Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Aɖe Si Gɔme Anya Se Bɔbɔe

Biblia Aɖe Si Gɔme Anya Se Bɔbɔe

Biblia Aɖe Si Gɔme Anya Se Bɔbɔe

Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

“NE ÈXƆE se be Biblia lae nye agbalẽ si Mawu ŋlɔ na amegbetɔwo la, ekema efia be Mawu le nu ƒom kpli mí. . . . Hafi subɔsubɔha si me nèle nakpɔ ŋusẽ blibo ɖe wò agbenɔnɔ dzi la, ekema ele be [Biblia la] nanɔ gbegbɔgblɔ si gɔme anya se bɔbɔe me.” Aleae Alan Duthie ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Bible Translations: And How to Choose Between Them (Biblia Gɔmeɖeɖewo: Kae Nàtia Le Wo Dome?) me.

Ame siwo lɔ̃ Mawu ƒe Nya la lɔ̃ ɖe nya sia dzi kple dzi blibo. Woxɔe se vevie be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.” (2 Timoteo 3:16) Menye blematɔwo ƒe subɔsubɔgbalẽ aɖe si zu tsigãdzinue Biblia nye kura o. ‘Ele agbe, eye ŋusẽ le eŋu’; enana míekpɔa kuxi siwo míedoa goe gbe sia gbe la gbɔ. (Hebritɔwo 4:12) Gake hafi ame siwo xlẽa agbalẽ kɔkɔe sia la nase egɔme ahatsɔ emenyawo awɔ dɔe la, ele be wòanɔ gbegbɔgblɔ si gɔme amewo ase bɔbɔe me. Ne èbu eŋu kpɔ la, menye blema Helagbe si xexemenunyalawo, abe Plato ene, dona mee woŋlɔ Biblia ƒe akpa si woyɔna be Nubabla Yeye la ɖo zi gbãtɔ o, ke boŋ Helagbe si ame sia ame dona ɣemaɣi, si woyɔna be Koine mee woŋlɔe ɖo. Ɛ̃, woŋlɔ Biblia la ale be ame tsɛwo nate ŋu axlẽe ase egɔme.

Le susu sia taa, woɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me. Nu siwo do tso eme la ɖe vi le go geɖe me. Ŋɔŋlɔawo va ɖo ame geɖe gbɔ fifia wu tsã. Togbɔ be ele alea hã la, nublanuitɔe la, gɔmeɖeɖe yeye siawo dometɔ geɖe mete ŋu ɖe nyawo gɔme wòsɔ pɛpɛpɛ heto mɔ ɖeka o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo tsyɔa nu Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ nyuie ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le, nu si amegbetɔ ƒe luʋɔ nye, kple Mawu vavã la ƒe ŋkɔ ŋu dzi.

Eya ta dzidzɔ gã aɖee Mawu ƒe Nya la lɔ̃lawo tsɔ xɔ New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Les Écritures grecques chrétiennes—Traduction du monde nouveau) Biblia la le Eʋegbe me. Yehowa Ðasefowo ɖe Biblia sia ɖe go le ƒe 2007-2008 “Dze Kristo La Yome” Nutome Gã Takpekpewo me, eye eƒe tanyae nye Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe. Subɔsubɔha aɖeke ƒe nufiafia mekpɔ ŋusẽ ɖe gɔmeɖeɖe sia dzi o, eɖe nyawo gɔme wosɔ pɛpɛpɛ wu Eʋegbe Biblia bubu ɖe sia ɖe, eye ewɔe be ame siwo mese gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo o la gɔ̃ hã ate ŋu ase Biblia gɔme geɖe wu azɔ. Gake ɖewohĩ àbia be, ame kawoe ɖe Biblia nyui sia gɔme hã.

