Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse ƒe Dodokpɔ le Slovakia

Xɔse ƒe Dodokpɔ le Slovakia

Xɔse ƒe Dodokpɔ le Slovakia

ABE ALESI JÁN BALI GBLƆE ENE

WODZIM le December 24 dzi, le ƒe 1910 me le Záhor, si nye kɔƒe aɖe si le Slovakia ƒe ɣedzeƒe gome fifia. Le ɣemaɣi me la, míaƒe kɔƒea nɔ Austria-Hungary Fiaɖuƒea me. Le ƒe 1913 me la, Dada kplɔm yi fofonye gbɔ le United States, elabena fofonye ʋu le Záhor do ŋgɔ. Esi mía kple Dada míeɖo Gary, Indiana ƒe eve megbe la, wodzi nɔvinyenyɔnu Anna. Emegbe Papa va dze dɔ eye wòku le ƒe 1917 me.

Meva zu sukuvi veviedonula, eye meva tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me vevie. Amesi nɔ nu fiam le Kalvintɔwo ƒe Sɔlemeha la ƒe Kwasiɖagbe suku si medena la va de dzesi alesi gbegbe metsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me. Enam Holman ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe, si me biabiawo kple ŋuɖoɖowo 4,000 le be matsɔ aɖi kɔ na didi si nɔ menye. Esia na nyati geɖe nɔ nye amesi xɔ ƒe 11 si, si ŋu made ŋugble le.

‘Nyateƒe lae Enye Esia’

Le ƒe mawo me la, Slovakiatɔ siwo ʋu va nuto si me míenɔ la va zu Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Wo dometɔ ɖekae nye tɔgãnye Michal Bali, amesi gblɔ Biblia me nyateƒeawo na mí. Gake le ƒe 1922 me la, Dada kplɔ mía kple nɔvinyenyɔnua míetrɔ yi Záhor, si va zu Czechoslovakia ƒe ɣedzeƒe ƒe akpa aɖe ɣemaɣi.

Emegbe kpuie la, Tɔgã Michal ɖo agbalẽ si nye Studies in the Scriptures si Charles Taze Russell ta ƒe bablawo katã tsɔ kpe ɖe Gbetakpɔxɔ magazine xoxo siwo katã wogbugbɔ ta va ɖo gbãtɔ si wota le July 1, 1879 dzi la ɖem. Mexlẽ wo katã, gagbugbɔ xlẽ akpa aɖewo zi gbɔ zi geɖe, eye meva ka ɖe edzi be meke ɖe Biblia me nyateƒe si dim menɔ la ŋu.

Le ɣemaɣi me la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo siwo nye Slovakia vidzidziwo trɔ gbɔ tso United States va wo de. Woɖo Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Slovakiagbe ƒuƒoƒo gbãtɔ ɖe Czechoslovakia. Mía kple danye míede kpekpe mawo le míaƒe kɔƒe nutoame le Záhor kpakple teƒe bubu siwo te ɖe eŋu.

Kpekpe mawo ɖi Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo wowɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Míekpena zi geɖe le Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka ƒe aƒeme, eye míenɔa anyi ɖekae ɖe kplɔ̃ ŋu eye míesia gomekaɖi dana ɖe kplɔ̃a ƒe domedome. Esi menye ɖevi wu ta la, menɔa anyi ɖe megbe lɔƒo henɔa nyaa sem le vivitia me. Gake ɣeaɖewoɣi la, wokpeam be makpɔ gome le eme. Ne ame bubuwo mese nya aɖe gɔme tututu le Slovakiagbe me o la, wobiana be: “Ján, nya kae Eŋlisigbea gblɔ le akpa ma?” Metsɔa dzidzɔ tena ɖe akaɖia ŋu heɖea nya si Eŋlisigbe me gbalẽa gblɔ la ɖe Slovakiagbe me.

