Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fulélenuwɔnawo Nu Tsitsi

Fulélenuwɔnawo Nu Tsitsi

Fulélenuwɔnawo Nu Tsitsi

“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo.”—MATEO 5:44.

DUKƆ eve siwo nye futɔwo ƒe kplɔlawo zã ŋkeke geɖe tsɔ dzro nu me vevie tso ŋutifafa ŋu. Dukɔ deŋgɔ sẽŋu aɖe ƒe dukplɔla hã nɔ numedzodzroa wɔƒe, eye ezã eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gã kple aɖaŋu te kpɔ be yeana kplɔla eveawo nawɔ ɖeka. Gake xaxa geɖe boŋue gado tso dagbadagba teɖeɖiameŋu siawo katã me. Kaka kwasiɖa ʋɛ aɖewo nava yi la, dukɔ eveawo ganyrɔ wo ɖokui ɖe nusi Newsweek magazine yɔ be “ʋunyaʋunyawɔwɔ sesẽtɔ kekeake si dzɔ ɖe wo dome kpɔ le ƒe blaeve dome” la me.

Le xexeame godoo la, fuléle kple dziku si le gbevovodolawo kple dukɔwo dome nu mete ŋu tsina o, togbɔ be dukplɔlawo dzea agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui hã. Numanyamanya, nyee nyo wu, kple togblẽnyawo gadea dzo fulélenuwɔnawo me wogadzina ɖe edzi. Gake esi egbegbe dziɖulawo le asi tsam blukɔ me yakatsyɔ be yewole egbɔkpɔnu yeye siwo nyo wu dim la, wodo kpo ekpɔkpɔ dze sii be egbɔkpɔnu nyuitɔ li tso blema ke—enye nusi tsi sɔ kple Todzimawunya la. Le mawunya ma gbɔgblɔ me la, Yesu Kristo de dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe mɔwo te. Nya mawo gbɔgblɔ mee wògblɔ nya si míeyɔ ɖe etame, be, “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo.” Menye ɖe nuxlɔ̃amenya ma nye fuléle kple nazãbubu gbɔ kpɔnu nyuitɔ kekeake ko evɔ o ke eya koe nye wo gbɔ kpɔnu si wɔa dɔ hã!

Ðikelawo tua afɔkpo ame ƒe futɔwo lɔlɔ̃ ƒe susua be nukpɔsusu gbɔlo koe eye be edzi manya wɔ o. Gake ne fuléle nye nɔnɔme si wosrɔ̃na la, ke ɖe susu manɔ eme be míabui be woate ŋu agbe esɔsrɔ̃ hã oa? Eyata mɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ le Yesu ƒe nyaawo me na ameƒomea. Woɖee fia be woate ŋu aɖe asi le dziku si wolé ɖe dɔme xoxoxo hã ŋu.

Bu alesi nɔnɔmea nɔ le Yesu ŋɔli le eƒe nyasela Yudatɔwo dome ŋu kpɔ. Mehiã be woayi didiƒe hafi akpɔ futɔwo o. Roma-srafowoe ganɔ nutoa dzi ɖum nɔ adzɔ gãwo xɔm le Yudatɔawo si, wonɔ wo tem ɖe anyi, nɔ ŋlɔmi wɔm le wo ŋu, henɔ wotafam. (Mateo 5:39-42) Gake wo dometɔ aɖewo ate ŋu abu wo havi Yudatɔwo futɔwoe le masɔmasɔ suesue siwo gbɔ womete ŋu kpɔ o eye wodo gã ɖe edzi ta. (Mateo 5:21-24) Ðe Yesu anɔ mɔ kpɔm tso eƒe nyaselawo si nyateƒe be woalɔ̃ amesiwo wɔ nuvevi wo hedo nuxaxa na woa?

