Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?

Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?

“Ne masɔmasɔ ɖo mía kple danye dome la, Mama kpena ɖe mía ŋu be míedzraa mía dome ɖo.”—Damaris.

“LE ŊUTINYA katã me la, tɔgbuiwo kple mamawo nye amesiwo kpɔa ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ta bene ƒome ƒe dzidzenuwo magabu o.” Aleae Ðk. Arthur Kornhaber ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Grandparent Power! me. Eŋlɔ kpee be: “Wonyea nufialawo, amesiwo naa kpekpeɖeŋu dzilawo, ŋutinyanyalawo, hehenalawo, aɖaŋuɖolawo, kple modzakaɖelawo gɔ̃ hã, eye le esia ta akpa si wowɔna le susu, hadome, kple gbɔgbɔ me gome la le vevie ŋutɔ. Nyemesea nusitae mía tɔwo gbea bubudede akpa vevi vovovo siwo tɔgbuiwo kple mamawo wɔna ŋu la gɔme o.”

Le blemaɣeyiɣiwo me la, tɔgbuiwo kple mamawoe nyea gɔmeɖokpe na ƒomegbenɔnɔ, vevietɔ le Yehowa Mawu subɔlawo dome. Biblia de se na Israel-viwo be woade bubu kple asixɔxɔ ame tsitsiwo ŋu. (Mose III, 19:32) Wobua tɔgbuiwo kple mamawo be edze be woade bubu wo ŋu vevie ŋutɔ.—Timoteo I, 5:4.

Nublanuitɔe la, nuwo trɔ. Zi geɖe la, ƒometɔwo dome didina tsoa wo nɔewo gbɔ, eye sɔhɛ geɖe mete ŋu kpɔa wo tɔgbuiwo kple mamawo edziedzi o. Amewo ƒe nɔnɔmewo hã trɔ. Le xexeame ƒe akpa geɖewo la, womewɔa nu ɖe ame tsitsiwo—kple ƒometɔwo gɔ̃ hã—ŋu le bubu me o. (Timoteo II, 3:1-3) Edze abe nusi woyɔna be ame tsitsiwo kple ɖeviwo dome kadodo manɔanyi si le dzidzimewo dome tsã la le lolom ɖe edzi fifia ene. Sɔhɛ geɖe bua wo tɔgbuiwo kple mamawo be wonye tsigãdzitɔwo eye be womenya egbeŋkekea me nyawo o. Womebunɛ be ame tsitsi siawo ate ŋu ase nyaƒoɖeamenu kple kuxi siwo sɔhɛwo dzea ŋgɔe egbea la gɔme o.

Ne aleae nèsena le ɖokuiwò me la, ke lɔ̃ faa nàgagbugbɔ nyaa ŋu abu! Elabena asixɔxɔ gã aɖe le tɔgbuiwòwo kple mamawòwo nyanya nyuie ŋuvevietɔ ne wonye Mawu vɔ̃lawo. Eye ne mèkpɔ nya amesi ƒomeviwo wonye haɖe o la, ate ŋu anye be nu vevi aɖe le ŋuwò tom. Le mɔ ka nu?

Nunya Kple Aɖaŋuɖoɖo Tsoƒe

Sɔhɛ geɖe va kpɔe be tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu anye bebeƒe le sɔhɛmenɔɣi ƒe ɣeyiɣi sesẽwo me. Seventeen magazine gblɔ be: “Le esi ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ su wo si le agbenɔnɔ me ta la, wote ŋu naa kpekpeɖeŋu le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me wu hatiwòwo, amesiwo le kame tem kple nusiwo tututu le fu ɖem na wò la. Zi gbãtɔ enye ma si mia kple hatiwòwo míele agbe me tɔtrɔ sesẽwo me tom; tɔgbuiwò kple mamawò to emawo ƒomevi geɖe me. Nunya nɔa wo si zi geɖe eye wobina hã.” Ðeko aɖaŋuɖoɖo sia gagbugbɔ nusi Biblia gblɔ ƒe alafa geɖe la gblɔ ake be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.”—Lododowo 16:31.

