Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkɔ Le Mawu Si!

Ŋkɔ Le Mawu Si!

Ŋkɔ Le Mawu Si!

Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Ŋkɔ le amegbetɔwo katã si. Ame geɖe naa ŋkɔ woƒe lãwo gɔ̃ hã! Ðe susu mele eme be ŋkɔ nanɔ Mawu si oa? Ðikekemanɔmee la, ŋkɔ ƒe amesinɔnɔ kple ezazã nye amegbetɔwo dome ƒomedodo kple kadodo ƒe akpa vevi aɖe. Nya bubue wòanye le mía kple Mawu dome ƒomedodo ya gomea? Nukutɔe la, ame miliɔn geɖe siwo gblɔna be yewoxɔ Biblia ƒe Mawu la dzi se mezãa Mawu ƒe ŋkɔ o. Ke hã, ƒe alafa geɖewoe nye sia si amewo nya Mawu ƒe ŋkɔ. Esi nèle nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo xlẽm la, àde dzesi ɣeyiɣi siwo me ame geɖewo zã Mawu ƒe ŋkɔ. Vevietɔ la, àde dzesi nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔ nyanya ŋu.

LE ƑE alafa 17 lia me la, Europa-dukɔ geɖewo tsoa gakuwo heŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ ɖe wo dzi. Woŋlɔ ŋkɔ Yehowa ɖe Germanytɔwo ƒe gaku aɖe si wotso le ƒe 1634 me la dzi gaglãa. Ame geɖewo va nɔ gaku mawo yɔm be Yehowa ƒe klosalogakuwo, alo Yehowa ƒe gakuwo, eye wozã wo ƒe geɖe.

Yehowa * nye Mawu ƒe ŋkɔ gɔmeɖeɖe si amewo nya hezã ƒe alafa geɖe. Le Hebrigbe, si nye gbegbɔgblɔ si ƒe nuŋɔŋlɔwo woxlẽna tso ɖusime yia miame me la, xaxagbeɖiɖi ene, siwo nye יהוה ye wotsɔ ŋlɔ ŋkɔ lae. Woyɔa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siawo—siwo woŋlɔna egbea be YHWH—be Tetragrammaton (Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo). Woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ alea ɖe Europatɔwo ƒe gakuwo hã dzi ƒe geɖe.

Woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe xɔwo, ŋkuɖodzikpewo, kple numemewo ŋu woate ŋu akpɔ, eye edze le sɔlemehadzidzi geɖe me. Germanytɔwo ƒe Brockhaus numekugbalẽ gblɔ be ɣeaɖeɣi va yi la, Protestant-fiaviwo kplaa dzesidegbalẽvi aɖe si dzi ɣe ƒe nɔnɔmetata kple Tetragrammaton ƒe atsyãnuŋɔŋlɔ aɖe le. Woyɔa atsyãnuŋɔŋlɔa, si woŋlɔna ɖe aflagawo kple gakuwo hã dzi la, be Ɣe-Yehowa dzesidegbalẽvi. Edze ƒã be ƒe alafa 17 kple 18 lia me Europatɔ siwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie la nya be ŋkɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la si. Nusi gaɖe dzesi wue nye be vɔvɔ̃ meɖoa wo le ŋkɔa zazã ŋu o.

Mawu ƒe ŋkɔ menɔ ɣaɣla le Dutadukɔwo ƒe Amerika dziɖuɣi hã o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Amerika Tɔtrɔ Kpata srafo Ethan Allen ŋu kpɔ. Edze le eƒe nuŋlɔɖiwo me be le ƒe 1775 me la, eɖe gbe be yeƒe futɔwo nana ta “le Yehowa Gã la ƒe ŋkɔ me.” Emegbe le Abraham Lincoln ƒe dziɖuɣi la, eƒe aɖaŋuɖola geɖe yɔ ŋkɔ Yehowa zi geɖe le lɛta siwo woɖo ɖe Lincoln la me. Amerikatɔwo ƒe blemaŋutinyagbalẽ bubu siwo me Mawu ƒe ŋkɔ dze le la le agbalẽdzraɖoƒe geɖe amewo ate ŋu akpɔ. Alesi woɖe Mawu ƒe ŋkɔ fia gaglã ƒe alafa geɖe la ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo.

