Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Akpɔ Ɣeyiɣi na Nye Sukudɔdasiwo?

Aleke Mawɔ Akpɔ Ɣeyiɣi na Nye Sukudɔdasiwo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Akpɔ Ɣeyiɣi na Nye Sukudɔdasiwo?

‘Ƒe mamlɛa mee mele le sekɛndrisuku, mexaxa ale gbegbe. . . . Dɔdasi kple wɔwɔfia gbogbo aɖewo le dzinye, menye dɔ vie o. Ɣeyiɣi aɖeke mele ŋunye mawɔ wo o.’—Nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 18.

ÐE SUKUDƆDASI gbogbo siwo nètsɔna vaa aƒeme ŋdɔ sia ŋdɔ la tea ɖeɖi ŋuwòa? Ne etea ɖeɖi ŋuwò la, ke menye wò ɖeka koe o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta le United States be: “Esi suku siwo katã le dukɔa me le agbagba dzem be yewoado nusrɔ̃ɖoɖowo ɖe ŋgɔ—ahana be dodokpɔwo me dzidzedzekpɔkpɔwo nayi ŋgɔ ta la—wole dɔ geɖe dem asi na sukuviwo be woawɔ le aƒeme. Le teƒe aɖewo la, sekɛndrisukuviwo zãa gaƒoƒo etɔ̃ kple edzivɔ ɖe sukudɔdasiwo ŋu zã sia zã. Numekuku aɖe si wowɔ le Michigan ƒe Yunivɛsiti aɖe ɖee fia be ɖeviwo le sukudɔdasi si sukuviwo wɔ ƒe 20 enye si va yi la ƒe teƒe etɔ̃ wɔm egbea.”

Menye sukuvi siwo le United States ɖeɖeko dzie sukudɔdasiwo lia kɔ ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, esi ƒe 13 vi 30 lɔƒo le alafa me gblɔ le United States be yewozãa gaƒoƒo eve kple edzivɔwo tsɔ wɔa yewoƒe sukudɔdasiwoe gbesiagbe la, le Taiwan kple Korea ya la, xexlẽmea nɔ 40 le alafa me, eye le France la, ewu 50 le alafa me. Katie, si le United States ƒe yunivɛsiti aɖe dem, fa konyi be: “Ɣeaɖewoɣi la, metsia dzimaɖeɖi ŋutɔ ne nye sukudɔdasiwo li kɔ ɖi.” Marilyn kple Belinda siwo le suku dem le Marseilles, France, hã se le wo ɖokuiwo me nenema ke. Marilyn gblɔ be: “Zi geɖe la, míezãa gaƒoƒo eve alo wu nenema zã sia zã tsɔ wɔa sukudɔdasie. Ne agbanɔamedzi bubuwo le dziwò la, esesẽna be nàkpɔ ɣeyiɣi atsɔ awɔe.”

Afikae Makpɔ Ɣeyiɣia Le?

Ðe manyo nenye be nàte ŋu atsɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo akpe ɖe ŋkeke siwo nàhiãe ŋu ale be nàte ŋu awu wò sukudɔdasiwo nu ahawɔ nu bubu ɖesiaɖe si wòle be nàwɔ la oa? Le nyateƒe me la, àte ŋu awɔ nane alea ne èsrɔ̃ nu tso aɖaŋuɖoɖo si le Biblia ƒe gɔmeɖose si le Efesotɔwo 5:15, 16 me ŋu be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.” Togbɔ be menye sukudɔdasiwoe nɔ susu me na Biblia ŋlɔla sia esime wònɔ nya siawo ŋlɔm o hã la, woate ŋu azã gɔmeɖose sia le gbesiagbegbenɔnɔ me. Ne èbe yeaƒle nane la, ele be nàna nane ɖe eteƒe hafi axɔe. Nusi fiam nya sia le enye be, be nàkpɔ ɣeyiɣi na nusɔsrɔ̃ la, ele be nàɖe asi le nane ŋu. Gake nuka ŋue nàɖe asi le?

Gbã la, ɖo nuwo ɖe ɖoɖo nu. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jillian ɖo aɖaŋu be: “De dzesi nusiwo nàdi be yeawɔ gbã ɖi.” Ele be Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple gbɔgbɔmenuwo nanye nu veviawo dometɔ gbãtɔawo. Eye mègaŋlɔ wò ƒome gbanɔamedziwo, aƒemedɔwo, kple sukudɔdasiwo hã be o.

