Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?

Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?

Ðe Egbɔkpɔnua Ke Ganye Kuxia ƒe Akpa Aɖea?

“Vlododo gamenɔlawo kple dzi ɖeɖe le wo ƒo nye mɔ vloetɔ kekeake si dzi woato adzra wo ɖo hena hadomegbenɔnɔ.”—NYADZƆDZƆTALA AÐE ƑE NYA LE THE ATLANTA CONSTITUTION ME.

LE GO geɖe me la gaxɔwo nyea mɔxenu ko—ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔxenu. Ne woɖe asi le gamenɔla ŋu la, ɖe wòɖoa nusi wògblẽ la eteƒea? Alo ɖe wòɖoa eteƒe na amesiwo ŋu wògblẽ nu le alo woƒe lɔlɔ̃tɔwoa? Esime woɖe asi le amewula si wu Rita ƒe vi si xɔ ƒe 16 la ŋu le gamenɔnɔ ƒe etɔ̃ pɛ ko megbe la, nyɔnu sia fa konyi be: “Nyee nye ɖevi si wowu la dada. Taflatse, tɔ sẽ nàbu nya sia ŋu kpɔ. Èle nusi wòfia la kpɔma?” Abe alesi Rita ƒe nya sia fia ene la, vevesesea ganɔa amewo ƒe dzime didina esime ʋɔnudrɔ̃lawo wu woƒe dɔ nu eye nya la ku kura gɔ hã.

Menye amesiwo ŋu wògblẽ nu le koe nya sia ka o, eka amesiame. Ne èsusu eŋu kpɔ la, ne gamenɔlawo trɔ zu ame ɖɔʋuwo alo ŋutasẽlawo le nɔnɔme si me woto le game ta alo wometrɔ o, mlɔeba la, ekpɔa ŋusẽ ɖe wò tomefafa alo wò dedienɔnɔ gɔ̃ hã dzi tẽ.

Nuvlowɔlawo Heƒe

Menye ɣesiaɣie amededegameɖoɖoa ɖɔa amewo ƒe nɔnɔme gbegblẽwo ɖo o. Jill Smolowe ŋlɔ ɖe Time magazine me be: “Ne wogblẽ ga geɖe ɖe gaxɔ yeyewo tutu ŋu ɖe esi woaɖɔ gamenɔlawo ƒe amenyenye ɖo teƒe la, ɖeko wòva zua mɔ si wota na nu gbegblẽ geɖe wu wɔwɔ—na nusiwo gavɔ̃ɖi wu boŋ wɔwɔ.” Peter, * amesi nɔ gaxɔ me ƒe 14 sɔŋ la lɔ̃ ɖe nya ma dzi. Egblɔ be: “Hatinye gamenɔla akpa gãtɔ dze egɔme kple nuvlowɔwɔ suesuewo, woto me va zu nu vlo gãwo wɔlawo, eye mlɔeba wova bi ɖe hlɔ̃dodo me. Ðeko gamenɔnɔ va zu na wo abe dɔsrɔ̃suku dede ene. Wogblẽna ɖe edzi wu tsã ne wodo go.”

Togbɔ be gamenɔnɔ aɖe nuvlowɔlawo ɖa le ame dome vaseɖe ɣeyiɣi aɖe hã la, edze abe dɔ sue aɖe ko wòwɔna le nuvlowɔwɔ dzi kpekpe keŋkeŋ me ene—ne ewɔ ɖe enye ma. Dugã me ŋutsuviwo kple ɖekakpuiwo bua gamenɔnɔ abe ŋutsu me ɖoɖo ƒe kɔnu ene. Zi geɖe la, wova zua nuvlowɔla sẽdzimewo. Larry, amesi tsɔ eƒe agbemeŋkeke nɔa game yimee ganɔ gbɔgbɔm la gblɔ be: “Gamenɔnɔ meɖɔa ame ɖo kura o. Amesiawo dona gava wɔa nu gbegblẽ mawo ƒomevi ake.”

Gamenɔla geɖe siwo doa go le game siwo gava wɔa nu gbegblẽ eye wogaléa wo tuna la na míese nusita nuvlowɔla abe alafa memama 5 ene ye wɔa nuvlo gã alafa memama 50 le United States ɖo la gɔme. Time magazine gblɔ be: “Ne gamenɔlawo menya alesi woawɔ woƒe ɣeyiɣi ŋudɔ woaɖe vi na wo o la, zi geɖe la, wotsɔa ɣeyiɣi ma nɔa adã ɖom hekpe ɖe nuvlowɔɖaŋu vovovo . . . si woava tsɔ ayi ame domee sɔsrɔ̃ ŋu.”

Menye United States koe wòdzɔna le alea o. John Vatis, atikewɔla aɖe si wɔa dɔ le asrafogaxɔ me le Greece ŋlɔ be: “Míaƒe gaxɔwo va xɔ ŋkɔ abe afisi ŋɔdzidonamelawo, ŋutasẽlawo, kple dɔmevevitɔwo tsona ene. Ne woɖe asi le gamenɔlawo ŋu la, wo dometɔ akpa gãtɔ va biaa hlɔ̃ amewo.”