Ke egbea ya ɖe? Ðe woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ bea? Kura o. Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia gɔmeɖeɖe vovovo ƒe kpukpuiwo me. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko zazã le agbalẽdzraɖoƒe alo miniti ʋɛ aɖewo ƒe numekuku wɔwɔ le wò ŋutɔ wò nyagɔmeɖegbalẽwo me ate ŋu aɖee afia wò be Yehowa nye ŋkɔ si dzi ame geɖe da asi ɖo be enye Tetragrammaton la ƒe Eʋegbe me tɔ. Le kpɔɖeŋu me, Encyclopedia International ɖe ŋkɔ Yehowa gɔme tẽ be enye “Hebrigbe me Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea ƒe egbegbetɔ.” The New Encyclopædia Britannica ƒe tata yeye aɖe ɖe nu me be Yehowa nye ŋkɔ si “Yudatɔwo kple Kristotɔwo yɔna na Mawu.”

‘Gake’ ɖewohĩ àbia be ‘ɖe amewo tsɔ ɖe le Mawu ƒe ŋkɔ me egbea?’ Amewo yi edzi ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dutoƒoteƒewo le mɔ vovovowo nu kokoko. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ ŋkɔ Yehowa ɖe xɔ aɖe ƒe dzogoedzikpe ŋu le New York City. Le dugã sia ke me la, wotsɔ amadede vovovo ŋlɔ ŋkɔa ɖe Hebrigbe me tsɔ ɖo atsyɔ̃e na tomeketeke dzeƒe aɖe si amewo zãna vevie. Gake míate ŋu agblɔe be enye nyateƒe be ame akpe gbogbo siwo toa teƒe siawo la dometɔ ʋɛ aɖewo koe bua nuŋlɔŋlɔ siawo nu vevii.

Ðe amewo bua Mawu ƒe ŋkɔ nu vevii le afisi nèlea? Alo ɖe ame akpa gãtɔ yɔa Wɔla la be “Mawu” abe ɖe eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe wònye enea? Ðewohĩ wò ŋutɔ ède dzesii gɔ̃ hã be ame geɖe mebua eŋu be ŋkɔ le Mawu si hã o. Wò ŋutɔ ya ɖe? Èzãa ŋkɔ Yehowa bɔbɔe le Mawu yɔyɔ mea?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Alesi woŋlɔ ŋkɔ Yehowa hezãna le gbegbɔgblɔ 95 kple edzivɔwo me ƒe kpɔɖeŋu vovovo 39 dze le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

Fia aɖe si Na Wonya Ŋkɔ Yehowa

Le ƒe 1852 me la, mawunyadɔgbedelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe zɔ mɔ tso Hawaii yina Micronesia-ƒukpowo dzi. Woxɔ ɖaseɖilɛta tso Fia Kamehameha III, si nye Hawaii-ƒukpowo dzi fiagã ɣemaɣi, gbɔ ɖe asi. Lɛta sia, si woŋlɔ gbã ɖe Hawaiigbe me na Pasifik-ƒukpowo ƒe dziɖula vovovowo la ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Mawu Dziƒoʋĩtɔ Yehowa ƒe nufiala aɖewo le mɔ dzem gbɔna miaƒe ƒukpowo dzi be woana mianya Eƒe Nya hena miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ. . . . Metsɔ nufiala nyui siawo le asi dem na mi bena miade bubu wo ŋu ahaɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia wo, eye mele nu xlɔ̃m mi hã be miaɖo to woƒe nufiafiawo. . . . Mele nu xlɔ̃m mi be miaɖe asi le miaƒe legbawo ŋu, axɔ Aƒetɔ Yehowa wòanye miaƒe Mawu, asubɔe ahalɔ̃ Eyama, eye Ayra mi ahakpɔ mia ta.”

[Nɔnɔmetata]

Fia Kamehameha III

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Hawaii State Archives

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Tetragrammaton,” si gɔmee nye “ŋɔŋlɔdzesi eneawo,” ye wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔe le Hebrigbe me