Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Subɔsubɔhawo wɔ Te Ŋu Li Ke

Alesi Subɔsubɔhawo wɔ Te Ŋu Li Ke

 Alesi Subɔsubɔhawo wɔ Te Ŋu Li Ke

VA ÐO ɣeyiɣi si me Nazi Germany va dze Russia dzi le June 1941 me la, Soviettɔwo tsrɔ̃ Russia Orthodɔks Ha la ɖa keŋkeŋ kloe. Gake le Nazitɔwo ƒe amedzidzedzea vɔ megbe la, Soviettɔwo ƒe nɔnɔme va nɔ tɔtrɔm ɖe subɔsubɔhawo ŋu. Nuka gbɔe tɔtrɔ sia tso?

Egbegbe ŋutinya fiala Richard Overy si le King’s College, London, ɖe nu me le eƒe agbalẽ si nye Russia’s War—Blood Upon the Snow me be: “Nutome Hakplɔlagã Sergei [Sergius], si nye Ha la ƒe tatɔ, gblɔ na hameviwo le gbesigbe Germanytɔwo va dze wo dzi be woawɔ nusianu si woate ŋui bene yewoaɖu aʋa la dzi. Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, eta mawunya blaeve vɔ etɔ̃ ya teti siwo me wòbia tso eƒe hameviwo si le be woawɔ aʋa ɖe mawumanɔsidukɔ si me wole la ta.” Eyata abe alesi Overy yi edzii ene la, ‘Stalin ɖe mɔ be nu nadze edzi na subɔsubɔhawo ake.’

 Le ƒe 1943 me la, Stalin va lɔ̃ ɖe edzi be yeda asi ɖe Orthodɔks-ha la dzi esi wòɖo Sergius ha la kplɔla yeyee. Overy gblɔ be: “Nusi Ha la ƒe amegãwo wɔ ɖe enue nye be wodzɔ ga le hameviwo si tsɔ na gakpekpeɖeŋu Soviet ƒe aʋawɔnuwo wɔƒewoe. Nunɔlawo kple bisiɔpwo xlɔ̃ nu woƒe hamewo be woalé xɔse la me ɖe asi, Mawu tɔ kple Stalin tɔ siaa.”

Esi Russiatɔ subɔsubɔnyawo nyala Sergei Ivanenko nɔ nu ƒom tso Russiatɔwo ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi sia ŋu la, eŋlɔ be: ‘Russia Orthodɔks Ha ƒe agbalẽ si koŋ wotana si nye The Journal of the Moscow Patriarchate kafu Stalin be eyae nye kplɔla kple nufiala si ƒo ɣeyiɣi ɖesiaɖe tɔ kple dukɔ ɖesiaɖe tɔ ta, si Mawu ɖo ɖa be wòaɖe dukɔa tso ameteteɖeanyi, anyigbatɔwo, kple kapitalisttɔwo si me. Ebia tso xɔsetɔwo si be woatsɔ ʋu ɖesiaɖe si le lãme na wo aʋli USSR ta tso eƒe futɔwo si me eye woatsɔ woƒe nusianu atu Kɔmiunisttɔnyenye ɖoe.’

‘Wonye Viɖenu Ŋutɔ na Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia’

Le Xexemeʋa II megbe gɔ̃ hã Orthodɔks-ha la gakpɔtɔ nye viɖenu na Kɔmiunisttɔwo. The Soviet Union: The Fifty Years, si me Harrison Salisbury to la ɖe alesi nusia dzɔe fia: “Esime aʋa la ke la, sɔlemehakplɔlawo wɔ nusi wɔ ɖeka kple ɖoɖo siwo Stalin wɔ ɖe kadodo si anɔ wo kple dutadukɔwo dome le Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli ƒe ɣeyiɣia me ŋu.”