Nyateƒee, anɔ eme be xexe si to vovo kura na esi me nèle fifia mee tɔgbuiwòwo kple mamawòwo tsi le. Gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be ɣeaɖewoɣi la, woawo hã wose seselelãme siwo nèle avu wɔm kpli fifia la le wo ɖokui me nenema ke. Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ manɔ asiwò fũ le seselelãme siawo gbɔ kpɔkpɔ me o hã la, tɔgbuiwòwo kple mamawòwo tsɔ woƒe agbemeŋkekewo katã nɔ te ɖe wo nui. (Lododowo 1:4) Ame dzɔdzɔe Hiob bia be: ‘Ðe nunya mele amegã ɖeɖiwo si, eye tagbɔ kɔkɔ li na ame tsitsiwo oa?’ (Hiob 12:12) Ẽ, susu ma tae tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu anye kpekpeɖeŋunalawo ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣi ne sɔhɛ aɖe hiã na aɖaŋuɖoɖo, dzideƒonamenya, alo kpekpeɖeŋu si da sɔ.

Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbivi si nye Damaris mama nɔ Damaris kple dadaa gbɔ le aƒe ɖeka me le dugã me. Damaris gblɔ be: “Ne masɔmasɔ ɖo mía kple danye dome la, Mama kpena ɖe mía ŋu be míedzraa mía dome ɖo. Efiaa mɔ bubu si nu wòle be mabu nyaa ŋu atoe lam.”

Nusia tɔgbe ke dzɔ ɖe Alexandria hã dzi esime eƒe ƒomea ʋu eye wòhiã be wòayi suku bubu. Alexandria gblɔ be: “Nye nufiala yeyea ƒe nya me sẽ eye dzi kunɛ kabakaba.” Eyata esesẽ na Alexandria be wòaɖe dzi ɖi le suku yeyea me. Gake mamae nye amesi kpe ɖe eyama ŋu. Ede dzi ƒo na Alexandria be wòatsɔ susu nyui abu nɔnɔmea ŋui. Alexandria gblɔ be: “Fifia nye sukua kple nye nufiala la ƒe nu dzɔa dzi nam.”

Ðekakpui aɖe si le Brazil si woyɔna be Rafael gblɔ le kpekpeɖeŋu si tɔgbuiawo kple mamaawo nae esime wògayi suku bubu aɖe le dodo le suku kɔkɔ vɔ megbe ŋu be: “Woɖo aɖaŋu geɖe nam tso hadede kple alesi woanɔ te ɖe atikevɔ̃ɖiwo ƒe kuxiwo nui ŋu.” Fifia, Rafael nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla.

Eda LeShan si si mamayɔviwo le gblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Grandparenting in a Changing World me. Eŋlɔ bena: “Mamayɔvinye nyɔnu yɔm gbeɖeka gblɔ bena: ‘Mama, medi be nàkpe ɖe ŋunye manɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu.’ Eƒe sukuxɔmevi aɖewo le agbagba dzem be yewoana wòaɖo gbe ɖi kple ŋutsuviwo, siwo dometɔ aɖewo yɔnɛ le telefon dzi.” Le mamayɔvia ƒe biabia nu la, mamaa te ŋu ɖo aɖaŋu si me kpekpeɖeŋu si hiãe le la nɛ. Àkpɔe be dzeɖoɖo kpuie kple tɔgbui alo mama lɔ̃ame ate ŋu anye afisi woakpɔ agbenyuinɔnɔ ƒe ŋusẽdodo tsoe nenema ke.

Zi geɖe la, tɔgbuiwo kple mamawo nyea kpeɖeŋutɔwo, vevietɔ le ƒomea ƒe xaxawo, abe dɔlényawo alo kunyawo ene, me. Esi dɔléle sesẽ aɖe wu Lacey si nye ɖevi dzaa fofo la, mamaa kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe enu. Lacey gblɔ be: “Míeva lé ɖe mía nɔewo ŋu wu tsã.”

Lɔlɔ̃ ƒe Nublanu Tɔxɛ Aɖe

Adzɔ hã be nyahehe si nɔa sɔhɛwo kple wo dzilawo dome ɣeaɖewoɣi la manɔ mia kple tɔgbuiwòwo kpakple mamawòwo dome o. Nukatae wòate ŋu anɔ alea? Susu ɖekae nye be ƒomedodo tɔxɛ aɖe nɔa amewo kple wo tɔgbuiwo kpakple wo mamawo dome zi geɖe. Biblia gblɔ be: “Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo.”—Lododowo 17:6.

