Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mose Etɔ̃lia 19:16 (etenuŋɔŋlɔ) gblɔ be: “Mègatɔ ɖi ne ame aɖe ƒe agbe ɖo afɔku me o.” Nufiame kae le esia me na mí?

Yehowa de dzi ƒo na Israel-viwo be woanɔ kɔkɔe. Be woate ŋu awɔ esia la, egblɔ na wo be: “Mèganɔ ame ŋu gblẽm anɔ yiyim o. Mègatɔ ɖi ne hawòvi ƒe agbe ɖo afɔku me o. Nyee nye Yehowa.”—3 Mose 19:2, 16, etenuŋɔŋlɔ.

Nyagbɔgblɔ “tɔ ɖi” nye Hebrigbe me adagana aɖe si gɔme woɖe nyuie. Gake nu kae wòfia? Yudatɔwo ƒe agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Mose Etɔ̃lia ŋu gblɔ be: “Kpukpuia ƒe akpa sia gɔme ɖeɖe sesẽ, elabe womenya nu si tututu Hebrigbe me adagana si gɔme ɖeɖe tẽe nye, ‘mègatɔ ɖe, mègatɔ ɖi, mègatɔ ɖi ate ɖe’ la fia gɔme o.”

Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be nya ma de nu kpukpui 15 lia me, afi si gblɔ be: “Mègadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ o. Mègate ame dahe ɖe to o, eye mègade kesinɔtɔ dzi o. Drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na hawòvi.” (3 Mose 19:15) Ne aleae nyaa lea, ke sedede si le kpukpui 16 lia me be, ame ‘nagatɔ ɖi ɖe’ ame aɖe ŋu o la ate ŋu afia be mele be Mawu ƒe amewo nawɔ nu si agblẽ nu le woƒe dɔwɔhati ŋu le ʋɔnudrɔ̃nyawo me, asitsanyawo me, ƒomenyawo me, alo atro gbo nyaa be wòade yewo dzi o. Mesɔ be míawɔ nu mawo o. Gake nya ma si dze le kpukpui 16 lia agate ŋu afia nu bubu.

De dzesi nya si wogblɔ tsɔ dze kpukpui ma gɔme. Mawu de se na eƒe amewo be woaganɔ ame ŋu gblẽm anɔ yiyim o. De dzesii be menye ameŋunyagbɔgblɔ dzro koe ameŋugbegblẽ nye o, togbɔ be ameŋunyagbɔgblɔ hã ate ŋu agblẽ nu. (Lod. 10:19; Nyagb. 10:12-14; 1 Tim. 5:11-15; Yak. 3:6) Zi geɖea, ameŋugbegblẽ nye eɖoɖo koŋ agblɔ nya vɔ̃wo tso ame aɖe ŋu be woatsɔ agblẽ eŋu. Ameŋugblẽlaa ate ŋu aɖi aʋatsoɖase tso ame aɖe ŋu ne ema wɔwɔ ana amea ƒe agbe naɖo afɔku me gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be, ameŋugblẽla vɔ̃ɖiwo ɖi aʋatsoɖase tso Nabot ŋu, si wɔe be woƒu kpee madzemadzee. (1 Fia. 21:8-13) Eya ta abe ale si 3 Mose 19:16 ƒe akpa evelia gblɔe ene la, ameŋugblẽla ate ŋu atɔ ɖi ɖe ehavi ƒe agbe ŋu, si ana woawui.

Azɔ hã, ame aɖe ate ŋu agblẽ nɔvia ŋu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le esi wòlé fui ta. Yohanes Gbãtɔ 3:15 gblɔ be: “Ame sia ame si léa fu nɔvia la, amewulae wònye, eye mienyae be amewula aɖeke makpɔ agbe mavɔ o.” De dzesii be esi Mawu gblɔ le kpukpui 16 (etenuŋɔŋlɔ) be, “Mègatɔ ɖi ne hawòvi ƒe agbe ɖo afɔku me o” vɔ la, egblɔ kpee le kpukpui si kplɔe ɖo me be, “Mègalé fu nɔviwò le dzi me o.”—3 Mose 19:17.

Eya ta adagana si dze le 3 Mose 19:16 ƒe etenuŋɔŋlɔa me nye nuxlɔ̃ame vevi aɖe na Kristotɔwo. Eya ta ele be míatsri susu vɔ̃wo bubu kple ameŋugbegblẽ. Ne ‘míetɔ ɖi’ ɖe ame aɖe ŋu, si fia be míegblẽ eŋu le esi míelɔ̃ eƒe nya o, alo míele ŋu ʋãmee taa, ke efia be míelé fui. Mele be Kristotɔ nalé fu ame aɖeke gbeɖe o.—Mat. 12:36, 37.