Nusi Wògblẽna le Amewo Ŋu

Gamenɔnɔ ƒe kuxia kpɔa ŋusẽ ɖe wò ganyawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le United States la wobui be wozãa adzɔxelawo ƒe ga $21,000 ƒe sia ƒe ɖe gamenɔla ɖesiaɖe ŋu. Wote ŋu gblẽa ga sia ƒe teƒe etɔ̃ ɖe gamenɔla siwo xɔ wu ƒe 60 ŋu. Amewo ƒe dziɖoɖo ɖe toheɖoɖowo ŋu le bubum ɖe susu bubu aɖewo hã ta le dukɔ geɖe me. Amewo vɔ̃na be woaɖe asi le nuvlowɔlawo ŋu hafi woƒe ɣeyiɣi nava de eye agɔdzela aɖewo asi le gameyiyi nu le sea ƒe gbagbãƒe aɖe si senyala bibi aɖe afɔ la ta. Zi geɖe la, amesiwo ŋu wogblẽ nu le mesena le wo ɖokui me be yewole dedie be nuvlowɔla magava dze yewo dzi ake o, eye wɔna boo aɖeke meli woate ŋu awɔ le senyawo me o.

Amewo ƒe Dzitsitsi Va Le Dzidzim Ðe Edzi

Ŋutasesẽ ƒe nɔnɔme si me gamenɔlawo tona, abe esi ŋu woƒo nu le le aɖaka si le nyatia me me ene la medea dzi ƒo na amewo o. Esesẽna na gamenɔla siwo wowɔ fu madzemadzee le woƒe tohehexɔɣi be woawɔ tɔtrɔ. Hekpe ɖe ŋu la, amegbetɔ ƒe gomenɔamesi habɔbɔ aɖewo tsi dzi ɖe nusita dukɔmeviwo ƒe ƒuƒoƒo sue me tɔwo sɔna gbɔ wu le gaxɔ me ŋu. Wobia nya le esia ŋu nenye be nudogoɖenu wònye loo alo vovototodede ame mee wònye.

Ƒe 1998 Associated Press me nyatakaka aɖe he amewo ƒe susu yi amesiwo nɔ game kpɔ le Holmesburg Gaxɔ me, le Pennsylvania, U.S.A., ƒe xaxawo dzi. Amesiawo bia be woaxe teƒeɖoɖoga na yewo le esi wogblɔ be wodo atike yeyewo ɖe lãme na yewo be woatsɔ akpɔ atikeawo ƒe dɔwɔwɔ ɖa esime yewonɔ gaxɔ me la ta. Ke kɔsɔkɔsɔ dede gamenɔlawo le hame si wogbugbɔ to vɛ le United States ya ɖe? Dukɔwo Dome Agɔdzedzetsɔtsɔke Taʋliha ka nya ta be: “Amesiawo wɔa dɔ tso gaƒoƒo 10 va ɖo 12 le ŋdɔkutsu gbagbagbã nu zi geɖe, eye ɣeyiɣi kpui aɖe ko wonaa wo hena tsinono kple gaƒoƒo ɖeka hena ŋdɔnuɖuɖu. . . . Afɔdzideƒe ɖeka si ko li na gamenɔla siwo wode kɔsɔkɔsɔe enye aɖuɖɔze si wotsɔ avɔ tso eŋgɔ. Kɔsɔkɔsɔawo kpɔtɔ nɔa babla ɖe wo ŋuti ɖekae ne wole afɔdzia dem. Ne womekpɔ aɖuɖɔze o la ke ele be woabɔbɔ ɖe anyigba le gaglãgbe.” Ele eme be mele alea le gaxɔwo katã me ya o. Gake ɖeko ŋutasesẽnuwɔna sia kloa bubu le gamenɔlawo kple amesiwo wɔnɛ la siaa ŋu.

Ðe Wòɖe Vi na Amewoa?

Nyateƒee wònye be ame geɖewo sena le wo ɖokui me be yewole dedie ne wode nugbegblẽwɔlawo gaxɔ me. Gaxɔwo ƒe nu dzea ame bubuwo hã ŋu ɖe susu bubuwo ta. Esime wobe woatu gaxɔ aɖe kura le Australia-du si nye Cooma me la, ameawo tsi tre ɖe eŋu. Nukatae? Elabena gaxɔa ƒe afima nɔnɔ na dua me tɔ siwo ganyawo sesẽna na la kpɔ dɔ le wɔwɔm.

