Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo

Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo

Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo

TOGBƆ be wogblɔa anyigbaʋuʋu gblẽnuwo kple tsiɖɔɖɔ siwo tsrɔ̃a ame gbogbowo ŋu nyawo bobobo le nyadzɔdzɔwo me hã la, ƒã hafi alesi dɔxɔleameŋuwo le kakam le adzame ŋu nyawo ɖina nenema le nyadzɔdzɔwo me. Togbɔ be ele alea hã la, “Red Cross/Red Crescent” (Atitsoga Dzĩ Kple Dzinu Xaxɛ Dzĩ) habɔbɔ ƒe June 2000 ƒe nyadzɔdzɔ aɖe gblɔ be: “Amesiwo gbegbe dɔxɔleameŋuwo (abe AIDS, asrã, dɔléle siwo naa gbɔgbɔ sesẽna kple mitsinyenye ene) wu la sɔ gbɔ zi gbɔ zi 160 sɔŋ wu amesiwo dzɔdzɔmefɔkuwo wu le ƒe si va yi me. Eye nɔnɔmea kpɔtɔ le gbegblẽm ɖe edzi.”

Nu eve koŋue wogblɔ be woawoe na xexlẽmea sɔ gbɔ nenema. Ðekae nye alesi AIDS si wua ame 300 gaƒoƒo ɖesiaɖe la le kakam madzudzɔmadzudzɔe. Peter Walker si nye afɔkuwo ŋu ɖoɖowɔwɔ dzikpɔla na Atitsoga Dzĩ Kple Dzinu Xaxɛ Dzĩ Habɔbɔwo ƒe Dukɔwo Dome Ƒuƒoƒo gblɔ be AIDS “meganye dɔléle dzro ko o, afɔkue wònye. Dɔléle si kakana dea afisiafi nenema la tsrɔ̃a dɔwɔlawo hegblẽa ganyawo dome.” Nu eveliae nye alesi dumeviwo ƒe lãmesẽgbɔkpɔnyawo dome le gbegblẽmee, eye wòwɔe be dɔléle xoxo aɖewo abe yɔmekpe, agbadza, kple asrã gale tɔtrɔm gbɔ kple adã. Le kpɔɖeŋu me, Asia dukɔ aɖe bua akɔnta fifia be ame 40,000 sɔŋ ŋue wole yɔmekpe kpɔm le yeyee ƒe sia ƒe. Le Ɣedzeƒe Europa dukɔ aɖe me la, amesiwo le agbadza xɔm dzi ɖe edzi zi gbɔ zi 40 le ƒe ewo siwo va yi me.

Gake nusi wɔ mo yaa enye be togbɔ be dɔxɔleameŋuwo trɔ zu afɔkuwo hã la, le nyateƒe me, dɔléle siwo woate ŋu axe mɔ na bɔbɔe wu ye wonye hafi. Le nyateƒe me la, nyatakaka la gblɔ be “anye ne woate ŋu azã United States dɔlar 5 ɖe ame ɖeka ɖesiaɖe ŋu atsɔ axe mɔ na” ame miliɔn 13 siwo dɔxɔleameŋuwo wu le ƒe 1999 me la dometɔ akpa gãtɔ ƒe kuku hafi. Ne ɖe xexeame ƒe dziɖuɖuwo alɔ̃ azã dɔlar 5 ɖe ame ɖeka ɖesiaɖe ƒe lãmesẽgbɔkpɔkpɔ ŋu—si katã ava nye dɔlar biliɔn 30—la, kpɔ amesiwo gbegbe ƒe kuku dzodzroe si woate ŋu axe mɔ na hafi ɖa!

Togbɔ be ga home sia sɔ gbɔ hã la, meɖi naneke kura o ne míetsɔe sɔ kple ga si xexeame gblẽna ɖe dɔwɔna bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe aɖe si va yi medidi boo o me la, ga home si wozã le xexeame godoo ɖe asrafowo ŋu ɖo dɔlar biliɔn 864—si nye $144 zazã ɖe ame ɖeka ŋu. Wò ya bu ga gbogbo bubu si wogazãna tsɔ dzrana ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu tsɔ wu be woazãe ɖe dɔléle nu tsitsi ŋu kpɔ! Ðewohĩ nya la koe nye be dɔxɔleameŋuwo nu tsitsi gbɔ ameƒomea ƒe ŋutete ŋu yi—menye gae meli o, ke boŋ susu deto aɖewo tae. Ne èbu eŋu kpɔ la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu aɖo nu veviwo nɔƒe gbãtɔ gɔ̃ hã o.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]

X ray: New Jersey Medical School—National Tuberculosis Center

Photo of man coughing: WHO/Thierry Falise