Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Lɔ̃ Be Yeakpɔ Nyaa Gbɔ

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Lɔ̃ Be Yeakpɔ Nyaa Gbɔ

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Lɔ̃ Be Yeakpɔ Nyaa Gbɔ

LE ƑE SIAWO me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lɔ̃ be yealé ŋku ɖe nya 80 va ɖo 90 lɔƒo ŋu ƒe sia ƒe le nya 7,000 kple edzivɔ si wotsɔna ɖoa eŋkume la dome—si wu 1 le alafa me!

Le May 2001 me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nya ɖo Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ŋkume be woana woagbugbɔ ŋku alé ɖe nyametsotso si ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ wɔ ŋu (si nye mɔbiabia be woagbugbɔ nyaa me adzro) henɔ biabiam be: “Ðe mawudɔwɔla siwo gblɔa woƒe mawusubɔsubɔ dzixɔse na amewo tso aƒeme yi aƒeme le mɔ xoxo si wozã le ƒe alafawo me va yi le Ŋɔŋlɔawo me nu la sɔ kple asitsatsa le dukplɔsea mea, eye ɖe se abla wo be woaxɔ agbalẽ tso dumemegãwo gbɔ hafi aƒo nu tso Biblia me alo ana Biblia-srɔ̃gbalẽ si ŋu womeka ga aɖeke ɖo o hãa?”

Le October 15, 2001, dzi la, wona nyanya Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Sedɔwɔƒea be United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lɔ̃ be yeagbugbɔ ŋku alé ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., kple etɔ bubuawo kpakple Strattontɔwo kple etɔ bubuawo dome nyadɔdrɔ̃a ŋu!

Ʋɔnudrɔ̃ƒea di be yewoalé ŋku ɖe nyaa ŋu to nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ƒe nya vevi si le toa me me, si nye be woakpɔe ɖa be ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ si ɖea mɔ ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋu la lɔ amewo ƒe nuƒoƒo na ame bubuwo faa tso woƒe dɔ ŋu ƒe gomenɔamesi ɖe eme esi womakpɔ dziɖuɖumegã aɖeke hafi o hã.

Fifia ahiã be woahe nya la le United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la asiekeawo ŋkume. Ðasefoawo akplɔ woƒe senyalawo vɛ; Stratton-kɔƒea me tɔwo hã akplɔ wo tɔ vɛ. Aleke nyaa ava yii le ʋɔnudrɔ̃ƒe ma?

[Aɖaka si le axa 5]

NUKAE NYE DUKPLƆSE ME ÐƆÐƆÐO GBÃTƆA?

“DUKPLƆSE ME ÐƆÐƆÐO I (SUBƆSUBƆHA ÐOÐO; SUBƆSUBƆHA, NUƑOƑO, AGBALẼTATA, TAKPEKPE, KPLE KUKUÐEÐE ƑE ABLƆÐE) Sewɔtakpekpea mawɔ se aɖeke ku ɖe subɔsubɔha ɖoɖo ŋu alo axe mɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu o; alo aɖo seɖoƒe na nuƒoƒo ƒe ablɔɖe alo agbalẽtata o; alo axɔ gomenɔamesi le ŋutifafame siwo di be yewoakpe ta si o, eye woate ŋu aɖe kuku na Dziɖuɖua be wòakpɔ woƒe nyawo gbɔ na wo faa.”—The U.S. Constitution.

“Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ dzie wotu United States demokrasi ɖoɖoa ɖo. Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gbe na Sewɔtakpekpea be woagawɔ se siwo axe mɔ ɖe nuƒoƒo, agbalẽtata alo takpekpe le ŋutifafa me, alo kukuɖeɖe ƒe ablɔɖe nu o. Ame geɖewo bua nuƒoƒo ƒe ablɔɖe be enye ablɔɖe vevitɔ kple ablɔɖe bubuwo katã ƒe gɔmeɖoanyi. Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gagbe na Sewɔtakpekpea be woagawɔ se siwo ana woaɖo dukɔa ƒe subɔsubɔha ɖi o alo axe mɔ na mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe o.” (The World Book Encyclopedia) Dzidzɔtɔe la, le Cantwell kple Connecticut ƒe nyadɔdrɔ̃, 310 U.S. 296 (ƒe 1940 me), si nye nyametsotso si he tɔtrɔ ɖedzesi si lɔ Yehowa Ðasefowo ɖe eme vɛ me la, United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be menye “Sewɔtakpekpe” (dziɖuɖu kɔkɔtɔ) la ɖeɖekoe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gbe nya na o ke boŋ nutome suewo (du gãwo kple du viwo) dzikpɔlawo hãe be woagade se aɖeke si ada le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Nya la ku ɖe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔ vovovowo ŋu

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Photograph by Franz Jantzen, Collection of the Supreme Court of the United States