Nusi ‘Lɔlɔ̃’ Fia

Gbã la, de dzesii be esi Yesu yɔ ‘lɔlɔ̃’ la, menye lɔlɔ̃ si ƒomevi nɔa xɔlɔ̃ veviwo domee wòwɔnɛ o. Helagbe me nya si wozãna na lɔlɔ̃ si wozã le Mateo 5:44 tso nya a·gaʹpe me. Gɔmesese si le nya sia ŋu fia lɔlɔ̃ si dzi gɔmeɖose kpɔa ŋusẽ ɖo. Vividodoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ medzena le eme kokoko o. Esi wònye gɔmeɖose dzɔdzɔewoe kpɔa ŋusẽ ɖe lɔlɔ̃ sia dzi ta la, eʋãa ame wòdia ame bubuwo ƒe nyonyo, agbe ka kee wonɔna o. Eyata a·gaʹpe ƒe lɔlɔ̃ te ŋu ɖua fulélenuwɔnawo dzi. Yesu ŋutɔ ɖe lɔlɔ̃ sia fia le esime wòle be wòaƒo fi ade Roma-srafo siwo klãe ɖe ati ŋu la, edo gbe ɖa be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nusi wɔm wole o.”—Luka 23:34.

Ðe wòasɔ ŋutɔŋutɔ ne míekpɔ mɔ be xexeame katã axɔ Yesu ƒe nufiafiawo ade eme ale be amewo ava nɔ wo nɔewo lɔ̃ma? Ao, elabena Biblia gblɔ be xexeme sia ayi edzi ade ta afɔku me megbemakpɔmakpɔe. Timoteo II, 3:13 gblɔe ɖi be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi edzi vɔ̃ɖitɔe wu.” Ke hã ame ɖekaɖekawo ate ŋu atɔ te fulélenuwɔnawo ne wova nya gɔmeɖose dzɔdzɔewo nyuie to Biblia sɔsrɔ̃ me. Nuŋlɔɖiwo fia kɔte be ame geɖe to mɔ sia dzi srɔ̃ alesi woatrɔ megbe ade fulélenuwɔna gbogbo siwo ƒo xlã wo. Bu nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Lɔlɔ̃ Sɔsrɔ̃

Esime José xɔ ƒe 13 la, enɔ ŋɔdzinuwɔha aɖe me wowɔa aʋa dzea amewo dzi. * Wofiae be wòalé fu amesiwo wogblɔ nɛ be woawo gbɔe numadzɔmadzɔ siwo wowɔna wòkpɔna la tso. Eƒe taɖodzinue nye be ne wòanya wɔ la, yeaɖe wo ɖa. Esi José kpɔ ehati geɖe ku la, dzi kui vevie eye wòse le eɖokui me be yeabia hlɔ̃. Ne wòle bɔmbwo wɔm la, ebiaa eɖokui be, ‘Nukatae fukpekpe bɔ alea gbegbe ɖo? Ne Mawu aɖe li la, ɖe mele nusiwo le dzɔdzɔm kpɔm oa?’ Etɔtɔna heléa blanui, eye wòfaa avi zi geɖe.

Emegbe José va ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe si le nutoa me ŋu. Le hamea ƒe kpekpe gbãtɔ si wòde me la, ekpɔ lɔlɔ̃ si le ameawo dome dze sii enumake. Amesiame tsɔ vividodoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ do gbe nɛ. Emegbe la, nyati si nye “Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?” me dzodzro na wòkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo tututu wònɔa biabiam. *

Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Biblia me sidzedze geɖe va su José si wòwɔ tɔtrɔwo le eƒe agbenɔnɔ kple alesi wòbua tamee ŋu. Eva srɔ̃e be “amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me. Amesiame, si léa fu . . . la, amewula wònye, eye . . . amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o.”—1 John 3:14, 15.

