Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alɔ̃dɔkuxi Sesẽwo Kpɔkpɔ Dze Sii

Alɔ̃dɔkuxi Sesẽwo Kpɔkpɔ Dze Sii

Alɔ̃dɔkuxi Sesẽwo Kpɔkpɔ Dze Sii

ƔEAÐEWOƔI la, dzesi siwo adze le ame aɖe ŋu afia be alɔ̃dɔkuxi gãwo le eŋu. Zãdomadɔlɔ̃e tsitsi si tsia ame si, si te ŋu nɔa anyi wua ɣleti ɖeka, doa ƒome kple kuxi gã siwo dometɔ aɖee nye blanuiléle zi geɖe. Zãdomadɔlɔ̃e tsitsi si tsia ame si ate ŋu anye dɔléle gã bubu aɖe ƒe dzesi.

Gbɔgbɔmasuame le Alɔ̃ Me

Mario dɔa alɔ̃ edziedzi le ŋkeke me ale gbegbe. Ne ele ƒomea ƒe ʋu kum la, ele be srɔ̃anyɔnua nanɔ ŋku lém ɖe eŋu nyuie, elabena sẽ kple sẽ ko la, ebu ɖe eɖokui vie, gake menyana o. Enoa ƒa tramatrama sesĩe zã sia zã eye ɣeaɖewoɣi la, enyɔna le alɔ̃ me zi ɖeka kpoyi eye gbɔgbɔtsixe tsia eƒo. *

Gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ƒe dzesiwo nɔ Mario ŋu. Gbɔgbɔ ƒe ame masumasu le alɔ̃ me axɔ tso sekɛnd ewo va ɖo miniti eve alo etɔ̃. Amesi wòɖea fu na la nyɔna tso alɔ̃ me enumake eye gbɔgbɔtsixe tsiaa eƒo eye wògadɔa alɔ̃ ake, eye wòanɔ ewɔm alea zi gbɔ zi alafa geɖe zã sia zã. Gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ƒomevi etɔ̃e li.

Gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ŋutɔŋutɔ dzɔna ne ahɔhɔ̃a ƒe akpa si nana míegbɔna la mete ŋu na míele gbɔgbɔm ɖe ɖoɖo nu o. Le yatoƒewo ƒe xexe si hea gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me vɛ gome la, yatoƒe si le vehloa megbe tuna ŋutɔŋutɔ, si wɔnɛ be ya mete ŋu toa eme o. Gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me eve ƒokpli, enye eve gbãtɔawo ƒe tsakatsaka eye eyae nye esi ɖea fu na amewo wu. Ðeko amesi ŋu gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ƒomevi ɖesiaɖe le va nɔa abe amesi medɔa alɔ̃ zã bliboa o, zã sia zã ene!

Amesiwo ŋu gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me le ƒe agbe ate ŋu aɖo afɔku me, elabena woate ŋu abu ɖe wo ɖokuiwo ne wole dɔ wɔm alo ne wole ʋu kum. Ʋusɔgbɔdɔ, dzi ƒe tete, gbagbadɔ alo dzi si adzudzɔ dɔwɔwɔ ate ŋu aɖe fu na amesiwo ŋu wòle. Ðk. William Dement si le Stanford Yunivɛsiti bu akɔnta be dzi kple ʋukawo me kuxi siwo gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me hena vɛ wua Amerikatɔ 38,000 ƒe sia ƒe.

Togbɔ be gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me nye nusi bɔ ɖe ŋutsu lolo siwo xɔ ƒe 40 kple edzivɔwo dome hã la, ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ na ƒe sia, le ɖevi suewo gɔ̃ hã dome. Edadamɔnu geɖewo li—eye alɔ̃ŋunyala bibiwoe kpɔa esiawo katã gbɔ nyuie wu. Gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ƒe dɔ sia dadamɔnu si nyo wu, si me womekoa ame le o, enye mɔ̃ aɖe si wozãna tsɔ ƒlɔa ya ɖe ame me. Dɔnɔa tsyɔa nu ŋɔti le zã me, eye ya agbɔsɔsɔme aɖe (si ɖɔkta aɖe ɖo) nɔa ŋɔtime tom nɛ ale be woatsɔ alé gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me nui. Ne esia meɖɔ kuxia ɖo o la, amekomɔnu vovovowo li woazã, si me keklẽŋusẽ alo elektriknuheŋusẽ zazã atsɔ aɖe ahɔhlɔ̃ ɖa le vehlo me hã le.

Alɔ̃dzeamedzidɔ

Alɔ̃dɔkuxi bubu si biana be woayi kɔdzi enye alɔ̃dzeamedzidɔ—si nye ahɔhɔ̃mekuxi aɖe si naa alɔ̃ tsɔa ame fũ le ŋkeke me. Le kpɔɖeŋu me, alɔ̃ tsɔa Buck edziedzi. Adɔ alɔ̃ enumake le kpekpe veviwo gɔ̃ hã wɔɣi. Ete safiwo léle ɖe asi kple susu be ne yedɔ alɔ̃a eye safiawo ge le ye si dze anyigba la, woƒe ɖiɖi nanyɔ ye. Emegbe lãmekawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔdɔ—si nye dɔ aɖe si naa be ne dzi dzɔe la, eƒe klome gbɔdzɔna eye wòkua ƒenyi—va dze edzi. Eyome léameɖealɔ̃mee kple ŋutegawo kpɔkpɔ ɣeaɖewoɣi hafi ayi alɔ̃me ƒe dzesiwo te dzedze le eŋu.