Gbegɔmeɖela Siwo Do Mawu Ðe Dzi

Togbɔ be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia sia nye nu yeye na Eʋegbedolawo hã la, eli xoxoxo tso keke ƒe 1950 me ke. Ɣemaɣie the Watch Tower Bible and Tract Society—si nye dukɔwo dome Biblia Habɔbɔ aɖe si le Biblia tam ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la—ɖee ɖe go le Eŋlisigbe me. Mɔ geɖe siwo nu Biblia sia le etɔxɛ le dometɔ ɖekae nye ŋkɔ si wotsɔ nae, si nye dzinɔameƒonu aɖe wowɔ, le esi womeyɔ Biblia ƒe akpa ɖeka be “Nubabla Xoxo” heyɔ akpa evelia be “Nubabla Yeye” abe ale si gbegɔmeɖela ɖe sia ɖe wɔnɛ ene o ta. Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, September 15, 1950, gblɔ be: “Ŋutsu siwo le gbegɔmeɖekɔmitia me la ɖee fia be enye yewoƒe didi be . . . ame aɖeke naganya be yewoe ɖe egɔme o, eye vevietɔ be yewomedi be yewoƒe ŋkɔ nadze le agbalẽ aɖeke me le yewoƒe agbenɔɣi alo le yewoƒe ku megbe o. Biblia sia ƒe taɖodzinue nye be wòado nyateƒe Mawu gbagbe la ƒe ŋkɔ ɖe dzi.”

Woɖe New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures—Traduction du monde nouveau), si nye Biblia bliboa si gɔme woɖe ɖe Eŋlisigbe me la, ɖe go le ƒe 1961 me wònye babla ɖeka. Eye togbɔ be va se ɖe egbea womeyɔ Biblia sia gɔme ɖelawo ƒe ŋkɔwo o hã la, ɖikeke aɖeke mele nu si ʋã wo alo ale si gbegbe wotsɔ wo ɖokui na dɔea ya ŋu o. Biblia sia ƒe Eŋlisigbe me tɔ si wota le ƒe 1984 me la ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Be woaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme fia be woagbugbɔ Yehowa Mawu ƒe susuwo kple nyawo agblɔ ɖe gbe bubu me. . . . Esi wònye ame siwo wɔ gbegɔmeɖeɖedɔ sia lɔ̃ Mawu, Ame si gbɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo tso, ta la, wobui be agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe wònye le yewo dzi le eyama ŋkume be yewoagbugbɔ eƒe susuwo kple nyawo agblɔ pɛpɛpɛ ale si wòanya wɔ.”

Togbɔ be susu nyui ye nɔ kɔmiti si me tɔwo ɖe Biblia sia gɔme si hãa, ɖe wodze awɔ dɔ sia? Agbalẽnyala ŋudzedzemakpɔla aɖewo ʋli nya be, ne gbegɔmeɖelaawo mayɔ woƒe ŋkɔ kple sukudede yi ŋgɔe ŋuti ɖaseɖigbalẽ siwo le wo si o la, ekema ele be woaɖo asi wo dzi be wonye ame siwo menya agbalẽ boo aɖeke na dɔa wɔwɔ o. Gake menye agbalẽnyala gãwo katãe da asi ɖe nukpɔsusu gbegblẽ ma dzi o. Alan S. Duthie ŋlɔ be: “Ne míenya ame siwo nye Biblia aɖe gɔmeɖelawo alo etalawo la, ɖe ema ɖeɖe ana míanya ne gɔmeɖeɖea nyo loo alo menyo oa? Mefia nenema kokoko o. Nu si wòle be míawɔ boŋ ye nye be míalé ŋku ɖe gɔmeɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu etɔxɛe.” *

Nu ma tututue nuxlẽla akpe geɖe wɔ. Va se ɖe fifia la, wota Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe ɖekaɖeka 139,347,865 ɖe gbegbɔgblɔ 64 me le xexea me godoo. Nu ka ŋue ame gbogbo siwo xlẽe la ke ɖo?

Biblia Si Kɔ Mawu Ƒe Ŋkɔa Ŋuti

Le Mateo 6:9 la, Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” Ke hã, le Biblia geɖe me la, Mawu nye ame aɖe si si ŋkɔ mele o, si wotsɔa “Mawu” alo “Aƒetɔ” ko dea dzesii. Gake menye nenemae wònɔ le gɔmedzedzea me o. Woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” wòɖe dzesi nyuie le Hebri Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me zi 7,000 kloe. (2 Mose 3:16; Psalmo 83:19) Le ƒe geɖe megbe la, aʋatsodzixɔsewo na Yudatɔwo dzudzɔ Mawu ƒe ŋkɔa zazã. Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la, aʋatsodzixɔse sia va ɖo Kristo hamea me. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; 1 Timoteo 4:1) Ame siwo gbugbɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si le Helagbe me ŋlɔ la tsɔ Helagbe me nya siwo nye Kyʹri·os si gɔmee nye “Aƒetɔ,” kple The·osʹ si gɔmee nye “Mawu,” ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa.