Amesiwo zu Biblia Nusrɔ̃viwo le United States eye wogbɔ va afisi zu Czechoslovakia dometɔ ɖeka enye Michal Šalata. Etrɔ yi ɖe kɔƒe si nye Sečovce, si wònɔ tsã la me, eye wòna kpekpeɖeŋu le ɖoɖowɔwɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Czechoslovakia. Nɔviŋutsu Šalata kplɔam ɖe asi le eƒe gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔawo me. Emegbe le ƒe 1924 me, esi mexɔ ƒe 13 la, mebiae be wòana nyɔnyrɔm. Togbɔ be Dada bui be nyemetsi kura hena afɔɖeɖe vevi ma o hã la, mena wòse eme be enye nye nyametsotso kplikpaa. Eyata le ŋkeke ɖeka ƒe takpekpe si wowɔ le July ma me le afisi te ɖe Ondava-tɔsisia ŋu la, meɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa dzi to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tɔsisi ma me me.

Subɔsubɔ Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛwo

Esi mexɔ ƒe 17 la, mese be wogbɔna kunu aɖe wɔ ge le afisi didi kilometa ʋɛ aɖewo tso kɔƒe si me menɔ gbeƒã ɖem le la gbɔ. Eyae nye kunu gbãtɔ si Biblia Nusrɔ̃viwo gbɔna wɔwɔ ge le nuto ma me. Esi meva ɖo la, mezɔ to kɔƒea me nɔla siwo tsi dzi be yewoanya nusi le edzi yim la dome yi ɖe nuƒolaa gbɔ. Esi meɖo egbɔ la, etrɔ ɖe ŋunye eye wògblɔ nam be: “Maƒo nu gbã emegbe nàyi edzi.”

Metu nye nuƒoa ɖe ŋɔŋlɔ si nye Petro I, 4:7 dzi, si xlẽ be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” Mezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖo kpe edzi be fukpekpe kple ku ƒe nuwuwu gɔ̃ hã ɖo vɔ, eye meƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Togbɔ be medze ɖevi ŋutɔŋutɔ wu alesi menɔ—alo ɖewohĩ esi medze ɖevii—ta la nyaselawo dometɔ ɖesiaɖe ɖo to nyuie.

Nyati dodzidzɔname aɖe va dze le Gbetakpɔxɔ September 15, 1931 tɔa me, si gblɔ be míegadi be woayɔ Biblia Nusrɔ̃viwo loo alo ŋkɔ mawo tɔgbe aɖeke na mí azɔ o ke boŋ míedi be woayɔ mí be Yehowa Ðasefowo. Le nyatakaka sia xexlẽ vɔ megbe la, Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ míaƒe nutoa me wɔ ɖoɖo ɖe kpekpe tɔxɛ aɖe ŋu. Biblia Nusrɔ̃vi siwo anɔ 100 kpe ta le kɔƒedu si nye Pozdišovce me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye le afima be maƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋkɔ Yeye La,” si wotu ɖe Gbetakpɔxɔ si míeyɔ va yi ƒe nyatia dzi.

Esi wobia tso wo si ne wolɔ̃ ɖe nyametsotso ma ke si dzi haxɔsetɔ bubuwo lɔ̃ ɖo le xexeame ƒe akpa bubuwo dzi hã la, kpekpea valawo katã do asi ɖe dzi kple dzidzɔ. Emegbe míeɖo telegram ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, si xlẽ be: “Mí, Yehowa Ðasefo siwo ƒo ƒu ɖe Pozdišovce egbea la, lɔ̃ ɖe numeɖeɖe si dze le Gbetakpɔxɔ me ku ɖe ŋkɔ yeyea ŋu dzi, eyata míele ŋkɔ yeye sia, si nye Yehowa Ðasefowo la xɔm.”

