Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Nusɔsrɔ̃ Dzi?

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Nusɔsrɔ̃ Dzi?

Ame geɖewo toa mɔ̃ɖaŋunuwo dzi srɔ̃a woƒe sukunuwo, wɔa dɔ alo srɔ̃a nu tso nu bubuwo ŋu. Egbea mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be mehiã be ame nayi afi aɖeke hafi ake ɖe nyatakakawo ŋu o, ate ŋu anɔ aƒe me ko ake ɖe wo ŋu.

Ke hã, ame geɖe siwo zãa mɔ̃ɖaŋunu siawo fũu la kpɔnɛ be . . .

  • esesẽna be yewoatsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu ne yewole nane xlẽm.

  • enana be yewoƒe susu va nɔa nu vovovowo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me.

  • enana nu tia kɔ na yewo ne yewo ɖeɖe yewo li.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

NE ÈLE NU XLẼM

Le ame aɖewo gomea ɖeko wotoa nu si xlẽm wole le mɔ̃ dzi la me dzradzradzra, eye womegbɔa dzi ɖi be yewoade dzesi nya veviawo o.

Megblẽ be woawɔe nenema ne wole nya aɖe ƒe ŋuɖoɖo dim o. Ke hã, esia awɔe be màse nya veviawo gɔme o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe nètea ŋu xlẽa nyati siwo didia? Vi kae wòaɖe na wò ne ègbɔa dzi ɖi xlẽa nu?—LODODOWO 18:15.

ÐO SUSU NU ÐEKA ŊU

Ame aɖewo susuna be mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu ana yewoanɔ nu vovovowo wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me—le kpɔɖeŋu me, aɖo text message ɖe xɔlɔ̃ aɖe esime yewole nu srɔ̃m. Ne susua mele nu ɖeka ŋu o la, míate ŋu awɔ evea siaa nyuie o, vevietɔ ne ehiã be míatsɔ susu aɖo wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu bliboe.

Mele bɔbɔe be míatsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu o, gake ne míewɔe la, eɖea vi na mí. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Grace gblɔ be, “Ne ètsɔ susu ɖo nu ɖeka ŋua, awɔe be mawɔ vodada sɔ gbɔ o eye nu mati kɔ na wò hã o. Eya ta meva kpɔe be eɖea vi wu ne metsɔ susu ɖo nu ɖeka aɖe si wɔm mele la ŋu tsɔ wu be mana nye susu nanɔ nu vovovowo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me.”

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe mɔ̃ɖaŋunuwo nana wòsesẽna na wò be nàtsɔ susu aɖo nu si xlẽm nèle la ŋu eye nàɖo ŋku wo dzia?—LODODOWO 17:24.

NE WÒ ÐEKA ÈLI

Ame aɖewo medina be yewo ɖeɖe yewoanɔ anyi ɖi ko o, eya ta wotsɔa mɔ̃ɖaŋunuwo nɔa modzaka ɖem. Aƒenɔ aɖe si ŋkɔe nye Olivia gblɔ be: “Nyemate ŋu anɔ anyi ɖi miniti 15 evɔ nyematsɔ nye fon, tablɛt alo asi television o.”

Ke hã, ne wò ɖeɖe nèlia, enye mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ na wò be nàde ŋugble tso nu siwo nèsrɔ̃ va yi la ŋu. Esia aɖe vi na ame tsitsiwo hã, ke menye sɔhɛwo ko o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne wò ɖeɖe èli la, ɖe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ bliboea?—1 TIMOTEO 4:15.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

LÉ ŊKU ÐE ALE SI NÈZÃA MƆ̃ÐAŊUNUWOE LA ŊU

Mɔ kawo nue nàte ŋu azã mɔ̃ɖaŋunuwo le atsɔ asrɔ̃ nu wòaɖe vi na wò wu? Aleke mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu awɔe be màtsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu o?

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu.”—LODODOWO 3:21.