Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ne Kristotɔ aɖe gbe srɔ̃a, evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wòɖe ame bubua, aleke hamea bua srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ kple yeyetɔa?

Ne ame si gbe srɔ̃a nya ɖe ame bubu ko la, hamea abu srɔ̃ɖeɖe tsãtɔa be ewu enu, eye wòabu yeyetɔ be ebla wo ɖekae. Be míase nu si tae míeƒo nya ta alea gɔmea, na míade ŋugble le nya si Yesu gblɔ tso srɔ̃gbegbe kple srɔ̃gbugbɔgaɖe ŋu kpɔ.

Le Mateo 19:9 la, Yesu gblɔ nu si dzi ko woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu agbe srɔ̃. Egblɔ be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.” Míede dzesii le Yesu ƒe nyawo me be (1) ahasiwɔwɔ dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu agbe srɔ̃, eye (2) ame si gbe srɔ̃a, evɔ menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, eye wòɖe ame bubua, ewɔ ahasi. *

Ðe Yesu ƒe nyawo fia be, ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi, eye wògbe srɔ̃a, evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o la, evo agbugbɔ srɔ̃ aɖea? Mefia nenema kokoko o. Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka wɔ ahasia, ame evelia ye atso nya me nenye be yeatsɔ ake ye srɔ̃a loo alo yematsɔe akee o. Ne srɔ̃tɔ si medze agɔ o gblɔ be yeagbee, eye wogbe wo nɔewo le se nua, ekema wo dometɔ ɖe sia ɖe vo agbugbɔ srɔ̃ aɖe.

Gake ate ŋu adzɔ be, srɔ̃tɔ si medze agɔ o la adi be yeatsɔe ake ye srɔ̃a, ale be yewoakpɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ta. Gake mítsɔe be srɔ̃ŋutsu aɖe wɔ ahasi, eye nyɔnua tsɔe kee gake wògbe, eye wòyi ɖagbe nyɔnua le se nu ya ɖe? Esi nyɔnua di vevie be yeatsɔ akee ne yeakpɔ srɔ̃ɖeɖea ta taa, ŋutsua medze le Ŋɔŋlɔawo nu agbugbɔ srɔ̃ aɖe o. Ne egbe godogodo be yeagbe nyɔnua, eye wòyi ɖaɖe ame bubu evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o la, egawɔ ahasi ake, eye hamea agaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu.—1 Kor. 5:1, 2; 6:9, 10.

Ne ame aɖe gbe srɔ̃a, evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wòɖe ame bubua, aleke hamea bua srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ kple yeyetɔa? Ðe woagabu srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ be egale te kokoko le Ŋɔŋlɔawo nua? Ðe gome gakpɔtɔ le srɔ̃tɔ si medze agɔ o si be wòatsɔ ake alo agbe srɔ̃a tsãtɔa? Ðe hamea abu srɔ̃ɖeɖe yeyea be enye ahasisrɔ̃ɖeɖea?

Tsãa, hamea bunɛ be ne srɔ̃tɔ si wɔ ahasi la ɖe srɔ̃ yeye, evɔ srɔ̃a si medze agɔ o la kpɔtɔ le agbe, megbugbɔ ɖe srɔ̃ alo wɔ ahasi o la, ke srɔ̃ɖeɖe yeye ma nye ahasisrɔ̃ɖeɖe. Ke hã, Yesu megblɔ nya aɖeke tso srɔ̃tɔ si medze agɔ o ŋu esime wònɔ nu ƒom tso srɔ̃gbegbe kple srɔ̃gbugbɔgaɖe ŋu o. Ke boŋ eɖe eme be, ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a, evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wògaɖe bubua, ewɔ ahasi. Le go siawo tɔgbi mea, srɔ̃gbegbea kple srɔ̃gbugbɔgaɖea, si Yesu gblɔ be enye ahasiwɔwɔa, he srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ va nuwuwui.

“Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mat. 19:9

Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a alo ɖe nyɔnu bubua, gome megale nyɔnu tsãtɔ si wòagblɔ be yetsɔ ke alo yemetsɔ ke o. Eya ta magahiã be wòawɔ nyametsotso sesẽ ma be yeatsɔe ake loo alo yematsɔe ake o. Azɔ hã, srɔ̃tɔ si medze agɔ o ɖaku o, egagbugbɔ srɔ̃ ɖe alo wɔ ahasi o, matrɔ ale si hamea abu srɔ̃ɖeɖe yeyea o. *

Le kpɔɖeŋu si va yi fifia mea, ŋutsuae wɔ ahasi, si na srɔ̃ɖeɖea wu enu. Ke ne ɖe ŋutsua mewɔ ahasi o gake wògbe srɔ̃a, eye wògaɖe ame bubu ya ɖe? Alo ŋutsua mewɔ ahasi do ŋgɔ na srɔ̃gbegbea o, gake emegbe eva wɔ ahasi, eye wòɖe ame bubu evɔ srɔ̃a di vevie be yeatsɔ eƒe ahasiwɔwɔa akee hafi ɖe? Le go siawo katã mea, srɔ̃gbegbea kple srɔ̃gbugbɔgaɖea nye ahasiwɔwɔ, si he srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ va nuwuwu. Srɔ̃ɖeɖe yeyea le se nu, eye wòbla wo ɖekae. Abe ale si November 15, 1979, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 32 gblɔe enea, “fifia eƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe yeye me, eye mate ŋu aɖe ta le eme atrɔ ayi srɔ̃a tsãtɔ gbɔ o; srɔ̃gbegbea, ahasiwɔwɔa kple srɔ̃gbugbɔgaɖea he srɔ̃ɖeɖe tsãtɔ va nuwuwui.”

Gɔmesese yeye sia meɖe ale si srɔ̃ɖeɖe nye nu kɔkɔe kple ale si ahasiwɔwɔ nye ŋkubiãnyae dzi kpɔtɔ kura o. Ne ame aɖe gbe srɔ̃a, evɔ mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wòɖe ame bubua, ewɔ ahasi, eye hamemetsitsiawo aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu. (Ne ame si wòɖe hã nye Kristotɔa, eya hã wɔ ahasi, eye woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eya hã ŋu.) Togbɔ be womabu srɔ̃ɖeɖe yeye sia be enye ahasisrɔ̃ɖeɖe o hãa, ame si ɖe srɔ̃ sia tɔgbi madze na agbanɔamedzi tɔxɛwo le hamea me o hena ƒe geɖe, va se ɖe esime eƒe nuwɔna gbegblẽa dzudzɔ fuɖeɖe na amewo. Eye hafi hamemetsitsiwo nana agbanɔamedzi tɔxɛ aɖeea, ele be woabu nɔnɔme si me srɔ̃a xoxoa si ŋu wòwɔ alakpanu ɖo kple ɖevi siwo wòanya gblẽ ɖi le fifia la ŋu.—Mal. 2:14-16.

Esi srɔ̃gbegbe kple srɔ̃gbugbɔgaɖe siwo mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o kple emetsomenu gbegblẽwoe zɔna taa, anyo be mí Kristotɔwo míabu srɔ̃ɖeɖe be enye nu kɔkɔe, abe ale si Yehowa bunɛ ene.—Nyagb. 5:4, 5; Heb. 13:4.

^ mm. 2 Le nyati sia mea, míazã ŋutsu wòafia ame si wɔ ahasia, eye míazã nyɔnu wòafia ame si dzi wodze agɔa le. Ke hã, le Marko 10:11, 12 la, Yesu na eme kɔ be, ate ŋu adzɔ be ŋutsu loo alo nyɔnu nagbe srɔ̃a.

^ mm. 7 Gɔmesese yeye sia va xɔ ɖe esi nɔ mía si tsã teƒe. Tsãa, míegblɔna be, ne srɔ̃tɔ maɖifɔa kpɔtɔ le agbe, megbugbɔ srɔ̃ ɖe o, eye mewɔ ahasi oa, srɔ̃ɖeɖe yeyea kpɔtɔ nye ahasisrɔ̃ɖeɖe.