Agbalẽ si nye The Sword and the Shield, si wota eteƒe medidi o ƒo nu tso alesi sɔlemehakplɔlawo wɔ ɖe Soviettɔwo ƒe nudidiwo dzii ŋu. Eɖe nu me be Hakplɔla Alexis I si va zu hakplɔla si xɔ ɖe Sergius teƒe le ƒe 1945 me la “ge ɖe Xexeame Ŋutifafa Ðaŋudeha, si nye habɔbɔ si Soviettɔwo ɖo tsɔ ɖo ŋkumee le ƒe 1949 me la me.” Agbalẽa gagblɔ be wo kple Nutome Nunɔla Nikolai “wonye viɖenu ŋutɔ na Soviet Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmiti [KGB] la elabena wonye amesiwo dzi wotona kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi.”

Le ƒe 1955 me la, Hakplɔla Alexis I gblɔ be: “Russia Orthodɔks Ha la nɔ megbe na míaƒe dziɖuɖua ƒe dutaɖoɖowo, menye abe alesi ame aɖewo bunɛ be ablɔɖe mele Ha la si o ene o, ke boŋ esi Soviettɔwo ƒe ɖoɖoa le dzɔdzɔe eye wòsɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenu siwo Ha la fiana la nu ta.”

Woyɔ nya si Orthodɔks-ha nunɔla si dze aglã Georgi Edelshtein gblɔ la ɖe January 22, 2000, ƒe The Guardian si wotana le London, England, la me be egblɔ be: “Wotsɔa ŋuɖɔɖɔɖo  tiaa bisiɔpwo katãe bene woawɔ dɔ ɖekae kple Soviet dziɖuɖua. Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia me tɔwoe wo katã wonye. Amesiame nya nyuie be Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmiti me tɔwoe xɔ Hakplɔla Alexy eye ŋkɔ ɣaɣlɛ si wotsɔ nɛ enye Drozdov. Dunyahemɔnu si nɔ wo si ƒe 20 alo 30 siwo va yi la ke ko zãm wogale egbea.”

Wonye Dɔwɔnu na Soviet Dziɖuɖua

September 14, 1959, ƒe Life magazine gblɔ le ƒomedodo si nɔ Orthodɔks-ha la kple Soviettɔwo dome ŋu be: “Stalin na ablɔɖe aɖewo subɔsubɔhawo, eye sɔlemeha la tsɔe wɔ fiagãe. Dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe tɔxɛ aɖe li koŋ si kpɔa egbɔ be Orthodɔks-ha la nawɔ dɔ aduadu kple Kɔmiunisttɔwo eye tso ɣemaɣi me ke la, wozã sɔlemeha la wònye Soviet dziɖuɖua ƒe dɔwɔnu.”

Matthew Spinka, amesi nya nu tso Russia ƒe sɔlemenyawo ŋu ɖo kpe ƒomedodo kplikplikpli si le Sɔlemeha la kple Dziɖuɖua dome dzi le eƒe ƒe 1956 me gbalẽ si nye The Church in Soviet Russia me. Eŋlɔ be: “Hakplɔla Alexei si li fifia ɖoe koŋ tsɔ eƒe Ha la wɔ dziɖuɖua ƒe dɔwɔnui.” Le nyateƒe me, Orthodɔks-ha la nye dɔwɔnu le Dziɖuɖua ƒe asi me eye mɔ sia dzie wòto te ŋu li ke. Àbia be, ‘Gake ɖe nu boo aɖe gblẽ le eŋua?’ Bu alesi Mawu kple Kristo bua nya sia ŋui kpɔ.

Yesu Kristo gblɔ le eƒe nusrɔ̃la nyateƒetɔwo ŋu be: ‘Mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o, ke boŋ nye la metia mi tso xexeame.’ Eye Mawu ƒe Nya la bia tẽ be: “Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa?” (Yohanes 15:19; Yakobo 4:4) Eyata abe alesi Biblia gblɔe ene la, sɔlemeha la tsɔ eɖokui wɔ subɔsubɔgbolo si “kple anyigba dzi fiawo wɔ ahasi.” Eɖee fia be yenye nusi Biblia yɔ be “Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada” la ƒe akpa aɖe.—Nyaɖeɖefia 17:1-6.

