Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Marabou—Xe si Ŋu Wobua Vɔ̃ Ðo Madzemadzee

Marabou—Xe si Ŋu Wobua Vɔ̃ Ðo Madzemadzee

 Marabou—Xe si Ŋu Wobua Vɔ̃ Ðo Madzemadzee

Etso Nyɔ! Ŋlɔla Si Le Kenya Gbɔ

 “Nyemekpɔ xevi tavɔ̃etɔ aɖeke kpɔ de damixe ƒomevi aɖe si woyɔna be marabou nu . . . o.”The World’s Wild Places—Africa’s Rift Valley.

LE XEVI geɖe siwo le Afrika dome la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋue woƒo nu vɔ̃ le de marabou nu. Woƒoa nu tso xe sia ŋu zi geɖe be edoa adã, menya kpɔ o, eye mewɔa nu nyui aɖeke o. Edze ƒã be ame geɖe bua susu vɔ̃ ɖe xe sia ŋu.

Ðe xevi dzeani siwo si gbe vivi le ƒe nu doa dzidzɔ na wòa? Esia dometɔ aɖeke mele marabou ya si o. Alesi xevia ƒe ta le hɛ̃ eye fu aɖeke mele kɔ ŋu nɛ o na be wòdzena abe ɖee wòlé blanui eye nu te eŋu ene. Le esiwo tsi gome la, nu dzĩ aɖe le kɔ me na wo, si ɖi taya titri aɖe si te ŋu vuna gblotoo. Ame akpa gãtɔ bui be kɔmenu titri sia medze xevia le mɔ aɖeke nu o. Gake Ðk. Leon Benun, amesi nye Xeviŋutinunya Dɔwɔƒea ƒe tatɔ le Kenya Dukɔa ƒe Blemanudzraɖoƒe, gblɔ na mí be: “Esi kɔmenua menya kpɔ na míawo o la mefia be medze marabou ya ŋu o.” Togbɔ be ele alea hã, ame aɖeke mekpɔ nya nusi kɔmenu sia wɔna vaseɖe fifia o.

Xevia ƒe nuɖuƒe hã menya kpɔna na ekpɔlawo o. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be nu kuku ɖulae wònye. Ne makpɔ nu kuku aɖeke o la, wònyae be ewua xevi bubuwo tsɔ ɖia kɔe na eƒe vemevivi lae. Eyata mewɔ nuku o be edze abe ɖe ame geɖe lé fui vevie ene.

Gake togbɔ be marabou la ƒe dzedzeme kple nuwɔnawo menya kpɔ o hã la, nɔnɔme nyoameŋu aɖewo ya le esi. Wɔ ɖeka kpli mí míanya xevi sia si ŋu woƒoa nu gbegblẽ le ŋutɔ la ɖe edzi nyuie.

Edzɔ Atsu le Xewo Dome

Wogblɔ be marabou enye xevi gãtɔ kekeake le damixe ƒomea me. Atsua si tsi nyuie te ŋu kɔna dea sentimeta 150 eye eƒe kpekpeme wua kilogram 8. Nɔeawo ya le ɖagbie wu. Xevia ƒe dɔ tsuẽ—si nye eŋutinu sẽŋu aɖe si wòtsɔna foa lã le lã kukuwo ŋui—la te ŋu didina sentimeta 30 kple edzivɔ.

Togbɔ be damixe sia lolo ŋutɔ hã la, ebi ɖe dzodzo le yame me ŋutɔ. Marabou ƒe aʋala evea siwo ƒe didime wu meta 2.5 la wɔnɛ be wòte ŋu saa agba kple xe bibiwo. Ne ele yame hetrɔ kɔ ɖe akpa ɖeka vie eye wòdo eƒe afɔ legbeawo ɖe megbe la, enya kpɔna ŋutɔ. Ete ŋu zãa ya xɔdzo si ƒona yia dzi la wòkpena ɖe eŋu le dzodzo me bɔbɔe, eye ɣeaɖewoɣi la, ete ŋu yia yame ʋĩ ale gbegbe be ŋku megate ŋu kpɔnɛ tsoa anyigba o! Le nyateƒe me la, wode dzesii be marabou te ŋu saa agba le afisi didi meta 4,000 tso anyigba gbɔ!

