Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afɔɖeɖe Gbãtɔ—Nya La Hehe Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ

Afɔɖeɖe Gbãtɔ—Nya La Hehe Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ

Afɔɖeɖe Gbãtɔ​—Nya La Hehe Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ

ŊKEKE SI WOÐO be woadrɔ̃ nyaa le Ʋɔnudrɔ̃lagã William Rehnquist kple ehati ʋɔnudrɔ̃la enyi bubuawo ƒe ŋkume le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ enye February 26, 2002. Senyala enee ƒo ƒu xɔ nya ɖe akɔ na Yehowa Ðasefowo.

Yehowa Ðasefowo ƒe senyala si xɔ ŋgɔ dze eƒe nya gɔme kple ŋgɔdonya si nyɔa ɖetsɔleme, gblɔ be: “Eƒo ŋdi ga 11 le Memleɖagbe le Stratton-kɔƒe. [Emegbe wòƒo nuƒola ƒe kplɔ̃a zi etɔ̃.] ‘Ŋdi na wò. Nusiwo le dzɔdzɔm le ɣeyiɣi siawo me na meɖoe ɖokuinye dzi koŋ be mava wò ʋɔtru nu ava gblɔ nusi Nyagblɔɖila Yesaya yɔ be gbe nyui la na wò. Emae nye nyanyui si Kristo Yesu ɖe gbeƒãe, Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe nyanyui la.’”

Eyi dzi be: “Nuvlowɔwɔe wònye le Stratton-kɔƒe be woayi aɖagblɔ nya ma na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu negbe amea xɔ mɔɖegbalẽ tso kɔƒea dzikpɔlawo gbɔ hafi.”

‘Ðe Miexɔa Ga le Amewo Si Oa?’

Ʋɔnudrɔ̃la Stephen G. Breyer bia nya vevi aɖe ku ɖe Ðasefoawo ŋu. Ebia be: “Ðe wònye nyateƒe be wò amewo mexɔa ga le amewo si, alo xɔa naneke kura oa, eye womedzraa Bibliawo, alo dzraa naneke kura oa, eye nusi ko wowɔna enye be woagblɔ be, ‘Meva be magblɔ subɔsubɔnya na wòa’?”

Ðasefoawo ƒe senyala ɖo eŋu be: “Ʋɔnudrɔ̃la Bubutɔ, nyateƒee wònye be, Yehowa Ðasefowo mexɔa ga le amewo si le Stratton-kɔƒea me o. Ele eme be le nuto bubuwo hã me la, wogblɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe nya na amewo ɣeaɖewoɣi. . . . Menye gae míebe míadzɔ le wo si o. Nusi ko dim míele enye be míaƒo nu na ameawo tso Biblia ŋu.”

Ðe Woaxɔ Mɔɖeɖe tso Dziɖuɖua gbɔ Hafia?

Ʋɔnudrɔ̃la Antonin Scalia bia nuŋububutɔe be: “Ðe nèle gbɔgblɔm be mehiã be woaxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla gbɔ hafi aƒo nu tso nu vevi aɖe ŋu na wò aƒelika oa?” Ðasefoawo ƒe senyala ɖo eŋu be: “Míeka ɖe edzi be Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ada asi ɖe Dziɖuɖu aɖe ƒe sedede dzi be dumevi naxɔ mɔɖegbalẽ hafi aƒo nu na dumevi bubu le eƒe aƒeme o.”

Nuƒola Bubuwo, Nɔnɔme Bubu

Eɖo Kɔƒea dzikpɔlawo dzi be woaƒo nu. Senyala si le Stratton ƒe senyalawo nu ɖe kɔƒea ƒe sededea me be: “Ŋusẽ si sɔ ŋudɔ ko wɔm Stratton dziɖuɖua le esi wòde se be yeatsɔ akpɔ dua me nɔlawo ƒe dedienɔnɔ ta ahaxe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu. Nusi ko amewo ƒe aƒewo me yiyi ahabia nu ŋuti sededea biae nye be woaxɔ mɔɖegbalẽ eye woalée ɖe asi ne wole ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔm.”

Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi nyaa gbɔ tẽ hebia be: “Ðe míeɖo ŋku míaƒe ʋɔnudrɔ̃nya aɖe dzi [le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ sia] si lɔ sedede sia tɔgbe ɖe eme, abe dɔgbedede si menye ɖe ga ta o, alo le nane dzram o, ke boŋ, gbɔgblɔ ko be, ‘Metsɔ Yesu Kristo ŋu nya vɛ na wò,’ alo ‘Metsɔ míaƒe nutoa me takpɔkpɔ ŋu nya vɛ na wò’ enea? Ðe míedrɔ̃ nya sia tɔgbe kpɔa?”

Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi edzi be: “Nyemeɖo ŋku nya siawo tɔgbe aɖeke dzi kpɔ le ƒe alafa eve kple edzivɔ si va yi me o.” Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist de nukokoedonamenya eme gblɔ be: “Mètsi xɔ nenema gbegbe o ɖe.” Esia na amesiame ko nu le ʋɔnudrɔ̃ƒea. Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi eƒe nyaa dzi be: “Nya yeyee nya sia nye nam.”

Susu Nyui aɖe Yea?

Ʋɔnudrɔ̃la Anthony M. Kennedy bia nya vevi aɖe tẽ be: “Nèsusu be enye nusi sɔ be mabia mɔ tso Dziɖuɖua gbɔ hafi ayi ablɔa ƒe go kemɛ le amesiwo nyemenya o gbɔ, [eye] magblɔ be, meva be magblɔ alesi mekpɔ le míaƒe gbeɖuɖɔlɔlɔ ŋu nya na wò, alo be metsɔ ɖe le nya si míaƒe Sewɔtakpekpe me nɔla la gblɔ ŋu, alo nu ma tɔgbe aɖea. Ðe wòle be mabia Dziɖuɖua hafi awɔ ema?” Egblɔ kpee be, “Ewɔ nuku ŋutɔ.”

Emegbe Ʋɔnudrɔ̃la Sandra Day O’Connor de nu nyaa me hebia be: “Ke le ŋɔdzidonamelawo ƒe nya gome ya ɖe? Ðe wòhiã be wòaxɔ mɔɖegbalẽ ɖe esia ta?” Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor kple Scalia siaa ƒo nu tso nya sia ŋu yi ŋgɔe. Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor gado nya bubu ɖa be: “Ke le sukli si woaɣe tso aƒelika gbɔ gome ya ɖe? Ðe wòahiã be maxɔ mɔɖegbalẽ hafi aɣe sukli kɔpo ɖeka tso nye aƒelika gbɔa?”

Amenublelawoe Ðasefowo Nyea?

Ʋɔnudrɔ̃la David H. Souter bia be: “Nukatae wobu nusia ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɖo? Amenublelawo loo, dɔgbedelawo loo, tso teƒe yi teƒe sitsalawo loo, asitsala mɔzɔlawo loo, alo adzɔdolawoe wonyea? Womenye esiawo dometɔ aɖeke wɔlawo o ɖe?” Kɔƒea ƒe senyala ƒo nu tso sededea ŋu ɣeyiɣi didi hegblɔ kpee be ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔa bua Yehowa Ðasefowo be wonye amenublelawo. Ʋɔnudrɔ̃la Souter de nu nyaa me gblɔ be: “Ne èle Yehowa Ðasefowo bum be wonye nubialawo la, ekema nusi yɔm míele be amenublela la me goglo ŋutɔ.”

Emegbe Ʋɔnudrɔ̃la Breyer xlẽ nya tso nyagɔmeɖegbalẽ me tsɔ fia be amenubeble ƒe gɔmeɖeɖea meku ɖe Ðasefowo ŋu o. Egblɔ kpee be: “Nyemexlẽ naneke le wò ameɖokuitaʋlinya me si gblɔ nusita amesiawo [Yehowa Ðasefowo] siwo metsi dzi ɖe gaxɔxɔ le amewo si, nudzadzra, alo akɔdada ŋu o la nayi ɖe dumegãwo gbɔ ava ŋlɔ ŋkɔ o. Nukae nye dumegãwo ƒe tameɖoɖo?”

Nuƒoƒo Faa ƒe “Mɔnukpɔkpɔ” La

Senyala si le kɔƒea teƒe he nyaa be “dumegãwo ƒe tameɖoɖo enye be yewoaxe mɔ ɖe aƒemenɔlawo nuɖiaɖia nu.” Eyi dzi ɖe nu me be nutoa me nɔlawo takpɔkpɔ tso adzodada kple nuvlowɔlawo si me tae. Ʋɔnudrɔ̃la Scalia xlẽ sededea me nyawo tsɔ fia be dudzikpɔla la ate ŋu abia numeɖeɖe bubuwo ku ɖe amesiwo di be yewoaxɔ mɔɖegbalẽa ŋu kple le woƒe tameɖoɖo hã ŋu be wòanya “mɔnukpɔkpɔ siwo tututu dze woana wo.” Egagblɔ kaŋ be: “Sededea ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ li be àte ŋu ayi wò dumevi gbɔ aɖagblɔ nane ŋu nya nɛ—Nyemele nya sia gɔme sem o.”

Ʋɔnudrɔ̃la Scalia gabia gbeteteɖedzitɔe be: “Eyata ɖe wòle be amesiame si ƒoa agbonuga nava ɖe eƒe asibidenudzesi ɖe agbalẽ dzi le dumegã gbɔ hafi ava ƒo agbonugaa? Ðe mɔɖeɖe sue sia si me afɔku ate ŋu anɔ la le ale gbegbe be ele be amesiame si di be yeaƒo agbonuga la nava ŋlɔ ŋkɔ le dumegãwo gbɔ hafia? Ao, mate ŋu anɔ nenema o.”

