Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wonaa Kpekpeɖeŋu le Afisiafi

Wonaa Kpekpeɖeŋu le Afisiafi

 Wonaa Kpekpeɖeŋu le Afisiafi

BAXTER, si nye ƒe 15 vi aɖe si le kɔledzi dem wɔa eƒe Memleɖa ɣetrɔ ɖesiaɖe ŋudɔ le mɔ lédziname aɖe nu. Eɖia tsa yia ame tsitsiwo nɔƒe ɖaƒoa ha na wo eye wòƒoa wo nu ƒu wodzia ha ɖekae. Baxter ƒe nufiala gblɔ be: “Enaa aƒea me nɔlawo koa nu, kpɔa dzidzɔ, eye agbe yeye gaɖoa wo me.” Lucille si xɔ ƒe 78 hã wɔa dɔmenyonu ma ke tɔgbe. Emaa nuɖuɖu na dɔwuitɔwo eye wòyia kɔdzi ɖasrãa dɔnɔ siwo tsi akogo kpɔna. Lucille xɔlɔ̃ aɖe gblɔ tso eŋu be: “Ne hiahiã aɖe li eye wòate ŋu awɔ nane tso eŋu la, èwɔnɛ.”

Woɖe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ Gɔme

Agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu sia si nye—‘Tsɔ ɖokuiwò na ne hiahiã li’—le ame miliɔn geɖe si le xexeame godoo. Wonaa kpekpeɖeŋu le xɔtudɔwɔƒewo kple ɔfiswo, adzɔnuwɔƒewo, dɔnɔdzikpɔƒewo, aʋasilawo ƒe asaɖawo me, aƒemanɔsitɔwo ƒe nɔƒewo, dzotsidɔwɔƒewo, hiãtuamegbɔkpɔƒewo, lãwo gbɔ kpɔƒewo, kple teƒe bubuwo. Wowɔa dɔ le teƒe ɖesiaɖe kloe! Wozãa woƒe ŋutetewo le dɔwɔna siwo ƒe ɖewoe nye avawo tutu kple gabiabia me kpakple le vidzĩ siwo wotsɔ ƒu gbe dzi kpɔkpɔ kple beléle na dɔnɔ siwo ƒe dɔléle awu wo me. Wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo—amesiwo ƒe dɔwɔnawo ɖea vi na amesiwo hiã tu.

Woɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ gɔme be enye “tamesusu deŋgɔ si wotsɔ de dɔwɔwɔ me.” Elɔ nɔnɔme siwo nye kuku ɖe tameɖoɖo aɖe ŋu, ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbɔgbɔ, teƒeɖoɖo maxɔmaxɔ, kple ɖokuitɔmadimadi ɖeɖefia  ɖe eme. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla eve aɖewo siwo wɔ dɔ ɣeyiɣi didi gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ [nye] mía ɖokui tsɔtsɔ ke: míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe asiwo kple afɔwo, míaƒe aɖaŋu, míaƒe ŋutete si míatsɔ akpe ɖe amewo ŋu, aɖaŋu si le mía si ɖe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu, nusi míenya le dɔ ŋu.” Dzidzɔtɔe la, nunana alea ɖea vi na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo ŋutɔ hã.—Kpɔ aɖaka si nye “Eɖea Vi na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Hã.”

Wole Agbɔ Sɔm—Hiahiã la Le Dzidzim Ðe Edzi

Amesiwo ade miliɔn 100 ye wɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo le United States—eye woƒe xexlẽmea le dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi. Kathleen Bethrens si nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔha si nye New York Cares (New York Tsɔ Ðe Le Eme) ƒe dɔnunɔlagã gblɔ na Nyɔ! ŋlɔla aɖe nyitsɔ laa be: “Míaƒe habɔbɔa le ta kekem kabakaba ŋutɔ. Le ƒe si va yi ɖeɖe me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 5,000 ye va kpe ɖe míaƒe dɔwɔhaa ŋu.” Europatɔwo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔhawo hã le dzidzim ɖe edzi alea ke. Le kpɔɖeŋu me le France la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nɔa dzidzim ɖe edzi alafa memama 6 le ƒe blave siwo va yi ƒe ƒe ɖesiaɖe me. Ke hã alesi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla hiã dzi meɖe kpɔtɔ o. Ke boŋ Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Habɔbɔ (si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe alɔdze aɖe) gblɔ be ne woabu alesi nɔnɔmea le le xexeame godoo la, “lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe dɔwɔnawo hiã egbea geɖe ŋutɔ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.” Blemanudzraɖoƒe dzikpɔla aɖe gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo dzie míaƒe dɔa nɔ te ɖo.”

