ ƒe akpa sia kpa me, hea yayrawo vɛ na esubɔla si kana ɖe eyama dzi. Mawu gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.

Nukatae Dzidzenuwo Le To Yim Egbea?

Biblia gblɔ nusita dzidzenuwo le to yim egbea ɖo. Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ, si nye Nyaɖeɖefia, ƒo nu tso aʋa aɖe si wowɔ le dziƒo ŋu, si me tsonuwo le nu gblẽm le ameƒomea ŋu vaseɖe egbea. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

Nukae dzɔ le aʋa ma megbe kpuie? Yohanes yi edzi be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:12.

Wodo “baba na anyigba,” esime Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me eye wòhe ɣeyiɣi aɖe si ƒe dzidzenuwo to vovo sã na egbeviwo la va nuwuwui. Ŋutinyaŋlɔla Barbara Tuchman gblɔ be: “Ƒe 1914-18 ƒe Aʋa Gã la nɔ abe liƒo aɖe si ma ɣeyiɣi ma kple mía tɔ dome ene. Ewu ame gbogbo aɖewo siwo ava nye viɖenu le ƒe siwo akplɔe ɖo me la, etsrɔ̃ dzixɔsewo, etrɔ tamesusuwo, hede abi makumaku amewo ƒe seselelãmewo ŋu, ede mama gã aɖe amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ kple egbeviwo ƒe nukpɔsusu kple nuwɔna dome.” Ehati ŋutinyaŋlɔla Eric Hobsbawm lɔ̃ ɖe edzi be: “Tso ƒe 1914 me la, dzidzenu siwo wobuna be wonyo le dukɔ deŋgɔwo me la yi to wòɖe dzesi ŋutɔ. . . Mele bɔbɔe be woase alesi gbegbe dzidzenuwo yi edzi le to yimee gɔme ahagbugbɔ esi mía tɔgbui ƒe alafa wuiasiekelia me tɔwo yɔ be tsãtɔwo aɖo anyi o.”

Agbalẽŋlɔla Jonathan Glover de dzesii le eƒe agbalẽ si nye Humanity—A Moral History of the Twentieth Century (Ameƒomea—Ƒe Alafa Blavelia me Agbenyuinɔnɔ Ŋutinya) me be: “Míaƒe ɣeyiɣia me ƒe nudzɔdzɔwo dometɔ ɖeka enye agbenyuinɔnɔ ƒe se si le bubum.” Togbɔ be meka ɖe agbenyuinɔnɔse bubu aɖeke dzi o le mawusubɔsubɔ ƒe toyiyi le Ɣetoɖoƒedukɔwo me ta hã la, exlɔ̃ nu be: “Ele na mí amesiwo meka ɖe subɔsubɔhawo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo dzi o hã be míatsi dzi ɖe alesi wòle to yimee ŋu.”

Alesi amesiwo dzi amewo ka ɖo va le nusiwo womesusu o wɔm egbeae—eɖanye le asitsatsa, dunyahehe, alo mawusubɔsubɔ me alo le ame ŋutɔ ƒe nya kple ƒomekadodowo gɔ̃ hã me o—kple wo me tsonu dziŋɔawo la katã nye tame vɔ̃ si Abosam ɖo be yeagblẽ anyigbadzinɔlawo dome la ƒe akpa aɖe. Satana ɖo tame kplikpaa be yeawɔ aʋa si wɔm yele la ade goe eye be ye kpakple amesiwo katã dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la natsrɔ̃.—Nyaɖeɖefia 12:17.

Ðe nane li woawɔ atsɔ alé amesiwo dzi woka ɖo ƒe numadzegadziwo wɔwɔ si bɔ ale gbegbe la nua? Apostolo Petro ɖo eŋu be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo ma dzi, menye le esi ŋusẽ le Mawu si be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme ta ɖeɖeko o, ke le esi wòɖo kpe emevava hã dzi tae. Yehowa gblɔ tso ‘nya sia nya si dona tsoa eƒe nu me’ la ŋu be: “Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” Ŋugbedodo si dzi woate ŋu aka ɖo wònye vavã!—Yesaya 55:11; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Agbenɔnɔ Ðe Mawu ƒe Dzidzenuwo Nu

Le xexe si me dzidzenuwo le tɔtrɔm ɣesiaɣi hele gbegblẽm ɖe edzi me la, Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le Biblia me la nu. Esia wɔe be woto vovo tso ame akpa gãtɔ gbɔ, eye esia he ame geɖewo ƒe susu va wo dzii—eye woɖua fewu le wo ŋu.

Le takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le London me la, television nyatakakaŋlɔla aɖe bia nyanuɖela aɖe ne yeanya nenye Kristotɔ akuakuawoe Yehowa Ðasefowo nye. Eɖo eŋu be: “Ẽ, Kristotɔ akuakuawoe míenye elabena Yesue nye míaƒe kpɔɖeŋuɖola. Ðokuitɔdidi bɔ ɖe xexeame fũ, gake Yesu Kristo dzie míeda susu ɖo be eyae nye mɔ la, nyateƒe la, kple agbe la. Míexɔe se be enye Mawu ƒe Vi, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o, eyata alesi míese Biblia gɔmee to vovo na subɔsubɔha nyanyɛwo tɔ.”

Esi wogblɔ gbebiame sia ŋu nya le BBC television dzi la, nyatakakaŋlɔlaa gblɔ le wɔnaa taƒoƒo me be: “Megasrɔ̃ nu geɖe tso nusita Yehowa Ðasefowo va ƒoa ʋɔ na mí ɖo ŋu. Eye nyemeɖo ŋkui be mekpɔ ame 25,000 siwo do awu nyui hewɔa nu ɖe ɖoɖo nyui nu wole teƒe ɖeka le ɣeyiɣi ɖeka me alea kpɔ o.” Ðaseɖiɖi nyui ye esia nye nyateƒe tso amesi kpɔ nunya si le agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu matrɔmatrɔwo nu me le adzɔge gbɔ!

Togbɔ be ame aɖewo malɔ̃ be yewoanɔ agbe ɖe dzidzenu siwo woa ŋutɔwo meɖo o nu o hã la, míele dzi dem ƒo na wò be nàyi ɖe wò Biblia me ahasrɔ̃ nusiwo Mawu ƒe dzidzenuwo nye. Gake megadzro eme ɖewoɖewoe ko o. Wɔ ɖe nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo na la dzi be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Ði tsa nàyi Fiaɖuƒe Akpata si le míaƒe nutoa me la me, eye nàdze si Ðasefo siwo le afima. Àkpɔe be amegbetɔwo koe wonye evɔ woɖoa ŋu ɖe Biblia ƒe ŋugbedodowo ŋu eye woɖenɛ fiana be yewoka ɖe Mawu dzi to agbagbadzedze be yewoanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu me.

Agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu matrɔmatrɔ siwo ŋu kakaɖedzi le nu le wò agbenɔnɔ me ahe yayrawo vɛ na wò godoo. Se Mawu ŋutɔ ƒe nuxlɔ̃amea be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:18.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Amesiwo dzi amewo ka ɖo va le nusiwo womesusu o wɔm le asitsatsa, dunyahehe, mawusubɔsubɔ, kple ƒomekadodowo me egbea