Dzila Vidzikpɔla Nyuiwo

Gake nusi ganyakpɔna ŋutɔ le marabou la ŋu enye vidzikpɔkpɔdɔ si wòléa be na wɔna. Le nyateƒe me wo viwo nyinyi nye dɔ sesẽ aɖe si dzea  egɔme tso atɔ wɔwɔ dzi. Le teƒe si sɔ be woawɔ atɔa ɖo la didi vɔ megbe la, atsua dzea ewɔwɔ gɔme eye nɔea va kpena ɖe eŋu emegbe. Menye ɖe atɔ si wowɔna si gbɔ didina tsoa anyigba gbɔ meta 30 ɣeaɖewoɣi la dzea ani boo hã o. Atɔ si ƒe kekeme nye meta ɖeka, si wotsɔ ati ƒuƒuwo, atilɔwo, kple aŋgbawo lɔ̃na ɖewoɖewoe wònɔa gbadzaa koe wònyena. Le nyateƒe me la, ɣeaɖewoɣi xeviawo dometɔ aɖewo va nyia atɔ xoxowo dome, hegbugbɔna tsɔa atilɔ fẽwo kple nu bubuwo trɔa asi le eŋu. Wode dzesii be marabou ƒomevi aɖe te ŋu ƒoa vi le teƒe ɖeka aɖe hena ƒe 50.

Le esime atɔa wɔwɔ le edzi yim la, marabou-tsu la tea kpeɖeŋutɔ didi. To vovo na alesi wòle le xe geɖewo dome la, atsua lalana vaseɖe esime nɔea tena ɖe eŋu. Nɔe geɖe tena ɖe eŋu le mɔkpɔkpɔ me be yewoƒe nu adze atsua ŋu. Atsua gbea wo dometɔ geɖe. Gake kutrikuku hea dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nɔe aɖe ƒe nu va dzea atsua ŋu mlɔeba. Le woƒe ŋugbedodo me nɔɣi la, xe eveawo siaa ƒe kɔmenua vuna gblotoo, eye wonɔa gbe tem nɔa ŋɔdzi dom na bubuwo be womagate ɖe yewo ŋu o. Woƒe gbetete aɖewoe nye muu, hwĩi, kple akuilɔlɔ̃ tɔgbe aɖe—siwo nye gbeɖiɖi siwo ko wonya na marabou-wo tsɔ kpe ɖe woƒe dɔ kpekpeawo ƒoƒo kpakpaakpa ɣeaɖewoɣi ƒe ɖiɖi ŋu. Ðekawɔwɔ sẽŋu aɖe va nɔa wo dome, si me gasẽna ɖe edzi to woƒe nuwɔna nyanyɛ aɖe, si nye gbedodo na wo nɔeawo ɣesiaɣi si wo dometɔ aɖe trɔ va atɔa gbɔ me. Le gbedoname sia me la, wowua ta dzi hebɔbɔa ta ɖe anyi eye emegbe woƒoa woƒe dɔwo kpakpakpa ɣeyiɣi didi aɖe.

Atsu kple asi la wɔa ɖeka yia atɔa wɔwɔ dzi wua enu. Azia dzi dɔdɔ hã nye woa kple evea ƒe dɔ. Le ɣleti ɖeka ƒe azia dzi dɔdɔ alo toxɔɖoɖo megbe la, azi ɣi eve alo etɔ̃ la ƒoa vi hɛ̃ siwo ŋu fu mele fũ o siwo me dzila evea siaa atsɔ ɖe le vevie. Wokpɔa marabou sue siawo dzi nyuie ale gbegbe. Wodzea nuɖuɖu, siwo me nunyiame geɖe le, abe tɔmelã ene, nana wo gɔme ɖe ɖoɖonu. Le teƒe siwo nye tɔbawo, siwo marabou-awo lɔ̃a yiyi edziedzi la, dzilaawo te ŋu kpɔa akpɔkplɔ gbogbo aɖewo, siwo nye woƒe nuɖuɖu vevi bubu la, nana ɖeviawo. Ðeviawo te ŋu mía nu kui siwo wo dzilawo ɖu heva dzɔ ɖe atɔa me la. Xevi siawo metsina kabakaba o, negbe ɖeko woxɔ ɣleti ene hafi wote ŋu nɔa wo ɖokui si—esime wote ŋu dzona yia didiƒe tsoa atɔa gbɔ.