Alɔ̃dzeamedzidɔ lɔ̃a ame dzi dzedze le ƒe 10 kple 30 dome. Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo ŋu wòle la wɔa nu sagaa, evɔ wodzena abe amesiwo le nu wɔm nyuie ene gake womenyana be ɣeyiɣi didi aɖee va yi o. Nublanuinya si le dɔ sia ŋue nye be enɔa ame ŋu ƒe geɖe gake womete ŋu kpɔnɛ dzea sii o, esime woanɔ dɔnɔa bum be enye kuviatɔ, tagbɔkukutɔ, alo ame sagaa aɖe. Wobua dɔ sia egbea be menya dana keŋkeŋ o, gake woate ŋu atsɔ atikewo kple asitɔtrɔ le gbesiagbegbenɔnɔ ŋu alé eƒe dzesiwo nui—eye wokpɔa dzidzedze vovovowo. *

Alɔ̃dɔkuxi Bubuwo

Kuxi eve bubu, siwo ƒoa ƒu dona ɣeaɖewoɣi la, kpɔa ŋusẽ ɖe abɔwo kple atawo dzi si nana ame tsia zãdomadɔlɔ̃e edziedzi. Ðekae nye abɔ alo afɔ dada ɣeaɖewoɣi, si me afɔwo, kple abɔwo hã, nɔa dadam henɔa hehem tukatuka le alɔ̃ me. Bu Michael ŋu kpɔ ko. Dodokpɔwo ɖee fia be afɔdada edziedzi nyɔnɛ zi 350 lɔƒo zã sia zã!

Dɔ bubu si le eɖokui si enye ata madzeakɔanyi ƒe dɔléle, * si me ata kple klowo ƒona le ahana dɔnɔa nade alɔ̃ dɔ ge do kpoe. Togbɔ be wogblɔna be kamemademade alo ʋu ƒe masimasi nyuie ye hea esia vɛ hã la, ewɔ abe nusiwo me caffeine le nono gbɔe wo dometɔ aɖewo tso ene. Wode dzesii be ahasesẽ nono hã nana wòsẽna ɖe edzi.

Aɖukliɖuɖu le alɔ̃me nye alɔ̃dɔkuxi bubu. Ne edzɔna edziedzi la, ate ŋu ana ame ƒe aɖuwo nanyi baɖabaɖa eye glã nave amea ŋutɔ, si ahe alɔ̃madɔmadɔ dɔléle gãwo vɛ. Le alesi kuxia le nu la, wote ŋu kpɔa egbɔ tso dɔwɔwɔ ɖe nume na amea dzi va ɖo nuɖɔɖɔ na aɖu le zãme dzi.

Alɔ̃dɔkuxi gbogboawo dometɔ ʋɛ siwo me míedzro kpuikpuikpui ko la ɖee fia be aɖabaŋeŋe ƒu wo dzi ate ŋu ado afɔku ame. Edada ate ŋu anɔ bɔbɔe loo alo asesẽ, gake zi geɖe la, ehiãna vevie. Ne zãdomadɔlɔ̃e tsitsi si tsia ame si ɖea fu na wò alo wò ame vevi aɖe alo alɔ̃dɔkuxi gã aɖe ƒe dzesiwo le mía ŋu la, nunya anɔ eme be míayi eŋunyala bibiwo gbɔ enumake. Ne edada meɖe kuxia ɖa keŋkeŋ o hã la, ate ŋu aɖe afɔku siwo wòate ŋu ahe vɛ la dzi akpɔtɔ ŋutɔ eye wòana wòanɔ bɔbɔe na amesiwo katã wòalɔ ɖe eme la be woate ŋu anɔ te ɖe enu wu. Emegbe ne Biblia ƒe ŋugbedodowo va eme le etsɔme la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Ne Mawu le ‘nuwo katã wɔm yeye’ la, aɖe dɔlélewo katã ɖa.—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3-5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Mele be woabu ƒa si gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me nana wonona tramatrama la be eyae nye ƒa si alɔ̃dɔla geɖe nona blewu ɖe ɖoɖo nu—si koŋ nana amesiwo mlɔ xɔ ma ke me la tsia zãdomadɔlɔ̃e—o.

^ mm. 11 Ne èdi alɔ̃dzeamedzidɔ ŋuti nyatakaka bubuwo la, kpɔ April 8, 1991, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 19-21.

^ mm. 14 Kpɔ dɔ sia ŋuti nyatakaka bubuwo le November 22, 2000, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ele be alɔ̃dɔkuxiwo dada nanɔ ɖɔkta aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ƒanono ate ŋu anye gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me ƒe dzesi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Wobua alɔ̃dzeamedzidɔ zi geɖe be kuviawɔwɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mɔ̃ siwo ƒlɔa ya ɖe ame me ate ŋu aɖe gbɔgbɔmasuame le alɔ̃ me dzi akpɔtɔ