Nuto gã si le Slovakia kple Transcarpathia, si nye Czechoslovakia ƒe akpa aɖe tsã do ŋgɔ na Xexemeʋa II la va nye teƒe si míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze le ŋutɔ. Míezɔna yina va wɔa gbeƒãɖeɖedɔa le anyigbamama gã sia me eye míegayina kple ketekewo, bɔsuwo, kple gasɔwo hã. Le ɣemaɣi la, “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia,” si nye sinima kple fotoɖeɖefia si ŋu gbeɖiɖi kpe ɖo la, nye nusi woɖe fia le dugã geɖewo me. Le fotoɖeɖefia ɖesiaɖe megbe la woxɔa ɖetsɔlemetɔwo ƒe adrɛswo. Wotsɔ adrɛs siawo ƒe gbogbo aɖewo nam eye wobia tso asinye be mawɔ ɖoɖo na Ðasefowo be woava srã ɖetsɔlemetɔawo kpɔ. Le dugã aɖewo me la, míehayaa ƒuƒoƒewo eye meƒo nuƒo tɔxɛ le fotoɖeɖefia megbe.

Le ƒe 1930-awo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be manɔ habɔbɔa teƒe le takpekpe gãwo me le dugã si nye Prague me. Le ƒe 1932 me la, wowɔ ɖoɖo ɖe dukɔwo dome takpekpe ŋu le Czechoslovakia. Míekpe le Varieté ƒe Fefewɔƒe. Dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Europa ƒe Nɔnɔme Do Ŋgɔ Na Tsɔtsrɔ̃,” la nyɔ ame geɖe ƒe ɖetsɔleme, eye ame siwo anɔ 1,500 ye de. Míegawɔ dukɔwo dome takpekpe bubu le Prague le ƒe 1937 me, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye mena nuƒoawo dometɔ ɖeka. Amewo tso Europa dukɔ geɖe me va, eye wotu mí katã ɖo kple dzideƒonamenya si míehiã be míatsɔ anɔ te ɖe tetekpɔ si kplɔ Xexemeʋa II ɖo nu.

Srɔ̃ɖeɖe, Kple Dodokpɔ Sesẽwo

Esi míegbugbɔ va Czechoslovakia megbe la, mía kple Dada míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa aduadu kple hati Biblia Nusrɔ̃vi siwo le Pozdišovce si te ɖe mía ŋu me. Afimae meva ke ɖe ɖetugbi dzetugbe si ŋkɔe nye Anna Rohálová ŋu le. Esi míetsi vie wu la, míeva de dzesi be menye Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu ƒe seselelãme ɖeɖee nɔ mía si ɖe mía nɔewo ŋu o. Míeɖe mía nɔewo le ƒe 1937 me. Tso ɣemaɣi dzi la, Anna nɔ kpekpeɖeŋu namem le ‘ɣeyiɣi sesẽ’ siwo kplɔe ɖo me.—Timoteo II, 4:2.

Eva dze gaglã le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe teti be, Europa nɔ dzadzram ɖo ɖe Xexemeʋa II ŋu. Kaka November 1938 naɖo la, Hungary, si nɔ ɖeka wɔm kple Nazi Germany xɔ Transcarpathia kple Slovakia ƒe anyiehe gome. Hungary kpovitɔwo xe mɔ ɖe míaƒe kpekpewo wɔwɔ nu, eye ele na mí be míava nɔ mía ɖokui ɖem fia le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe enuenu.

Esi Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 me megbe la, wolé mía dometɔ geɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa siwo tso Záhor, eye wokplɔ mí yi gaxɔ xoxo aɖe si te ɖe Mukacheve ŋu, si zu Ukraine fifia la me. Le afima la míedo go hati Ðasefo geɖe siwo tso Transcarpathia hamewo me. Le míaƒe nu me tete se ɣleti etɔ̃ alo ene kple ƒoƒo enuenu megbe la, wodrɔ̃ ʋɔnu mí le asrafowo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe tɔxɛ aɖe. Wobia nya ɖeka sia mí katã be: “Míele klalo be míawɔ aʋa na Hungary atsɔ atsi tre ɖe U.S.S.R. ŋua?” Esi míegbe ta la, wobu fɔ mí mlɔeba eye wokplɔ mí yi va tu ɖe gaxɔ me le Budapest, Hungary, le 85 Margit Boulevard.

