Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Gɔmesese kae le ati eve siwo wokpe wòzu ɖeka, si ŋu nya wogblɔ le Ezekiel ta 37 lia me ŋu?

Yehowa tsɔ gbedeasi aɖe si naa mɔkpɔkpɔ ame la na Ezekiel, si nye ŋugbedodo be Israel dukɔa agava wɔ ɖeka ne wotrɔ gbɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gbedeasi ma ɖee fia hã be Mawu ƒe amewo awɔ ɖeka le ŋkeke mamlɛ siawo me.

Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel be wòatsɔ ati eve ahaŋlɔ nu ɖe wo ŋu. Neŋlɔ ɖe ɖeka ŋu be, “Yuda kple Israel-vi siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe,” eye wòaŋlɔ ɖe evelia ŋu be, “Efrayim ƒe ati, si nye Yosef kple Israel ƒe aƒe blibo si wɔ ɖeka kplii la tɔe.” Egblɔ na Ezekiel be wòatsiã ati eveawo ne “woazu ati ɖeka ko” le eƒe asi me.—Eze. 37:15-17.

Nu kae “Efrayim” si woŋlɔ ɖe atia ŋu la fia? Israel ƒe dziehe-to ewo fiaɖuƒea ƒe fia gbãtɔ Yeroboam tso Efrayim-toa me, eye emae va nye woƒe to vevitɔ. (5 Mose 33:13, 17; 1 Fia. 11:26) Yosef viŋutsu Efrayim ƒe dzidzimeviwoe to sia me tɔwo nye. (4 Mose 1:32, 33) Yakob yra via Yosef etɔxɛe. Eya ta esɔ be woyɔ ati si le tsitre ɖi na to ewo fiaɖuƒea be “Efrayim ƒe ati.” Le ɣeyiɣi si me Ezekiel ŋlɔ nya siwo ku ɖe ati eveawo ŋu ɖi la, Asiriatɔwo kplɔ Israel ƒe dziehe fiaɖuƒea yi aboyo me xoxo, le ƒe 740 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.). (2 Fia. 17:6) Efia be ɣemaɣi la, Israel-vi akpa gãtɔ kaka ɖe Babilon Fiaɖuƒe si va xɔ ɖe Asiria Fiaɖuƒea teƒe la ƒe nutowo katã me.

Emegbe wokplɔ anyiehe-to eve fiaɖuƒea kple ɖewohĩ ame siwo susɔ ɖe dziehe fiaɖuƒea me la hã yi aboyo me le Babilon le ƒe 607 D.Y. Fia siwo ɖu to eve siawo dzi la tso Yuda-toa me, eye woawo gbɔe nunɔlawo nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le, elabena Yerusalem ye gbedoxɔa nɔ. (2 Kron. 11:13, 14; 34:30) Eya ta esɔ be woŋlɔ ɖe ati si le tsitre ɖi na to eve fiaɖuƒea ŋu be, “Yuda . . . tɔe.”

Ɣekaɣie wokpe alo tsiã kpɔɖeŋu ƒe ati eve siawo? Eyae nye esime Israel-viwo trɔ gbɔ va Yerusalem le ƒe 537 D.Y. be yewoagbugbɔ gbedoxɔa atu. To eve fiaɖuƒea kpakple to ewo fiaɖuƒea siaa me tɔ susɔe aɖewo trɔ gbɔ tso aboyo me. Ɣemaɣi mama aɖeke meganɔ Israel-viwo dome o. (Eze. 37:21, 22) Azɔ Israel dukɔa gawɔ ɖeka hesubɔ Yehowa. Nyagblɔɖila Yesaya kple Yeremiya hã gblɔ ɖekawɔwɔ sia ŋu nya ɖi.—Yes. 11:12, 13; Yer. 31:1, 6, 31.

Nyateƒenya vevi kae dze ƒãa le nyagblɔɖi sia me ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu? Eyae nye: Yehowa ana esubɔlawo ‘nawɔ ɖeka.’ (Eze. 37:18, 19) Ðe ɖekawɔwɔ si ŋugbe wodo la va eme le míaƒe ɣeyiɣia mea? Ɛ̃! Nyagblɔɖia dze emevava gɔme tso ƒe 1919 me, esime woƒo Mawu ƒe amewo nu ƒu vivivi eye wogawɔ ɖeka. Agbagba si Satana dze be yeade mama wo me la tsi akpo dzi.

Ɣemaɣi ame siwo gawɔ ɖeka la dometɔ akpa gãtɔ ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoazu fiawo kple nunɔlawo kpe ɖe Yesu ŋu le dziƒo. (Nyaɖ. 20:6) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wole abe Yuda ƒe ati ene. Ke esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ame gbogbo siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe le anyigba dzi la va nɔ ɖeka wɔm kple gbɔgbɔ me Yudatɔ siawo. (Zak. 8:23) Ame siawo, siwo mele mɔ kpɔm be yewoaɖu fia kple Kristo o lae le abe Yosef ƒe ati ene.

Ameha eve siawo wɔ ɖeka le Yehowa subɔm le woƒe Fia ɖeka la, si nye Yesu Kristo, ƒe kpɔkplɔ te. Yesue woyɔ le nyagblɔɖia me be “nye subɔla David.” (Eze. 37:24, 25) Edo gbe ɖa be ye yomedzelawo katã ‘nawɔ ɖeka, abe ale si ye Fofo la wɔ ɖeka kpli ye, eye ye hã yewɔ ɖeka kplii ene.’ * (Yoh. 17:20, 21) Yesu gblɔe ɖi hã be ye yomedzela siwo nye alẽha sue la kpakple ‘alẽ bubuawo’ “woazu alẽha ɖeka.” Eye wo katã woanɔ “alẽkplɔla ɖeka” te. (Yoh. 10:16) Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale Yehowa ƒe ame siwo li egbea si o, Yesu ƒe nya siawo ɖɔ ale si wowɔ ɖeka le subɔsubɔm la wòsɔ nyuie ŋutɔ!

^ mm. 6 Anyo be míade dzesi ɖoɖo si nu Yesu gblɔ kpɔɖeŋu siwo zu eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia ƒe akpa aɖewo la le. Gbã la, eƒo nu tso “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si nye nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si anɔ ŋgɔ na eyomedzelawo ŋu. (Mat. 24:45-47) Eyome eyi edzi kple kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ame siwo katã le mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo ŋu koŋ. (Mat. 25:1-30) Mlɔeba eƒo nu tso ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi, siwo akpe asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu, la ŋu. (Mat. 25:31-46) Nenema kee le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me vava egbea me la, gbã la, míekpɔ ale si nuwo anɔ na ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Eye togbɔ be zi geɖe to ewo fiaɖuƒea metsia tre ɖi na ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi o hã la, ɖekawɔwɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi nana míeɖoa ŋku ale si ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le kpakple ame siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le la wɔ ɖekae dzi.