Enye dzidzɔnya be míanyae be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa gbugbɔ ŋkɔ Yehowa ŋlɔ ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Yeyea”) me, eye wòdze zi gbɔ zi 237 sɔŋ. Gbegɔmeɖelaawo megbugbɔ ŋkɔ sia ɖo teƒe siwo woawo ŋutɔwo susu be wòanɔ o, ke boŋ wowɔ numekuku tso esia ŋu nyuie hafi wɔe. Le kpɔɖeŋu me, Luka 4:18 yɔ nya siwo le Yesaya 61:1. Le Yesaya ƒe agbalẽ si woŋlɔ ɖe Hebrigbe me zi gbãtɔ me la, ŋkɔ Yehowa dze le kpukpui ma me. * Eya ta esɔ be le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa me la, woɖe Luka 4:18 gɔme ale: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo.”

Gɔmeɖeɖe siawo kpena ɖe nuxlẽlawo ŋu hã be, woade vovototo Yehowa Mawu kple eƒe Tenuvi, Yesu Kristo dome. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Mateo 22:44 gɔme le Biblia geɖe me be: “Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ bena.” Biabiaa enye be, ame kae le nu ƒom na ame ka? Le nyateƒe me la, woɖe kpukpui sia tso Psalmo 110:1, afi si Mawu ƒe ŋkɔ dze le le ŋɔŋlɔ gbãtɔ si le Hebrigbe me la me. Eya ta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe kpukpui sia gɔme ale: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: ‘Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te.’” Mehiã be ame nade suku hafi anya vovototo si Ŋɔŋlɔawo de Yehowa Mawu kple Via dome o. (Marko 13:32; Yohanes 8:17, 18; 14:28) Esia nyanya le vevie hena ɖeɖekpɔkpɔ. Dɔwɔwɔwo 2:21 gblɔ be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”

Emenyawo De Pɛpɛpɛ, Eye Wo Me Kɔ

Nu bubu geɖe gali, siwo ɖe dzesi le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ŋu. Helagbe me ŋɔŋlɔ siwo agbalẽnyalagã xɔŋkɔ siwo nye Westcott kple Hort gbugbɔ ŋlɔ, lae wotia wònye esi dzi koŋ wokpɔ tsɔ ɖe Eŋlisigbe me tɔa gɔme. Wokpɔ egbɔ nyuie be woaɖe Helagbe gbãtɔa gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ le nya la ŋutɔŋutɔ nu ale si woate ŋui, wòanɔ bɔbɔe, eye egɔme nanya se. Menye ɖeko esia wɔwɔ na Biblia me nyawo va le atsyã kple nɔnɔme si tututu me wonɔ esime woŋlɔ wo zi gbãtɔ me ko o, ke eʋu mɔ na gɔmesese deto geɖe wu hã.

Le kpɔɖeŋu me, na míalé ŋku ɖe Romatɔwo 13:1, afi si apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo le be ‘woabɔbɔ wo ɖokui na ŋusẽtɔ siwo kɔ wu,’ alo xexea me dziɖuɖuwo, ŋu kpɔ. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ yi edzi be, “Mawue ɖo” dziɖuɖu siawo alo “Mawue tia wo.” (King James Version; Jerusalem Bible) Fiagã aɖewo zã gɔmeɖeɖe siawo tsɔ ʋli woƒe akpasesẽ dziɖuɖuwo tae. Gake esi Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe nyawo gɔme wosɔ pɛpɛpɛ abe ale si tututu wogblɔ woe ene taa, eɖe kpukpui sia gɔme be: “Ŋusẽtɔ siwo li la, Mawue ɖe mɔ wole woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na la.” * Míate ŋu ase egɔme azɔ be, togbɔ be menye Mawu ŋutɔe tiaa xexea me dziɖulawo o hãa, eɖe mɔ na amegbetɔ siawo be woakpɔ ŋusẽ aɖe ɖe wo nɔewo dzi—gake eƒe ŋusẽ ƒo wo tɔ ta ɣesiaɣi.