Alesi Ðasefowo Wɔ Te Ŋu Li Ke

To vovo na ema la, Yesu Kristo ɖe alesi woawɔ adze si eyomedzela vavãtɔwo esi wògblɔ be: ‘Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.’ (Yohanes 13:35) Lɔlɔ̃ siae nye nu vevi aɖe si kpe ɖe Ðasefoawo ŋu be wote ŋu li ke to fukpekpewo me le tsã Soviet Union dukɔwo me, abe alesi wòdze le nyatakaka si gbɔna si dze le The Sword and the Shield mee ene. “Yehowatɔwo naa kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe ƒomevi woƒe hametɔ siwo le [dɔsesẽwɔ]saɖawo alo aboyo me, wonaa ga, nuɖuɖu kple nudodo wo.”

“Nuɖuɖu” si wonaa amesiwo wode fuwɔamegaxɔwo me ƒe ɖee nye gbɔgbɔmenuɖuɖu—si nye Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Biblia mee ‘Mawu ƒe nyagbɔgblɔ’ siwo Yesu gblɔ be wohiã be woalé míaƒe agbe ɖe te le gbɔgbɔ me la le. (Mateo 4:4) Amewo tsɔ wo ɖokui de afɔku gã aɖe me tsɔ agbalẽwo gbã dee, elabena wohea to na amesiwo woléna be wotsɔ wo le de gbãmee la vevie.

Wode Latviatɔ Helene Celmina Potma fuwɔamegaxɔ me le Russia tso ƒe 1962 vaseɖe  1966. Eɖe nu me ɖe agbalẽ si nye Women in Soviet Prisons si wòŋlɔ me be: “Wode Yehowa Ðasefo geɖe game be woawɔ dɔ sesẽ ƒe ewo ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata ʋɛ aɖewo kpɔkpɔ le woƒe xɔ me ta. Esi woléa amewo ɖe agbalẽ siawo ƒe wo si nɔnɔ ta la, ele bɔbɔe be nàse nusita gaxɔa dzikpɔlawo tsia dzodzodzoe eye dzi kua wo be agbalẽ siawo le asaɖaa me ɖo la me.”

Ðikekemanɔmee la, ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe kple dedienɔnɔ tsɔtsɔ de afɔku me be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu la nye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia ƒe kpeɖodzi! Gake togbɔ be esia nye nu vevi aɖe le Ðasefowo ƒe fukpekpe siawo me toto me hã la, nu bubu aɖe li si gale vevie kura wu. Helene Celmina gblɔ be: “Ame aɖeke mete ŋu se alesi agbalẽ si nu wode se ɖo wɔ te ŋu ge ɖe afisia si wotsɔ ga nu biɖoewo tɔ kpɔ ƒo xlãe eye womeɖea mɔ be woado go amewo aƒo nu kple wo o la gɔme o.” Edze nusi manya wɔ o, elabena wokaa amesiame si gbɔna gaxɔa me la ŋu tsitotsito. Agbalẽŋlɔla sia ŋlɔ be “ɖeko wòwɔ abe mawudɔlawoe dzo va yi le zã me eye wodae ɖe afima ene.”

Nyateƒee, Mawu do ŋugbe be yemaɖe asi le yeƒe amewo ŋu alo agblẽ wo ɖi o. Eyata abe Biblia me hakpala la ene la, Yehowa Ðasefo siwo nɔ tsã Soviet Union lɔ̃ ɖe edzi bɔbɔe be: “Kpɔ ɖa, Mawue nye xɔnametɔ.” (Psalmo 54:6; Yosua 1:5) Nyateƒee, eƒe kpekpeɖeŋu nye nu vevi aɖe le Ðasefowo ƒe agbetsitsi le tsã Soviet Union dukɔwo me!