Womena nuɖuɖu sua gamenɔlawo o. Eteƒe medidi o dɔlélewo kaka eye gamenɔlawo va te kuku. Aleke dzi dzɔm enye esi be srɔ̃nye zɔ mɔ tso keke Záhor va kpɔm ɖa! Togbɔ be aɖabaƒoƒo atɔ̃ lɔƒo koe woɖe mɔ na mí be míaƒo nu na mía nɔewo to ga dzralawo me hã la, meda akpe na Yehowa geɖe be ena kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla aɖem. *

Tso Gaxɔ me Yi Dɔsesẽwɔsaɖa Me

Esi woɖem tso gaxɔ me la wokplɔm tẽ yi Jászberény, Hungary, afisi wokplɔ Ðasefo 160 yii. Le afima nɔnɔ me la, Hungarytɔwo ƒe dziɖuɖumegã aɖe tsɔ mɔnukpɔkpɔ mamlɛtɔ si woxɔ tso Hungary dziɖuɖu gbɔ la ɖo mía ŋkume be: “Ne èlɔ̃ be yeawɔ asrafodɔ la, ke do va ŋgɔgbe.” Ame aɖeke mewɔ ɖe edzi o. Dziɖuɖumegãa gblɔ be: “Togbɔ be nyemeda asi ɖe nusi wɔm miele dzi o hã la, tame si mieɖo kplikpaa be mialé miaƒe xɔse me ɖe asi la wɔ dɔ ɖe dzinye.”

Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, míeɖo meli le Danube-tɔsisia to eye míedze dɔsesẽwɔsaɖa si gogo Yugoslavia ƒe dugã si nye Bor ƒe mɔzɔzɔ gɔme. Esi míenɔ melia me yina la, asrafoawo kpakple wo kplɔla dze agbagba enuenu be woana míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ. Asrafoawo kplɔla na asrafoawo tsɔ woƒe tuwo ƒo mí, tsɔ afɔkpawo tu afɔkpo mí, eye wowɔ fu mí le mɔ vovovowo nu.

Esi wokplɔ mí de asi na Asrafomegã András Balogh, si le dɔsesẽwɔsaɖa si le Bor nu la, egblɔ na mí be: “Ne nya si wogblɔ nam tso mia ŋu le eme la, ekema miegbɔna kuku ge kpuie.” Gake esi wòxlẽ gbedasi si nu wotre si tso dziɖuɖumegãwo gbɔ vɔ la, ewɔ nu ɖe mía ŋu bubutɔe. Balogh na tsaɖiɖi faa ƒe ablɔɖe vi aɖe mí eye wòɖe mɔ na mí gɔ̃ hã be míatu asaɖawo na mía ɖokui. Togbɔ be nuɖuɖu nɔ vevem hã la, dzodoƒe nɔ mía si vovo, eyata woma nuɖuɖu na mí sɔsɔe.

Le March 1944 me la, Germany va te Hungary xɔxɔ gɔme. Le ɣeyiɣi ma me la, Nazi dzidela aɖe si ŋkɔe nye Ede Marányi va xɔ ɖe Balogh teƒe. Ede se sesẽwo, abe alesi wònɔ le fuwɔamegaxɔwo me ene. Eteƒe medidi o, Russia srafowo va do ɖe mía dzi, eye míedo go le asaɖa si nɔ Bor me. Emegbe esi míeʋu yina la, míekpɔ alesi wonɔ Yudatɔwo tsrɔ̃m le Cservenka. Ewɔ nuku be womewɔ naneke mí o.