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa dze agbagba ɖe vovototo siwo le Helagbe me dɔwɔnyawo dome hã ɖe go. Le egbegbe gbegbɔgblɔ geɖe me la, wowɔa dɔwɔnyawo ŋu dɔ le ɣeyiɣi siwo me nane dzɔ nu—siwo nye ɣeyiɣi si va yi, fifi ɣeyiɣi, alo ɣeyiɣi si gbɔna. Le Helagbe me la, dɔwɔnyawo fiana nuwɔna si ƒomevi wònye hã—ne enye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu, nu si nu wowu, alo nu si woayi edzi awɔ. Bu Yesu ƒe nya siwo le Mateo 6:33 ŋu kpɔ. Helagbe me dɔwɔnya si gɔmee nye “midi” la fia nane si woayi edzi anɔ wɔwɔm. Eya ta woɖe nu si Yesu ƒe nyawo fia gɔme bliboe esi woɖe kpukpui sia gɔme be: “Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” Nenema kee woɖe Mateo 7:7 gɔme be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.”—Kpɔ Romatɔwo 1:32; 6:2; Galatiatɔwo 5:15 hã.

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa ɖe nya veviwo gɔme le mɔ ɖeka nu le teƒe geɖe wòɖe dzesi. Le kpɔɖeŋu me, woɖe Helagbe me nya psy·kheʹ gɔme be “luʋɔ” teƒe siwo katã wòdze le. Esia ana nuxlẽlawo nade dzesii kaba be menye nu makumakue luʋɔ la nye abe ale si subɔsubɔhawo fianɛ ene o. Ate ŋu atsrɔ̃, aku.—Mateo 2:20; Marko 3:4; Luka 6:9; 17:33.

Nana Be Mawu Ƒe Nya La Naɖo Amewo Gbɔ Le Xexea Me Godoo

Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si woɖe ɖe go le Eʋegbe me la, nye dɔa ƒe gɔmedzedze ko. Wowɔ ɖoɖo be woava ɖe Biblia bliboa gɔme. Gake ɖe ame siwo axlẽ Eʋegbe me gɔmeɖeɖe sia ate ŋu aka ɖe edzi be woɖe nyawo gɔme wosɔ pɛpɛpɛ le mɔ ɖeka nu abe ale si woɖe egɔme ɖe Eŋlisigbe mee enea?

Ɛ̃, woate ŋu aka ɖe edzi. Nu si tae nye be, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la lé ŋku ɖe gbegɔmeɖeɖedɔa ŋu etɔxɛe. Wokpɔe be, anyo wu be Biblia gɔmeɖeɖe ɖe dutagbewo me nanye dɔ si amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nawɔ aduadu. Eya ta woɖo Biblia gɔme ɖeɖe ƒuƒoƒowo ɖe dukɔ vovovowo me le xexea me godoo. Woɖo dɔdzikpɔƒe aɖe si woyɔna be Translation Services (Gbegɔmeɖeɖe Ŋuti Kpekpeɖeŋunana Dɔwɔƒe) anyi le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã, le Brooklyn, New York, be wòakpɔ ƒuƒoƒo siawo ƒe nu hiahiãwo gbɔ, aɖo woƒe biabiawo ŋu, eye wòakpɔ egbɔ be, ɖekawɔwɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia siwo le gbegbɔgblɔ vovovoawo me la me. Wotrɔ asi le dɔwɔnu nyui aɖe hã ŋu, si nye kɔmpiuta dzi ɖoɖo aɖe si akpe ɖe Biblia gɔmeɖelawo ŋu. Gake mègabui vodadatɔe be kɔmpiuta ye le dɔa wɔm o: Gbegɔmeɖeɖedɔa hiã amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze geɖe kokoko. Gake kɔmpiuta dzi ɖoɖoa na taɖodzinu kɔkɔ si gbɔ wòle be Biblia gbegɔmeɖeƒuƒoƒowo naɖo, si nye be woaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ ahanɔ mɔ ɖeka nu abe ale si wòle le Eŋlisigbe me ene la, va le bɔbɔe wu. Nu siwo gbegɔmeɖeɖemɔnu sia fiana dometɔ aɖewoe nye ale si woɖe Hebri kple Hela gbe me nya ɖe sia ɖe gɔmee ɖe Eŋlisigbe me tɔa me—esia kpena ɖe gbegɔmeɖelawo ŋu nyuie ale be woanya nya si tututu woazã le wo degbe me.

