Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya La—Alesi Wòdze Egɔmee

Nya La—Alesi Wòdze Egɔmee

Nya La​—Alesi Wòdze Egɔmee

STRATTON, OHIO, U.S.A., nye nuto sue aɖe si te ɖe Ohio-tɔsisia ŋu, si tso Ohio kple West Virginia dome. Wobunɛ abe kɔƒe ene eye woɖo dudzikpɔla ɖe enu. Kasiaa, nuto sue sia, si me nɔlawo mede 300 o la, va zu teƒe si ŋu nya ku ɖo le ƒe 1999 me, esime dumemegãwo di be yewoazi Yehowa Ðasefowo dzi le nanewo me siwo dometɔ aɖee nye be woaxɔ mɔɖegbalẽ hafi woatsɔ woƒe Biblia me gbedasia ayi na amewo le woƒe aƒewo me.

Nukata nya sia nye ŋkubiãnya ɖo? Esi nèle míaƒe nyatakaka sia xlẽm la, àva kpɔe be dukplɔse sia tɔgbe aɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe dzi akpɔtɔ ŋutɔ, eye menye na Yehowa Ðasefowo ko o, ke boŋ na United States tɔwo katã.

Alesi Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee

Subɔla siwo le Wellsville Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le nuto ma me, siwo ŋu dumegã ʋɛ aɖewo he nya ɖo ku ɖe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa ŋu tso ƒe 1979 me la, de amewo gbɔ le Stratton ƒe geɖe. Le ƒe 1990-awo me la, kpovitɔ aɖe si le afima nya Ðasefo aɖewo ɖe enu le dua me, hegblɔ be: “Miaƒe nyawo mekam kura o.”

Nya la va do gã ɖe edzi le ƒe 1998 me esime Stratton dudzikpɔla ŋutɔ he nya ɖe Yehowa Ðasefowo dometɔ ene aɖewo ŋu. Wonɔ dodom le kɔƒea me kple ʋu le tɔtrɔyi si wowɔ va ƒo nu na afima nɔla siwo doa vivi ɖe Biblia me nyatiwo me dzodzro ŋu vɔ megbe teti. Le nyɔnu siwo wòhe nya kplii dometɔ ɖeka ƒe numeɖeɖe nu la, dudzikpɔla la gblɔ na wo be ne ŋutsuwoe wonye la anye ne yeade wo mɔ.

Nusi gbɔ nyaʋiʋli yeyea tso enye kɔƒea ƒe sedede si “Xea Mɔ Ðe Tso Aƒeme Yi Aƒeme Sitsatsa Ðiamenuwo Kple Amewo ƒe Aƒewo me Yiyi Kple Kokoƒoƒo Nu,” si bia be amesiame si di be yeawɔ dɔ aɖe si ana wòatso le ʋɔtru nu ayi ʋɔtru nu la naxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla la gbɔ femaxee hafi. Yehowa Ðasefowo bu sedede sia be enye mɔxexe ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, kple agbalẽtata ƒe ablɔɖe nu. Eyata wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe gã esime kɔƒea me tɔwo gbe asitɔtrɔ le sededea ŋu.

Le July 27, 1999 dzi la, wonɔ anyi ɖe nyadɔdrɔ̃ ŋu le United States nutome gã ƒe ʋɔnudrɔ̃la si le Ohio ƒe Anyiehe Nutome dzi kpɔm la ƒe ŋkume. Eda asi ɖe mɔɖegbalẽxɔxɔ dzi be esɔ le se nu abe alesi kɔƒea de se ene. Emegbe le February 20, 2001, dzi la, United States Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe si le Nuto Adelia me hã da asi ɖe nutoa me sea dzi ake be esɔ.

Be woakpɔ nyaa gbɔ la, Watchtower Bible and Tract Society of New York kple Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le Wellsville bia be United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ nagbugbɔ ŋku alé ɖe nyaa ŋu.

[Anyigbatata/Nɔnɔmetata si le axa 3]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Los Angeles

New York

OHIO

Stratton