Esi míenɔ Hungary kple Austria ƒe liƒo gogom la, woɖe gbe na mí be míaku do siwo me tu siwo dana trena ɖe enu anɔ. Míeɖe eme na wo be asrafodɔ siwo míegbe wɔwɔ koŋ tae míezu gamenɔlawo ɖo. Esi menɔ ŋgɔgbe lɔƒo na ƒuƒoƒoa ta la, Hungary srafomegã aɖe lém eye wòtem ƒoƒo. Edo ɣli be: “Mawu wò hee! Ne mèwɔ dɔa o la, ame mamlɛawo adze wò kpɔɖeŋu gbegblẽa yome.” András Bartha, amesi nye Ðasefo tsitsitɔ si xɔ ŋgɔ na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe nudede nya la me dzinɔameƒotɔe ye xɔm ɖe agbe. *

Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, aʋa la ke eye míedze aƒeme mɔ. Gamenɔlawo dometɔ siwo ŋu woɖe asi le le Bor do ŋgɔ va yi la va ka nya ta be wowu mí amesiwo katã wokplɔ yi Cservenka. Eyata anɔ ɣleti ade lɔƒo la, srɔ̃nye bua eɖokui ahosii. Aleke gbegbe wòhewɔ nuku nɛ enye esi esime gbeɖeka wòkpɔm le ʋɔtrua nu! Míefa dzidzɔvi esi míegakpla asi kɔ na mía nɔewo ake le ƒe gbogbo siwo me mía dome klã la megbe.

Ðoɖo Wɔwɔ ɖe Dɔa ŋu Ake

Le Xexemeʋa II megbe la, Slovakia gagbugbɔ wɔ ɖeka kple Czechia wòzu Czechoslovakia. Gake Transcarpathia, si ƒe akpa gãtɔe nye Czechoslovakia do ŋgɔ na aʋa la, va zu Ukraine si le Soviet Union ƒe akpa aɖe. Le ƒe 1945 me la, mía kple Michal Moskal míeyi Bratislava, si nye Slovakia ƒe fiadu fifia me, eye míekpe kple amesiwo nɔ ŋgɔ xɔm hegbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Togbɔ be nu te mía ŋu le ŋutilã kple seselelãme gome hã la, didi vevie nɔ mía me be míayi míaƒe gbedasi si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia dzi.—Mateo 24:14; 28:18-20.

Esi aʋa la wu enu la, takpekpewo nye nusiwo koŋ de dzo mía me ɖe míaƒe dɔa wɔwɔ ŋu. Le September 1946 me la, wowɔ takpekpe gbãtɔ hena dukɔ bliboa katã le Brno. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be maƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Nuŋeŋedɔa, Xexeame ƒe Nuwuwu.”

Le ƒe 1947 me la, wogawɔ takpekpe bubu na dukɔa katã le Brno. Nathan H. Knorr, Milton G. Henschel, kple Hayden C. Covington, siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York va la ƒo nuƒo tuameɖowo le takpekpe ma me. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be maɖe woƒe nuƒoa gɔme na vavalawo. Togbɔ be Fiaɖuƒegbeƒãɖela 1,400 ye nɔ Czechoslovakia ɣemaɣi hã la, ame siwo ade 2,300 ye va se dutoƒonuƒoa.

Yometiti le Kɔmiunist Dziɖuɖu Te

Le ƒe 1948 me la, Kɔmiunisttɔwo xɔ dukɔa, eye eteƒe medidi o, woɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi hena ƒe 40 sɔŋ. Le ƒe 1952 me la, dziɖuɖua lé mí amesiwo katã wosusu be míenye ŋgɔnɔlawo de gaxɔ me. Wotso ame akpa gãtɔ nu be wonye aglãdzelawo, gake wotso mía dometɔ ʋɛ aɖewo nu be míedi vevie be míamu dziɖuɖua. Wodem gaxɔ me eye wonɔ nye nume tete se dzi ɣleti 18. Esi mebia ʋɔnudrɔ̃la la be mɔ ka nue menye dugbãla le la, eɖo eŋu nam be: “Èle nu ƒom tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Eye nèle gbɔgblɔm be ava xɔ xexeame ƒe dziɖuɖua. Czechoslovakia hã kpe ɖe eŋu.”