Ŋkuléle ɖe ɖoɖo siawo me tsonuwo ŋu ana nàkpɔ ale si gbegbe dɔ sia kpɔ dzidzedzee. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ Kristotɔwo ƒe Hela ŊɔŋlɔawoXexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la nyuie. Àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo, be ɖeka nàsu asiwò. Nu vevi geɖe siwo le eme hã adzɔ dzi na wò: nuŋɔŋlɔa me kɔ, anya xlẽ bɔbɔe; tanya siwo dze le axa ɖe sia ɖe tame, siwo akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mawunyakpukpui nyanyɛ aɖewo ŋu kaba; anyigbatata siwo me kɔ; kple nya bubu siwo ado dzidzɔ na wò. Vevietɔ wu la, àte ŋu axlẽ Biblia sia kple kakaɖedzi be, egbugbɔ nya siwo tututu Mawu gblɔ la gblɔ le mɔ si gɔme anya se bɔbɔe nu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Dzidzɔtɔe la, edze le New American Standard Bible (ƒe 1971 tɔ) si me wofia asi nya bubuwo le ƒe akpa dzi nenema tɔgbi be: “Míezã agbalẽnyala aɖeke ƒe ŋkɔ be amewo nawɔ numekuku tso egbɔ alo abia woƒe susu le nanewo ŋu o, elabena míexɔe se be, Mawu ƒe Nya la ŋutɔ su te aɖo kpe emenyawo ƒe nyateƒenyenye dzi.”

^ mm. 14 Enye nyateƒe be Septuagint, si nye Helagbe me Biblia gbãtɔ si gɔme woɖe tso Hebrigbe me la, mee “Nubabla Yeye” la ŋlɔlawo yɔ nya siwo tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me tsoe. Esi wònye Mawu ƒe ŋkɔ la medze le Septuagint Biblia siwo wova ŋlɔ emegbe la me o ta la, agbalẽnyala aɖewo ʋli nya be, mele be wòadze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã me o. Ke hã, ŋkɔ Yehowa—si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la—dze le Septuagint Biblia xoxotɔ siwo kpɔtɔ li fifia la me. Esiae nye kpeɖodzi sẽŋu si ta wòsɔ be woagbugbɔ ŋkɔ Yehowa aŋlɔ ɖe Hela Ŋɔŋlɔawo me ɖo.

^ mm. 18 Kpɔ A Manual Greek Lexicon of the New Testament, si G. Abbott-Smith ta, kple A Greek-English Lexicon si Liddell kple Scott ta. Le agbalẽ siawo kple bubu siwo dzi woate ŋu aka ɖo ƒe nya nu la, Helagbe me nya si wozã le afi sia la gɔme ɖeɖe tẽe ye nye “woaɖo nu ɖe ɖoɖo nu, woana nuwo nanɔ wo teƒe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Biblia ŋlɔlawo, abe apostolo Paulo ene, ŋlɔ woƒe nyawo le mɔ si gɔme anya se bɔbɔe nu

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la ŋuti nu vevi aɖewo:

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

1 Timoteo 3:16, abe ale si wòdze le Codex Sinaiticus, si woŋlɔ le ƒe alafa 4 lia M.Ŋ. me ene

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Wokpɔ egbɔ nyuie be woaɖe Helagbe gbãtɔa gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ le nya la ŋutɔŋutɔ nu ale si woate ŋui, wòanɔ bɔbɔe, eye egɔme nanya se

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ale si nuŋɔŋlɔa anya xlẽ bɔbɔe la nana Biblia sia xexlẽ vivina

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Tanya siwo dze le axa ɖe sia ɖe tame kpena ɖe ame ŋu wokena ɖe mawunyakpukpui nyanyɛwo ŋu kaba

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Anyigbatata siwo me kɔ kpena ɖe nuxlẽlawo ŋu wonyaa nu tso teƒe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu nyuie wu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ale si “Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe” Bibliaa me kɔ la kpena ɖe Kristotɔwo ŋu ŋutɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me