Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE BIBLIA SƆ NA MÍ EGBEA?

Nɔnɔme Nyui Siwo Ðea Vi Ɣesiaɣi—Nyateƒetoto

Nɔnɔme Nyui Siwo Ðea Vi Ɣesiaɣi—Nyateƒetoto

BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Ame ka adze Mawu ƒe agbadɔ me? Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.’Psalmo 15:1, 2.

VIÐEAWO: Ame akpa gãtɔ dea asixɔxɔ nyateƒetoto kple anukwareɖiɖi ŋu. Gake ne mɔnukpɔkpɔ su ame si be wòato mɔ fitifiti aɖe dzi akpɔ viɖe evɔ ame aɖeke manya o ya ɖe? Ekema ekpo ɖe amea ƒe dzi, si nye ame si tututu wònye le ememe la gbɔ azɔ.

Raquel si ƒlea dɔwɔnuwo na eƒe dɔwɔƒea gblɔ be: “Nudzrala aɖewo gblɔ nam be ne meƒle nu le yewo gbɔ la, yewoaɖe gaa dzi kpɔtɔ atsɔ na nye ŋutɔ. Wodo ŋugbe be yewoatsɔ ɖedzia ƒe akpa aɖe nam le esi teƒe be wòayi ɖe míaƒe dɔwɔƒea ƒe ŋkɔ me. Gake meɖo ŋku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo aɖe si ku ɖe nyateƒetoto ŋu la dzi eye megbe. Nye dɔtɔ va see emegbe, eye wòva ka ɖe dzinye ŋutɔ.”

Nenye ɖe Raquel lɔ̃ xɔ ga ma la, anye ne ganyawo de edzi wu ɣeyiɣi kpui aɖe ya. Gake ne eƒe dɔtɔ va nya ya ɖe? Ðe Raquel agakpɔtɔ anɔ dɔa mea? Ke ne egabe yeadi dɔ bubu ya ɖe? Eye nu si gale vevie na Raquel wue nye eƒe dzitsinya kple bubu si le eŋu. “Ŋkɔ nyui xɔxɔ ƒo kesinɔnu geɖe ta, eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.”Lododowo 22:1.

Jessie nye dɔwɔla ɖianukware si ŋu ŋkɔ nyui le

Jessie nye nyateƒetola, ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui, eye esia na be eƒe dɔtɔ kana ɖe edzi. Aleke wòɖe vi nɛ? Eƒe dɔtɔ tsɔe ɖo dɔdzikpɔla le dɔa me eye wòtrɔ asi le Jessie ƒe dɔwɔɖoɖowo hã ŋu wòde edzi wu. Esia wɔe be wòkpɔa ɣeyiɣi geɖe wu ɖe srɔ̃a kple viawo kpakple eƒe mawusubɔsubɔ ŋu.

Ne dɔtɔ aɖewo le dɔwɔlawo dim la, wodia habɔbɔ siwo me tɔwo ɖia anukware be woawɔ dɔ na yewo. Le kpɔɖeŋu me, esi dɔwɔƒe aɖe si le Philippines ƒe amegã le dɔwɔlawo dim la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le du ma me be woana Ðasefowo nava wɔ dɔ le yewo gbɔ. Amegãa gblɔ be: “Wonye dɔ sesẽ wɔlawo, wotoa nyateƒe, eye wokua kutri hã.” Gake míatsɔ kafukafua na Yehowa Mawu, ame si fia mí be ‘míalé fu vɔ̃, eye míalɔ̃ nyui’ la boŋ.Amos 5:15.