Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzenuwo Trɔ, Kakaɖedzi Megali O

Dzidzenuwo Trɔ, Kakaɖedzi Megali O

 Dzidzenuwo Trɔ, Kakaɖedzi Megali O

Le England-fia Henry I ŋɔli (tso ƒe 1100-1135) la, wobua dzidzeti abɔ ɖeka (yard) ƒe didime be “etso Fiaa ƒe ŋɔti nu vaseɖe eƒe degblefetsu nu ne fia la mlo abɔ.” Kakaɖedzi kae nɔ dzidzeti siwo Fia Henry teviwo zãna la ŋu? Edze abe fiagãa gbɔ koe woayi hafi aka ɖe nane ƒe dzidzeme ŋutɔŋutɔ dzi ene.

EGBEA, dzidzenu siwo woɖo ɖi la koŋ dzie wonɔa te ɖo kpɔa nuwo ƒe dzidzeme. Eyata wodzidzea meta ɖeka ƒe didime be enye afisi kekeli ate ŋu aɖo ne eklẽ to afisi naneke kuraa mele o le sɛkɛnd ɖeka me memama ɖe akpa 299,792,458 me. Be didime sia nasɔ pɛpɛpɛ la, akaɖi tɔxɛ aɖe si ƒe keklẽŋusẽ woɖo ɖi koŋue wozãna. Ne mɔ̃ si wotsɔna wɔa dzidzetiawoe le amewo si la, ekema amewo ate ŋu anya ne woƒe nuwo ƒe didime ƒe dzidzeme sɔ kple amesiame tɔ le afisiafi.

Ne dzidzenu si woɖo ɖi le tɔtrɔm, eɖanye aleke ke tɔtrɔa le sue o, ate ŋu ahe ɖikeke vɛ, eyata wodzea agbagba geɖe be woakpɔ dzidzenu siwo woɖo ɖi la ta. Le kpɔɖeŋu me, le Britain la, nusi woɖo ɖi tsɔ dzidzea nuwo ƒe kpekpemee nye nudakpe si wotsɔ platinum kple iridium tsaka wɔe eƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Woda nudakpe sia ɖe Dukɔa ƒe Nuwo Dokpɔƒe. Ʋuwo kple amewo kpakple yameʋuwo ƒe ʋuʋudedi si wowɔna wɔnɛ be nudakpe sia kpena ɖe edzi gbesiagbe. Gake nudakpe sia nye esi wowɔ wòsɔ ɖe xexeame katã ƒe nudakpe si wode atukpa etɔ̃ me heɖi ɖe tome le Dukɔwo Dome Nudakpewo Kple Dzidzenuwo Nɔƒe si le Sèvres, France, la nu. Gake nudakpe sia gɔ̃ hã ƒe kpekpeme menɔa ɖeka o le ʋuʋudedi makpɔmakpɔ siwo ʋuʋuna ɖe edzi ta. Va ɖo fifia la, xexeame ƒe nudzidzelawo kple nudakpɔlawo mete ŋu to dzidzenu si ƒe kpekpeme matrɔ o la vɛ o.

Togbɔ be edze abe tɔtrɔ suesuewo megblẽ nu boo aɖeke le ame akpa gãtɔ gbɔ o ene hã la, dzidzenuwo ƒe tɔtrɔ keŋkeŋ ate ŋu ahe tɔtɔ vɛ. Le Britain la, asiɖeɖe le Britaintɔwo ƒe nudakpe dzidzenuwo (pound kple ounce) ŋu ahazã meta ƒe nudakpe dzidzenuwo (kilogram kple gram) he makamakaɖeamedzi geɖe vɛ—le susu siwo sɔ ta. Esi amewo menya nudanu yeye siawo me o ta fiasetɔ baɖa aɖewo le woƒe asisiwo bam.

Ƒome Kple Agbenyuinɔnɔ ƒe Dzidzenuwo

Ke ƒome kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu siwo le tɔtrɔm ya ɖe? Nusi tɔtrɔ siawo hena vɛ la ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Nyatakaka siwo le vavam le ŋkeke siawo me ku ɖe ƒomewo ƒe gbagbã, gbɔdɔdɔ ƒe agbebaɖanɔnɔ, kpakple ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu si bɔ ŋutɔ ŋu la wɔa mo yaa na ame geɖe eye woɖoa kpe edzi be míele ɣeyiɣi si me dzidzenuwo le to yim la me. Dzilaɖekɛƒomewo, vi siwo “dzila” siwo ƒe vidzinu nye ɖeka nyi, kple ɖevi siwo le dumegãwo ƒe dzikpɔkpɔ te la gbɔdɔdɔ sesẽe nye alesi amewo gbe wɔwɔ ɖe dzidzenuwo dzi la me tsonuwo. Ame gbogbo aɖewo va le ‘ɖokuilɔ̃lawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya  o, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu’ zum, abe alesi Biblia gblɔe ɖi ƒe akpe eve aɖewoe nye sia va yi ene.—Timoteo II, 3:1-4.

Agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ƒe toyiyi do ƒome kple amesiwo dzi woka ɖo ƒe tagbɔsesẽnuwo wɔwɔ. Nyitsɔ laa la, alesi ɖɔktawo megava le wɔwɔm ɖe dɔdada ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi kura o la va dze le dziehe England du aɖe si ŋkɔe nye Hyde me, afisi dua me tɔwo ka ɖe woƒe ƒome ɖɔkta “siwo ŋu wodea bubui vevie” dzi le. Gake nublanuitɔe la, woƒe kakaɖedzia me va gblẽ. Aleke wòdzɔe? Nyatakaka siwo tso ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖee fia be ƒome ɖɔkta aɖe ɖoe koŋ wu nyɔnu 15 le dɔnɔ siwo gbɔ kpɔm wònɔ la dome. Le nyateƒe me la, ehiã be kpovitɔwo nagbugbɔ ame 130 kple edzivɔ siwo ku to ɖɔkta sia ƒe asime ƒe nyawo me aku. Alesi gbegbe ɖɔktaa ƒe nuwɔnaa wɔ nukui na amesiwo ka ɖe edzi la dze esime wobu fɔe hedee gaxɔ me. Woɖɔli dɔ na gaxɔdzikpɔla eve siwo dada ɖɔkta sia anya wu ale be womagakpɔ gamenɔla vloe sia dzi o. Mewɔ nuku be nyaa ŋu nyatakaka aɖe si dze le The Daily Telegraph me la yɔ ɖɔkta sia si wobu fɔe la be “Ðɔkta ‘vɔ̃ɖi’” la o.

Le alesi dzidzenuwo le tɔtrɔm hele gbegblẽm ɖe edzi le agbenɔnɔ ƒe akpa geɖewo mee ta la, ameka dzie nàte ŋu aka ɖo ŋutɔŋutɔ? Afikae míate ŋu akpɔ dzidzenu siwo metrɔna o, si amesi si ŋusẽ le be wòalé wo ɖe te la le megbena le? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.