Gake taku me mama kple ehati ŋɔdzinuwɔlawo menɔ bɔbɔe o. Ɣesiaɣi si wòayi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, wonɔa eyome. Amesiwo nye ehatiwo tsã dometɔ aɖewo gɔ̃ hã de kpekpe ʋɛ aɖewo be yewoanya nusi na José trɔ nenema gbegbe. Esi wonya kpɔ be menye yomemɔfialae wònye o alo be magblẽ nu le yewo ŋu o ko la, wova dzudzɔ eyome titi. José xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo esime wòxɔ ƒe 17. Enumake ete gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣiawo katã. Le esi teƒe be wòanɔ nugbe ɖom ɖe amewo wuwu ŋu la, fifia lɔlɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ ƒe nyae wòtsɔna yina na wo azɔ!

Gbevovodolawo Dome Mɔxenuwo Ðeɖe Ða

Ðe gbe vovovo dolawo ate ŋu aɖe fuléle si de mama wo dome ɖa? Bu Yehowa Ðasefo Amharik-gbedolawo ƒe ƒuƒoƒo si le London, England ŋu kpɔ. Ƒuƒoƒoa me tɔwo ade 35—wo dometɔ 20 nye Ethiopiatɔwo eye 15 nye Eritreatɔwo. Wosubɔna le teƒe ɖeka le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me togbɔ be le Afrika la, Eritreatɔwo kple Ethiopiatɔwo wɔ aʋa sesẽ aɖe nyitsɔ laa hã.

Ðasefo Ethiopiatɔ aɖe ƒe ƒometɔwo gblɔ nɛ be: ‘Mègaka ɖe Eritreatɔwo dzi gbeɖe o!’ Gake fifia la, menye ɖe wòkana ɖe ehati Kristotɔ Eritreatɔwo dzi ko o ke eyɔa wo be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu hã! Togbɔ be Tigrinyagbe ye Eritreatɔ siawo dona hã la, woɖoe va srɔ̃ Amharikgbe—si nye gbe si wo nɔvi Ethiopiatɔwo dona—bene yewoate ŋu asrɔ̃ Biblia ɖe wo ti. Ŋusẽ si le mawumelɔlɔ̃ ŋu be ‘wòte ŋu naa ɖekawɔwɔ deblibo nɔa amewo dome’ ŋuti kpeɖodzi wɔnuku ka gbegbee nye si!—Kolosetɔwo 3:14.

Asiɖeɖe le Nusiwo Dzɔ Va Yi Ŋu

Ke nenye be wowɔ ŋlɔmi le ame aɖe ŋu kpɔ va yi ya ɖe? Ðe mele dzɔdzɔme nu be woalé dziku ɖe dɔme ɖe fuwɔamelaawo ŋu oa? Bu Manfred, si nye Ðasefo tso Germany ŋu kpɔ. Le eƒe agbe me la, ezã ƒe ade tsɔ nɔ Kɔmiunisttɔwo ƒe gaxɔ me le Yehowa Ðasefo si wònye dzaa ko ta. Ðe wòlé fu amesiwo tee ɖe anyi la kpɔ alo wòdzroe kpɔ be yeabia hlɔ̃a? Eɖo eŋu be, “Ao.” Le nya si Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Saarbrücker Zeitung gblɔ nu la, Manfred ɖe nu me be: “Be woawɔ numadzɔmadzɔ ɖe numadzɔmadzɔ teƒe la, . . . wɔɖenui koe wòdzina eye enuenu la, enana wowɔa numadzɔmadzɔ yeyewo.” Edze ƒã be nya siwo Biblia gblɔ dzie Manfred wɔ, be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, . . . ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—Romatɔwo 12:17, 18.

Xexe si me Fuléle Manɔ O!