Ðe Sededea Kpɔa Afima Tɔwo Ta?

Esi aɖabaƒoƒo 20 si wona senyala si le Kɔƒea teƒe nu va yi la, woɖe asi le nyaa ŋu na senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ si le Ohio nutoa me nu. Egblɔ be sedede si xea mɔ ɖe gege ɖe aƒewo me nu la kpɔa afima tɔwo ta tso amedzrowo si me, “si anye ame aɖe si nyemeyɔ o [si] va nye aƒeme . . . eye ewɔ nam be kɔƒea me tɔwo tɔ dzɔ be woagblɔ be, ‘Nuwɔna sia ɖiaa mía nu’”

Ʋɔnudrɔ̃la Scalia gblɔ emegbe be: “Kɔƒea me tɔwo vevietɔ wo dometɔ siwo xɔa Yehowa Ðasefowo la le gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nenye be yewomele naneke wɔm o la, yewodi be ame aɖe nava ƒo nu na yewo tso nusianu ŋu, eye wògale na amesiawo [Yehowa Ðasefowo] kokoko be woaxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla gbɔ hafi woate ŋu aƒo agbonuga.”

“Mɔxexeɖenunu Sue aɖe Koe”

Le Ʋɔnudrɔ̃la Scalia ƒe biabiawo me la, egblɔ nya vevi aɖe be: “Mí katã míalɔ̃ ɖe edzi be amesiwo le dedie wu le xexeamee nye amesiwo le ŋutasesẽ kple dzizizidziɖuɖu te. Nuvlowɔwɔ mebɔ ɖe wo me o. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ, eye nusi nana woxɔa ablɔɖe le amewo si ƒe ɖee nye ne sedzimawɔmawɔ do agbogbo le go aɖewo me, gake nya lae nye be ɖe sededea tɔa te nugbegblẽwɔwɔ si ta wodee ɖo eye wòasɔ be woade se ɖe mɔnukpɔkpɔ si le ame aɖe si be wòaƒo ʋɔ na ame aɖe nua. Emegbe senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ ɖo eŋu be “mɔxexeɖenunu sue aɖe koe.” Ʋɔnudrɔ̃la Scalia ɖo eŋu be ele sue ale gbegbe be míese nyadɔdrɔ̃ aɖeke kpɔ si gblɔ be du aɖe de se sia tɔgbe o. Nyemebui be ema nye nu sue o.”

Mlɔeba la, esi senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ megate ŋu nɔ te ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ƒe nyaƒoɖeamenu nu o la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemate ŋu agblɔ be woaxe mɔ ɖe agbonuga alo ʋɔƒoƒo nu keŋkeŋ o.” Nya siae wòtsɔ wu eƒe nyawo nui.

Esi wogaɖe mɔ na Ðasefoawo ƒe senyala be woaɖe wo ɖokui nu la, eɖee fia be sededea mate ŋu ana kakaɖedzi ame o. “Mate ŋu ayi dumegãwo gbɔ agblɔ na wo be ‘Nyee nye [Asiamasi],’ ahaxɔ mɔɖegbalẽ anɔ amewo dzi tsam tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu.” Egaɖee fia be dudzikpɔla la kpɔ ŋusẽ agbe mɔɖegbalẽ nana ame aɖe si gblɔ be menye habɔbɔ aɖe me nɔlae yenye o. Egblɔ be: “Míexɔe se eye eme kɔ ƒã be nya si ŋu woabu vevie wònye. Mele egblɔm ɖokuibɔbɔtɔe be, kadodo aɖe le míaƒe [Yehowa Ðasefowo ƒe] dɔa kple Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe akpa vevitɔ me.”

Emegbe kpuie la, Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist tso nyaa dzi gblɔ be: “Míetsɔ nya la de asi na [Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ].” Gaƒoƒo ɖeka kple nu vi aɖe koe wɔna katã xɔ. Vevienyenye si le gaƒoƒo ma ŋu va dze le afiatsotso si woŋlɔ eye woɖe gbeƒãe le June me la me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist

Ʋɔnudrɔ̃la Breyer

Ʋɔnudrɔ̃la Scalia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Rehnquist: Collection, The Supreme Court Historical Society/Dane Penland; Breyer: Collection, The Supreme Court Historical Society/Richard Strauss; Scalia: Collection, The Supreme Court Historical Society/Joseph Lavenburg

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ʋɔnudrɔ̃la Kennedy

Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor

Ʋɔnudrɔ̃la Souter

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kennedy: Collection, The Supreme Court Historical Society/Robin Reid; O’Connor: Collection, The Supreme Court Historical Society/Richard Strauss; Souter: Collection, The Supreme Court Historical Society/Joseph Bailey

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ʋɔnudrɔ̃ƒea ememe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photograph by Franz Jantzen, Collection of the Supreme Court of the United States