Emegbe, dze agbagba nàde dzesi alesi tututu nèzã wò ɣeyiɣii le kwasiɖa ɖeka alo wu nenema me ɖi. Ðewohĩ nusi nàva kpɔ adze sii la awɔ nuku na wò. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ kae nèzã tsɔ kpɔ television? Tsɔ di nyatakakawo le Internet dzi? Tsɔ yi ɖakpɔ sinimawo? Tsɔ ɖo dzee le telefon dzi? Tsɔ srã xɔ̃wòwo kpɔe? Azɔ alekee nèkpɔe ne ètsɔe sɔ kple nu vevi siwo ŋu nèwɔ ɖoɖo ɖo? Ðewohĩ numame siwo nye television kpɔkpɔ, kaƒoƒo, alo Internet dzi nyatakakawo didi ŋu koe wòle be nàtrɔ asi le ko akpɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe!

Wɔ Nu Veviwo Gbã

Esia mefia be mele be nàkpɔ television kura o alo azu ɖokuiɖeɖagala o. Ehiã be nàɖoe be yeawɔ “nusiwo le vevie gbã.” Biblia me mawunyakpukpui bubu si nàte ŋu azãe nye: ‘De dzesi nusiwo le vevie wu.’ (Filipitɔwo 1:10) Le kpɔɖeŋu me, esi wònye be wò sukudedea le vevie ta la, àte ŋu aɖoe na ɖokuiwò be yemasi television o vaseɖe esime yewɔ yeƒe aƒemedɔwo, dzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu, eye yewu yeƒe sukudɔdasiwo nu hafi. Ele eme baa be television dzi wɔna si dzɔa dzi na wò si ato ŋuwò la ave wò ya. Gake le nyateƒe me la, zi nenie nèɖoe be yeanɔ anyi akpɔ yeƒe wɔna vevi la ko gake kaka nàkpɔ la, èkpɔ television la fiẽ ma katãa—nu bubu aɖeke mawɔmawɔe?

Le go bubu me la, ele be nàde vevienyenye si sɔ la Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ènya be dodokpɔ alo sukudɔdasi vevi aɖe le ŋgɔ gbɔna la, àte ŋu adze agbagba adze dzadzraɖo ɖe eŋu do ŋgɔ ale be magava nɔ hewòm ɖa tso kpekpeawo dede ŋu o. Àte ŋu ate kpɔ adzro wò kuxia me kple wo nufialawo, ana woanya alesi wòadzɔ dzi na wòe ne wona nènya ŋkeke aɖe si ate ŋu adze kpekpe ŋkeke dzi si dzi miawɔ sukudɔdasi aɖe le ŋu nya do ŋgɔ. Ðewohĩ nufiala aɖewo alɔ̃ faa ana nànya.

Biblia me gɔmeɖose nyui aɖe hã le Yesu xɔlɔ̃ aɖe si ŋkɔe nye Marta ŋuti nuŋlɔɖi me. Enye amesi ŋu vovo menɔ o eye wòdoa vevie nu, gake metsɔ nusiwo le vevie wu ɖo nɔƒe gbãtɔ o. Ɣeaɖeɣi la, enɔ hloloe tsom henɔ agbagba dzem be yeaɖa nuɖuɖu kpeɖii aɖe na Yesu le esime nɔvia Maria ya nɔ to ɖom Yesu tsɔ wu be wòakpe ɖe eŋu. Esi Marta to nyatoƒoe le esia ŋu la, Yesu gblɔ nɛ be: “Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie; elabena Maria tia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.”—Luka 10:41, 42.

Nusɔsrɔ̃ kae le esia me? Wɔ nuwo kpokploe. Aleke nàte ŋu azã gɔmeɖose sia le wò nɔnɔmea me? Ðe “nètsi dzi hele fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti”—ɖewohĩ le ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ wɔm kpe ɖe wò sukudɔdasiawo ŋua? Ne èle dɔ aɖe wɔm la, ɖe wò ƒomea hiã na ga tututua? Alo ɖeko nèdi ko be ga nanɔ ye si yeatsɔ aƒle nusiwo yedi ke menye nusiwo nèhiã na vevie koa?

Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo me la, sɔhɛwo ʋlina vevie be yewoaƒle ʋu. Sekɛndrisuku ŋu ɖaŋuɖola Karen Turner ɖe eme be, “agba gã aɖee le sɔhɛwo dzi egbea be woakpɔ ga alo anɔ fetu gã xɔm elabena ʋu zazã bia ga geɖe.” Gake Turner ƒo eta be: “Taƒoƒo ɖe nu geɖewo me, abe wɔna siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ŋu, kpakple dɔwɔwɔ, tsɔ kpe ɖe sukunusɔsrɔ̃ gbogbo aɖewo ŋu ene, nyea nusiwo doa kplamatse ame. Esia wɔnɛ be agba kpekpe va nɔa sukuvia dzi.” Nukatae nàdo agba kpekpe si mehiã o la na ɖokuiwò? Ne mète ŋu le vovo kpɔm ɖe wò sukudɔwo ŋu o la, ɖewohĩ ate ŋu azã gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko ɖe dɔ si nèwɔna ŋu alo nàdzudzɔ dɔa kura gɔ̃ hã.