Ke hã nɔnɔme masɔmasɔ aɖe li. Togbɔ  be dɔnunɔlawo, dɔmemegãwo, kple dɔdzikpɔla siwo wɔa dɔ kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo bua amesiawo be “woxɔ asi abe sika ene hã la,” ame geɖe mekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe dɔ akpa gãtɔ ŋu o. Bene woadze egɔme atrɔ nɔnɔmea la, Dukɔ Ƒoƒuawo ɖoe be yewoazã ƒe 2001 atsɔ ahe amewo ƒe susu ɖe dɔ siwo wɔm lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le ŋu. Aɖaka si nye “Dukɔwo Dome Ƒe na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo” ƒo nu tso taɖodzinu siwo gbɔ Dukɔ Ƒoƒuawo kpɔ mɔ be yewoaɖo la ŋu.

Gake fifia la, nu geɖe le tɔtrɔm le lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ ŋu si va zu kuxi na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kple amesiwo kpɔa woƒe dɔwo dzi siaa. Togbɔ be ele nenema hã la, ame geɖe gakpɔtɔ le xexeame godoo siwo le klalo be yewoatsɔ yewo ɖokuiwo ake hena ame bubuwo ƒe nyonyo. Nukae ʋãa wo be wowɔa nusia? Nukae dona tsoa woƒe agbagbadzedzewo me? Eye nukae woate ŋu awɔ na wò le agbe me?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

Eɖea Vi na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo Hã

Michael si nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla gblɔ be: “Agbagbadzedze be makpe ɖe amewo ŋu na teƒeɖoɖo nyuitɔ kple esi ŋu gɔmesese kple dzidzɔkpɔkpɔ lem wu esi mavu ɖe nye ŋutɔ ƒe dɔwo wɔwɔ ŋu.” Menye Michael ɖeɖekoe sena le eɖokui me nenema o. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo ƒe dɔdzikpɔlagã, Sharon Capeling-Alakija gblɔ be: “Le xexeame godoo la, amesiwo . . . wɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo nya viɖe siwo gbegbe wokpɔna la nyuie.” Ðk. Douglas M. Lawson, amesi bi le lɔlɔ̃nu faa dɔwo ŋu nyawo me ʋu eme be numekulawo kpɔe be “le gaƒoƒo ʋɛ aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔwɔ me la, dɔwɔla la ƒe nuwɔna kple tamesusu ƒe nyonyome gaɖɔa ʋu ɖe edzi ale gbegbe be woda ŋkɔ ɖe nɔnɔme sia dzi be ‘Kpekpeɖeŋunala ƒe Dzidzɔ.’” Eye menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe “kpekpeɖeŋunala ƒe dzidzɔ” sia nɔa eme o. Numekula siwo le Cornell Yunivɛsiti le United States lé ŋku ɖe ameha aɖe ŋu ƒe 30 kple edzivɔ eye wode dzesii be “amesiwo wɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwo nɔa dzidzɔkpɔkpɔ kple lãmesẽ me wu amesiwo mewɔnɛ o.” Dzidzɔtɔe la, Biblia gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW; Lododowo 11:25.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dukɔwo Dome Ƒe na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo

Le November 20, 1997 dzi la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpea ɖe gbeƒã ƒe 2001 be enye “Dukɔwo Dome Ƒe na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo” (IYV 2001). Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nya nu la, taɖodzinu ene gbɔe wòle na wo be woaɖo le ƒea me.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo ŋu geɖe wu Wode dzi ƒo na dziɖuɖuwo be woade bubu lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe vevienyenye ŋu ale be woalé ŋku ɖe nusiwo wote ŋu wɔ ŋu aŋlɔe da ɖi eye woana nunanawo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ƒe dɔwɔnawo ɖe dzesi.

Alɔdodoe geɖe wu Woxlɔ̃ nu dukɔwo be woade lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ ƒe dzi ƒo, ale be le kpɔɖeŋu me, amewo nawɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwo ɖe asrafodɔ teƒe alo be woaɖe wo le adzɔxexe aɖewo me.

Nyatakaka ƒe kadodowo Wokpe nyadzɔdzɔgblɔlawo be woakpe asi ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ŋu geɖe wu to nyatakaka tso dɔ nyui siwo wowɔ ŋu me. Awɔe be woate ŋu akpɔ dɔ ma agawɔ bɔbɔe, “bene nuto aɖeke makpe fu le eɖokui si le dɔ ma ke wɔwɔ ŋu o.”

Dɔawo ɖeɖe ɖe go Wode dzi ƒo na lɔlɔ̃nu faa habɔbɔwo be woawɔ ɖoɖo aɖe woƒe dɔwɔnawo afia le dutoƒo bene amewo nanya vi siwo ɖem lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ le na nutoa me tɔwo.

Dukɔ Ƒoƒuawo le mɔ kpɔm be “Ƒe 2001 Dukɔwo Dome Ƒe na Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo” ana woabia kpekpeɖeŋu geɖe wu tso lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo si, be ame geɖe wu atsɔ wo ɖokui ana be yewoawɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwo, kple be amewo ana ga kple kpekpeɖeŋunu geɖe bene lɔlɔ̃nu faa habɔbɔwo natsɔ akpɔ amewo ƒe nuhiahiã siwo le dzidzim ɖe edzi gbɔe. Dziɖuɖu 123 ye de nu eme le alɔ dom Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe taɖodzinu siawo gbɔ kpɔkpɔ.