Ðo ŋku edzi hã be dziwòlawo—menye tɔgbuiwòwo kple mamawòwo o—dzie agba kpekpea le be woanyi wò “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Esi wònye be agba kpekpe fũ megale tɔgbuiwòwo kple mamawòwo dzi o ta la, womahe nya ɖe ŋuwò fũ abe dziwòlawo ene o. Gakpe ɖe eŋu hã, ƒomea dzi kpɔkpɔ gbesiagbe ƒe agbanɔamedziwo kple nyaƒoɖeamenuwo menyea ame tɔgbuiwo kple mamawo tɔ o. Le esi woavo vie tso agbanɔamedzi siawo me ta la, anɔ bɔbɔe na wo wu be woakpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ alo aɖo to wò. Tom, amesi xɔ ƒe 17 la, gblɔ alesi tɔgbuiawo kple mamaawo tsɔ ɖe le emee nɛ. Woɖoa ‘nunana suesuewo ɖee le nyatakaka nyui si woxɔna tso eŋu le suku ta’; woxe eƒe saŋkuƒoƒosrɔ̃sukufewo gɔ̃ hã nɛ.

Le nyateƒe me la, menye tɔgbui kple mamawo katãe ate ŋu ana nusiawo o, gake woate ŋu aɖe alesi wotsɔ ɖe le eme na wòe la afia, ɖewohĩ to wò kafukafu kple dzidede ƒo na wò alo toɖoɖo wò ɣesiaɣi me. Esia ate ŋu ana be mia kpli wo dome nanɔ kplikplikpli. Damaris gblɔ le mamaa ŋu be: “Enaa meɖea dzi ɖi, eye mate ŋu ayi egbɔ aƒo nu kplii ɣesiaɣi elabena—ne susu mele nya si gblɔm mele me le ɣeyiɣi ma me o hã la—elɔ̃na faa ɖoa tom.” Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Jônatas hã se vivi na nuƒoƒo faa kple mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi be wòaƒo nu tso nya veviwo ŋu na tɔgbuiawo kple mamaawo nenema ke.

Enye Kpekpe Ðe Ame Nɔewo Ŋu

Togbɔ be tɔgbuiwòwo kple mamawòwo ate ŋu atsɔ woƒe nunya kple lɔlɔ̃ na wò hã la, woawo hã woate ŋu akpɔ viɖe tso wò sɔhɛmenɔnɔ ŋusẽ kple zɔhɛnyenye me. Le mɔ ka nu? Mɔ geɖe li siwo nu nàte ŋu akpe ɖe tɔgbuiwòwo kple mamawò ŋu ahado alɔ wo le. Zi geɖe la, ŋusẽ menɔa wo ŋu o. Alo lãmegbegblẽ anɔ fu ɖem na wo. Ðikeke mele eme o be dzi aɖo wo ƒo ne èkpe ɖe wo ŋu le nuƒeƒle kple aƒemedɔwo wɔwɔ na wo me.

Tɔgbui kple mama geɖewo nye ahowo alo ahosiwo eye wosena le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewotsi akogo. Ne ètsɔ ɖe le eme na wo vevie la, àte ŋu awɔ geɖe atsɔ akpe ɖe wo ŋui be woaɖu akogotsitsi ƒe seselelãmea dzi ahatu dzidzɔ si le wo si ɖe agbe ŋu la ɖo ɖe edzi. Esia wɔwɔ enye mɔ siwo dzi míato awɔ ɖe se si Biblia de be ‘nàɖo eteƒe na tɔgbuiwò kple mamawòwo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me’ la dzi dometɔ ɖeka.—Timoteo I, 5:4.

Ðikeke mele eme o be tete ɖe tɔgbuiwòwo kple mamawòwo ŋu kplikplikpli ate ŋu atu wò agbenɔnɔ—kpakple woawo hã tɔ—ɖo! Ðewohĩ va ɖo fifia la, mànya te ɖe wo ŋu kplikplikpli o. Ðewohĩ èdi be yeawɔ esia gake mènya alesi nàdze egɔmee o. Anye be tɔgbuiwò kple mamawòwo gbɔ didi tso mia gbɔ alo be dziwòlawo dome klã eye esia na mia kple tɔgbuiwòwo kple mamawòwo dome didi ɖe edzi. Nyati aɖe si ava emegbe la aɖo alesi nàte ŋu awɔ nui ɖe nɔnɔme sia ŋu ŋuti ɖaŋu nyui aɖewo.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu anye toɖola nyuiwo kple aɖaŋuɖoɖo kple kpekpeɖeŋu tsoƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Kpe ɖe tɔgbuiwòwo kple mamawòwo ŋu