Yehowa Ðasefowo meƒua asi akɔ be yewode blibo le go sia me o. Wokpɔnɛ zi geɖe be asiɖeɖe le dziku kple fuléle xoxowo ŋu mele bɔbɔe o. Ebia kutrikuku edziedzi be woawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le agbe me. Ne míagblɔe gbadzaa la, Yehowa Ðasefowo nye ŋusẽ si le Biblia si be wòte ŋu tsia fulélenuwɔnawo nu ƒe kpɔɖeŋu gbagbe. Ðasefowo to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe dzi le kpekpem ɖe ame akpe geɖe ŋu ƒe sia ƒe be woadzudzɔ fuléle ŋutigbalẽ bubu tɔwo aɖe asi le nyee nyo wu ƒe nukpɔsusu ŋu. * (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Biblia ƒe Aɖaŋuɖoɖo Naa Wodzudzɔa Fuléle.”) Dzidzedze si wokpɔ alea nye kpɔɖeŋu na nusi ava do tso xexeame godoo ƒe hehenanaɖoɖo si ava ɖe fuléle kple nusiwo gbɔ wòtsona ɖa keŋkeŋ kpuie. Hehenanaɖoɖo sia si gbɔna le etsɔme la awɔ dɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe kpɔkplɔ te alo xexeame godoo ƒe dziɖuɖu te. Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia Fiaɖuƒe ma le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖaa me, esime wògblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava.”—Mateo 6:9, 10.

Biblia do ŋugbe be le dziƒodziɖuɖu sia ƒe kpɔkplɔ te la, “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi.” (Yesaya 11:9; 54:13) Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siwo wolɔ̃a yɔyɔ ava eme ɣemaɣi le anyigba dzi godoo: “[Mawu] adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Mɔ sia dzie Mawu ŋutɔ ato atsi fulélenuwɔna gblẽnuawo nui tegbetegbe.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ye o.

^ mm. 12 Kpɔ ta 8 lia, “Nukatae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li Ðo?” le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta me.

^ mm. 21 Ne èkpɔ Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ alo ne èŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe magazine sia talawo la, woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo na wò.

[Aɖaka si le axa 11]

Biblia Ƒe Aɖaŋuɖoɖo Naa Wodzudzɔa Fuléle

“Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ðe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã?” (Yakobo 4:1) Zi geɖe la, míate ŋu atsi masɔmasɔ siwo nɔa mía kple amewo dome nu ne míesrɔ̃ alesi míaɖu mía ŋutɔwo ƒe dzodzrowo dzii.

“Amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ tɔ dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!” (Filipitɔwo 2:4) Ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu bubu do ŋgɔ na mía ŋutɔwo tɔ nye mɔ bubu si dzi míato atsi masɔmasɔ si mele be wòava hafi o nu.

“Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!” (Psalmo 37:8) Míate ŋu aɖu seselelãme gblẽnuwo dzi eye ele be míaɖu wo dzi hã.

“Mawu wɔ . . . amewo katã tso ame ɖeka me be woanɔ anyigba la dzi godoo.” (Dɔwɔwɔwo 17:24, 26, NW) Esi mí katã míenye amegbetɔƒome ɖeka me tɔwo ta la, susu mele eme be míabui be míele ŋgɔ na ŋutigbalẽ bubu tɔwo o.

“Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.” (Filipitɔwo 2:3) Enye bometsitsi be míabu ame bubuwo ame maɖinuwoe—elabena zi geɖe la, nɔnɔmewo kple ŋutetewo le ame mawo si siwo mele míawo ya si o. Ŋutigbalẽ bubu tɔwo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka aɖe alo nuto ɖeka aɖeke meli si me tɔwo nyo le nusianu me o.

“Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame.” (Galatiatɔwo 6:10) Agbagbadzedze vie be míadze xɔ̃ ame bubuwo ahakpe ɖe wo ŋu, ŋutigbalẽ ka kee ɖale wo ŋu alo nuto ka mee wotso o, awɔ geɖe aɖɔ kadodo ƒe kuxiwo ɖo ahaɖe nugɔmemasemasewo ɖa.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Ethiopia kple Eritrea Ðasefowo subɔna ɖekae le ŋutifafa me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Manfred, amesi tsi agbe le Kɔmiunist gaxɔ me, gbe fuléle

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Biblia ate ŋu awɔe be woaɖe nusiwo ma amewo dome ɖa