Nyitsɔ laa la, dziɖuɖu aɖewo dzra woƒe gaxɔwo na asitsahawo be woatsɔ akpɔ woƒe ganyawo gbɔe. Nublanuitɔe la gamenɔla geɖewo kpɔkpɔ kple gamenɔnɔ ɣeyiɣi didi ɖea vi na asitsalawo. Esia fia be asitsatsa ate ŋu ablu afɔ na dzɔdzɔenyenye. Le wo katã ŋu bubu vɔ megbe la, biabia vevia gakpɔtɔ li be: Ðe gaxɔwo ɖɔa nuvlowɔlawo ɖoa? Togbɔ be ŋuɖoɖoa nyena ao zi geɖe hã la, awɔ nuku na wò be wokpe ɖe gamenɔla aɖewo ŋu wowɔ tɔtrɔ. Na míakpɔ alesi wòva dzɔe ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6, 7]

Ŋkuléle Ðe Gaxɔwo me Ŋu Vie

WO ME NƆLAWO ƑE AGBƆSƆSƆ AKPA: Amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa le gaxɔwo me nye kuxi sesẽ aɖe le Britain, eye esia mewɔ nuku o! Dukɔ mae nye evelia si me gamenɔlawo sɔ gbɔ ɖo wu le mama dedie nu le Ɣetoɖoƒe Europa katã, le ame 100,000 ɖesiaɖe me la, ame 125 nyea gamenɔlawo. Le Brazil la, wotu São Paulo ƒe gaxɔ gãtɔ kekeake be wòaxɔ gamenɔla 500. Ðe xexlẽme ma teƒe la, wotege ame 6,000 ɖe eme. Le Russia la, wotegea gamenɔla 90 va ɖo 110 ɖe gaxɔ si wotu na ame 28 me. Kuxia sesẽ ale gbegbe be wowɔ ɖoɖo be ne eɖo gamenɔla aɖe dzi hafi wòamlɔ anyi. Le Asia dukɔ aɖe me la, wode gamenɔla 13 alo 14 gaxɔ si ƒe lolome nye meta etɔ̃ togodo me. Le ɣeyiɣi sia ke me le Ɣetoɖoƒe Australia la, gaxɔdzikpɔlawo trɔ asi le meli me nugo gãwo ŋu wòzu nɔƒe na gamenɔlawo tsɔ kpɔ teƒemanɔanyikuxia gbɔe.

ŊUTASẼNUWƆWƆ: Germany nyadzɔdzɔgbalẽ Der Spiegel ka nya ta be le Germany gaxɔwo me la, gamenɔla sẽŋutawo wua gamenɔla bubuwo alo wɔa funyafunya wo ɖe “aha sesẽ kple atikevɔ̃ɖisitsatsa, gbɔdɔdɔ, kple ga demee gã xɔxɔ ƒe hoʋiʋli siwo nɔa ƒuƒoƒo vovovowo dome” ta. Zi geɖe la, dzrehehe si nɔa gbevovodolawo domee hea gaxɔ me ŋutasẽnuwɔwɔa vanɛ. Der Spiegel la gblɔ be “dukɔ 72 sɔŋ mee gamenɔlaawo tso. Nyahehe kple dzre siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ tsona la magbe dzɔdzɔ o.” Anyiehe Amerika dukɔ aɖe ƒe gaxɔdzikpɔlawo gblɔ be wowua gamenɔla 12 ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu. London ƒe Financial Times gblɔ be “gamenɔlawo ya gblɔ be xexlẽmea nye ema ƒe teƒe eve.”

GBƆDƆDƆ ƑE ŊUTASẼNUWƆWƆ: The New York Times gblɔ le nyati si nye “Gbɔdɔdɔ Sesẽe ƒe Agbogbododo le Gaxɔwo Me” me be ne mede ɖeke o hã la, “wodɔa ŋutsu siwo wu 290,000 gbɔ sesẽe le game ƒe sia ƒe” le United States. Nyatakaka la yi edzi be: “Zi geɖe la, gbɔdɔdɔ ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ dziŋɔa medzɔna zi ɖeka ko o, ke boŋ zi geɖe la, eva zua gbesiagbe amedzidzedze.” Habɔbɔ aɖe bui be le United States gaxɔwo me la, amesiwo dzi wozina dɔa wo gbɔ gbesiagbe ade 60,000.

LÃMESẼ KPLE DZADZƐNYENYE: Nuŋlɔɖi siwo ŋu kpeɖodzi le li le nulɔdɔ ƒe kaka ɖe gamenɔlawo dome ŋu. Yɔmekpe ƒe gamenɔlawo léle le Russia kple Afrika-dukɔ aɖewo me nye nusi ɖe fu na xexeame katã, eye nenema ke nye aɖabaŋeŋe ƒu atikewɔwɔ, dzadzɛnyenye, kple nunyiame kpɔkpɔ nyawo dzi le gaxɔ geɖe me le xexeame godoo hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Gaxɔ aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo akpa le São Paulo, Brazil

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Dario Lopez-Mills

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

La Santé gaxɔ si ŋu wodzɔna vevie le Paris, France

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Francois Mori

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Nyɔnuwo le gaxɔ me le Managua, Nicaragua

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Javier Galeano