Dzadzɛnyenye Dɔwɔlawo

Togbɔ be woɖua fewu le marabou ŋu edziedzi be eɖua nu kukuwo hã la, ewɔa dɔ vevi  aɖe. Lãlénuwo gblẽa lã ƒaƒãwo ɖe Afrika-gbewo dzi keŋ. Ne womewɔ naneke le lã ƒaƒã siawo ŋu o la, woate ŋu akaka dɔlélewo bɔbɔe ahade amewo kple lãwo siaa ƒe agbe afɔku me. Ke hã marabou la wɔa dɔ vevi si nye gbeɖuɖɔwo ɖeɖeɖa. Woa kple akagã—si hã nye xelénu aɖe si veme vivina na ŋutɔ—woléa ŋku ɖe gbeawo dzi kpɔna ɖa be nu kuku aɖewo tsi anyi hã. Ne woke ɖe ɖe ŋu la, marabou la lalana be akagã siwo megbɔa dzi ɖi kura o la natsɔ woƒe dɔ gɔdɔeawo avuvu nu kukuae. Le ɣeyiɣi si sɔ me la, marabou la dzona vaa nu kukua gbɔ enumake hetsɔa eƒe dɔ legbee si le abe amekohɛ ene la kaa lã ƒe ɖe, eye wògatrɔna ɖadzena ɖe adzɔge ganɔa mɔnukpɔkpɔ bubu lalam. Ne akagãwo ɖu nua ɖi ƒo la, ekema ɣeyiɣi dena na marabou awo be woawɔ dzre ɖe lãkusi siwo susɔ la ta. Marabouawo mia nusianu si ate ŋu ato veme na wo la, negbe ƒuawo ko. Wote ŋu mia lãkɔ siwo ƒe kpekpeme dena gram 600 la gɔ̃ hã bɔbɔe.

Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, marabou la keke eƒe ameɖokuigbɔdzadzraɖodɔa ɖe enu wògbɔ enɔƒe ƒe liƒowo ŋu. Xe sia megavɔ̃a amegbetɔ o eye wova bɔ ɖe dugã kple kɔƒewo ƒe aɖukpowo dzi. Nukae do tso eme? Nutowo me vale dzedzɛ wu. Marabou la tsaa tsi gbegblẽ siwo tsoa lãtsoƒewo me gɔ̃ hã, nɔa lã wuwluiwo dim. Míate ŋu akpɔ alesi gbegbe xe sia sẽe la le kpɔɖeŋu si gbɔna la me. Esime marabou aɖe nɔ gbeɖuɖɔwo me tsam le lãtsoƒe aɖe gbɔ le Kenya ƒe ɣetoɖoƒe la, ete ŋu mi lãtsola aɖe ƒe hɛ. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wokpɔ hɛ la—si ŋu kɔ hele dzo dam—le teƒe ma tututu gbɔ, esime marabou si dzɔe la yi eƒe dɔ dzi abe alesi wòwɔnɛ ɖaa ene, eye naneke mewɔe o!

Etsɔme si Li na Marabou

Togbɔ be marabou ƒe ƒometɔ kplikplikpli, Leptoptilos dubius, si nye damixe ƒomevi aɖe le Asia, le tsɔtsrɔ̃m ɖa hã la, Afrika ƒe marabou-wo le dzidzim ɖe edzi. Futɔ aɖeke mele esi le enɔƒe o. Tsã la, amegbetɔwoe nye marabou ƒe futɔ si ƒe tame sẽ wu la. Wodaa tu damixe gã sia, eye wònyɔa fu bɔbɔe siwo le dzime nɛ la tsɔ doa atsyã na nyɔnuwo ƒe tablanuwoe. Agbalẽ si nye Storks, Ibises and Spoonbills of the World, gblɔ be: “Womebunɛ kura be fu bɔbɔe dzeani sia, si wotsɔna ɖoa atsyɔ̃ na papa alo nane si doa dzidzɔ na nyɔnu ƒe dzi la, nye esi wokpɔna tsoa gbeɖuɖɔwo ŋudɔwɔla gã, kudɔe si menyakpɔna na ame o la gbɔ o.” Dzidzɔtɔe la, xevi siawo tsɔtsrɔ̃ yakatsyɔ sia nu yi le ƒeawo me, eye woƒe xexlẽmea gadze dzidzi ɖe dzi gɔme. Ðikeke mele eme o be míaƒe numedzodzro kpui sia tso marabou la ŋu ɖee fia be mele be woaɖu fewu le eŋu ahaƒo nu gbegblẽ le eŋu koŋ o. Alesi wòdoa vevie nutoa me ƒe dzadzɛnyenyedɔae ɖea vi na mí ŋutɔ. Togbɔ be menyakpɔ le xewo dome o hã la, ehea ŋutikɔkɔe vɛ na Ewɔla la le eya ŋutɔ ƒe mɔ suetɔ nu.—Psalmo 148:7, 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Xevia ƒe dɔ tsuẽ la te ŋu didina sentimeta 30 kple edzivɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

“Marabou” ƒe aʋala eveawo ƒe didime wu meta 2.5

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

© Joe McDonald

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

© M.P. Kahl/VIREO

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Wokpɔa “marabou” viwo dzi nyuie ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Womenya nusi “marabou” ƒe kɔmenua wɔna o

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Atɔ si wowɔna ɣeaɖewoɣi la gbɔ didina meta 30 tso anyigba gbɔ