‘Di Ɣeyiɣi’ le Suku

Tsɔ kpe ɖe ɣeyiɣi didi le gaƒoƒo siwo menɔa suku o me ŋu la, bu alesi nàte ŋu azã wò ɣeyiɣiawo nyuie wu ne ele suku ŋu. Josue gblɔ be: “Medzea agbagba wɔa sukudɔdasi gbogbo aɖewo alesi màte ŋui le ɣeyiɣi si wona mí be míatsɔ asrɔ̃ nui me. Esia wɔnɛ be mete ŋu tena ɖe nufialaa ŋu biaa nane si wòfia gbemagbe si gɔme nyemese o lae.”

Nu bubu si ŋu nàte ŋu abu enye nusiwo nètia be yeasrɔ̃ akpe ɖe esiwo wòle be nàsrɔ̃ ŋutɔŋutɔ ŋu ƒe xexlẽme dzi ɖeɖe kpɔtɔ. Àte ŋu abu nusiwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ŋu siwo me nèkpɔa gome le hã ŋu. Ne èwɔ asitɔtrɔ le go siawo me la, àte ŋu akpɔ ɣeyiɣi bubuwo atsɔ asrɔ̃ nue.

Wò Ɣeyiɣiwo Zazã Wòaɖe Vi Wu

Èwɔe nyuie be nètsɔ nanewo sa vɔe hewɔ asitɔtrɔ aɖewo hekpɔ ɣeyiɣi aɖe si nàtsɔ awɔ wò sukudɔdasiwoe. Aleke nàzã ɣeyiɣi mae be wòaɖe vi na wò bliboe? Ne àte ŋu awɔ sukudɔdasiawo ƒe afã akpe ɖe esi nèwɔna ŋu le ɣeyiɣi si nèzãna me la, ɖe ema mefia be ɣeyiɣi si nèzãna la ƒe afã susɔ na oa? Ekema aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò nàzã ɣeyiɣia nyuie nye esiawo.

Wɔ ɖoɖo. Hafi nàdze wò sukudɔdasia wɔwɔ gɔme la, bu nya siawo ŋu kpɔ: Sukudɔdasi kawoe wòle be mawɔ gbã? Ɣeyiɣi didi kae wòle be dɔdasia naxɔ? Nuzazã—agbalẽ, sukunuzazãwo, nuŋlɔti, akɔŋtabumɔ̃—kawoe nàhiã atsɔ awɔe?

Di teƒe si nàsrɔ̃ nua le. Ele be teƒea nànye esi susuhenuwo manɔ o. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Elyse gblɔ be: ‘Ne kplɔ̃ le asiwò la, zãe. Àte ŋu aɖo susu nu ŋu ne ènɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu kã tsɔ wu be nèmlɔ anyi ɖe aba dzi.’ Ne menye wò ɖekae le xɔ me o la, ɖewohĩ nɔviwòwo alɔ̃ ana tomefafa aɖe wò le wò nusrɔ̃ɣiwo. Alo ɖewohĩ àte ŋu aɖasrɔ̃e le tsaɖibɔ aɖe alo agbalẽdzraɖoƒe aɖe. Ne wò ɖekae le xɔ me eye nèle nu srɔ̃m la, mègana wò susu nanɔ tsaglãla tsam to television sisi alo to ha siwo hea ame ƒe susu ƒoƒo me o.

Ði ɖe eme edziedzi. Ne ède dzesii be yeƒe susu megale nusi srɔ̃m yele ŋu tututu o la, ɖewohĩ ɖiɖiɖeme vie awɔe be wò susu nagate ŋu anɔ nusɔsrɔ̃a ŋu ake.

Megahe megbelele o! Katie, si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Megbelelehela gã aɖee menye. Nyemete ŋu tsona ɖe dɔdasi wɔwɔ ŋu kaba o, negbe ɖe ɣeyiɣi de nɛ vɔ keŋkeŋ hafi.” Ƒo asa na megbelelehehe to ɖoɖowɔɖi nyui wɔwɔ ɖe wò sukudɔwo kple zɔzɔ ɖe edzi me.

Sukudɔdasiwo le vevie, gake abe alesi Yesu gblɔe na Martha ene la, dɔ siwo le vevie wue—‘dɔ nyuiwo’—gbɔgbɔmetɔwo nye. Kpɔ egbɔ be sukudɔdasiwo nagavu atsyɔ nu veviwo abe Biblia xexlẽ, gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ene dzi o. Nusiawo ana be wò agbenɔnɔ nànyo ɖe edzi tegbee!—Psalmo 1:1, 2; Hebritɔwo 10:24, 25.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Agbagbadzedze be yeawɔ nu geɖe nana wòsesẽna na wò be nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe wò sukudɔdasiwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðoɖo nyui wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ awɔ wò sukudɔdasiwoe