Meɖo eŋu nɛ be: “Ekema ele be nàdrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã doa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa hebiana be ‘Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava’ la be wonye dugbãlawo.” Ke hã, wohe to nam be mayi gaxɔ me hena ƒe atɔ̃ kple afã eye wokplɔm yi Kɔmiunisttɔwo ƒe gaxɔ si le Jáchymov, Czechoslovakia me.

Esi meto gaxɔmenɔnɔƒea ƒe akpa gãtɔ me vɔ la, woɖe asi le ŋunye. Srɔ̃nye Anna na kpekpeɖeŋum nuteƒewɔwɔtɔe to lɛtawo kple sasrãkpɔwo dzi, eye wòlé be na mía vinyɔnu Mária hã. Mlɔeba la, míegawɔ ɖeka ake abe ƒome ene, eye míegadze míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo gɔme le adzame.

Yehowa Subɔsubɔ si me Dzidzeme Nɔ Nam

Le ƒe 70 kple edzivɔ siwo va yi me la, Yehowa Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me to nɔnɔme vovovowo me, akpa gãtɔ dzɔ le Kɔmiunisttɔwo ƒe dziɖuɖu te. Ele eme baa be meku amegã eye nye lãme gbɔdzɔ hã la, megakpɔtɔ nye Kristotɔ hamemegã le Záhor kpe ɖe nuteƒewɔla siwo dometɔ aɖewoe nye Ján Korpa-Ondo, si gale agbe le eƒe ƒe 98 xɔxɔ megbe ŋu. * Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, amesi nye nunana tso Yehowa gbɔ nam la ku le ƒe 1996 me.

Nɔnɔme aɖe si wosusu le agbalẽ si nye The Way to Paradise, ƒe axa 228 vaseɖe 231, si wota le ƒe 1924 la gakpɔtɔ le susu me nam vaseɖe egbea. Wobia tso exlẽla si be wòatsɔe be yele Paradiso me hele ame eve siwo wofɔ ɖe tsitre la ƒe dzeɖoɖowo sem. Wonɔ ɖi kem le afisi wole la ŋu. Emegbe amesi tsi agbe le Harmagedon me la zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖe nya me na ame eveawo be ɖe wofɔ wo va Paradiso me. (Luka 23:43) Ne mete ŋu tso Harmagedon ɖo hetsi agbe la, madi be maɖe nya mawo tɔgbe me na srɔ̃nye, danye, kple nye lɔlɔ̃tɔ bubuwo ne wofɔ wo ɖe tsitre. Gake ne meku hafi Harmagedon va la, ekema manɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me xexeme yeyea me tɔ aɖe, agblɔ nusiwo dzɔ le nye ku megbe la nam.

Fifia la, megakpɔtɔ lé gbedodoɖa na xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la kple tete ɖe eŋu ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wɔnukua me ɖe asi vevie. Nye tameɖoɖo kplikpaa enye be mayi edzi anɔ agbe ɖe apostolo Paulo ƒe nya siwo le Romatɔwo 14:8 nu si gblɔ be: “Elabena ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la, eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye be míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔ míenye.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 22 Kpɔ Andrej Hanák ƒe ŋutinya si dze le Eŋlisigbe me Nyɔ! April 22, 2002, axa 19-24 me. Woƒo nu tso gaxɔ sia ƒe nɔnɔme ŋu kple nudzɔdzɔ siwo yi edzi le Cservenka, si ŋu àva xlẽ nu le le nyati sia me.

^ mm. 28 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 1993, axa 11 hena nyatakaka bubu siwo ku ɖe András Bartha ŋu.

^ mm. 39 Kpɔ agbemeŋutinya si le Gbetakpɔxɔ, September 1, 1998, ƒe tata ƒe axa 24-8.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mía kple Anna, esi míeɖe srɔ̃ ƒe ɖeka megbe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Mía kple Nathan H. Knorr le takpekpe si míewɔ le ƒe 1947 me le Brno