Alesi Nuwo Va Trɔe

Le March 27, 1991, dzi la, Yehowa Ðasefowo zu habɔbɔ si woɖo le se nu le Soviet Union esi wode asi dɔwɔɖoɖo aɖe si le se nu la te, si me nya aɖewoe nye esiwo gbɔna: “Mawusubɔsubɔ Habɔbɔ la ƒe taɖodzinue nye be woawɔ mawusubɔsubɔdɔ si nye be woana woanya Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe ɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le na ameƒomea siwo to eƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la dzi.”

Mɔ siwo woyɔ be woato awɔ mawusubɔsubɔdɔ sia la dometɔ aɖewoe nye gbeƒãɖeɖe le gaglãgbe kple amewo sasrãkpɔ le woƒe aƒewo me, Biblia me nyateƒewo fiafia amesiwo adi be yewoasee, Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔtsɔ wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee, kple Bibliawo mama.

Tso esime wode asi agbalẽ ma te ƒe ewo enye esia la, Soviet Union la va gbã, eye nuwo trɔ kura le dukɔ 15 siwo ƒo ƒu nye tsã Soviettɔwo la me. Nukae míate ŋu agblɔ tso subɔsubɔhawo ƒe etsɔme le afima kple xexeame ƒe akpa mamlɛa ŋu?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

Sɔlemeha la ƒe Dɔwɔwɔ Ðekae Kple Soviettɔwo

Edmund Stevens ŋlɔ ɖe eƒe 1945 me gbalẽ si nye Russia Is No Riddle me be: “Sɔlemeha la kpɔ nyuie be yemeɖu asi na amesi nɔ nuɖuɖu dom nɛ o. Eva dze sii keŋ be Dziɖuɖua le mɔ kpɔm be Sɔlemeha la nanɔ megbe na dziɖuɖua sesĩe eye seɖoƒe aɖewo nanɔ anyi na yeƒe dɔwɔwɔ le nusiwo [dziɖuɖua] wɔna na ye ta.”

Steven yi edzi ɖe nu me be: “Dzixɔse si li ƒe alafa geɖee nye sia be yewoe nye dukɔa ƒe subɔsubɔha si dzi dziɖuɖua da asi ɖo la ƒo ke ɖe to ɖe Orthodɔks-ha la me vevie, eye le esia ta eƒe wɔƒe yeyea si nye be wòawɔ dɔ kple Soviet Dziɖuɖua kplikplikpli la nya xɔ nɛ bɔbɔe.”

Keston Numekuhaa ku ɖekawɔwɔ kplikplikpli si nɔ Soviettɔwo kple Alexis II si nye Russiatɔwo ƒe Orthodɔks-ha la ƒe hakplɔla si li fifia dome tsã la me tsitotsito. Eƒe nyatakakaa ƒo nya ta be: “Aleksi ƒe dɔwɔwɔ aduadu kple wo meto vovo o—xɔseha siwo katã dzi dziɖuɖua da asi ɖo—siwo dometɔ aɖewoe nye Katolikotɔwo, Baptisttɔwo, Adventisttɔwo, Moslemtɔwo, kple Buddhatɔwo—ƒe ŋgɔnɔlawo katã kloe nye Dedienɔnɔ Dzikpɔkɔmitia ƒe amewo. Le nyateƒe me la, ƒe sia ƒe ƒe nyatakaka si ƒo nu tso dziɖuɖua ƒe Aleksi tiatia ŋu la ƒo nu tso ame bubu geɖe siwo hã wogaxɔ ŋu, wo dometɔ aɖewo nye Estonia Luther Sɔlemeha me tɔwo.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Amesiwo Le Asaɖawo me Gbɔ Ðoɖo

Viktors Kalnins si nye Latviatɔ nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe tsɔ ƒe ewo (ƒe 1962-72) siwo wodee game la ƒe akpa gãtɔ nɔ Mordovia ƒe dɔsesẽwɔsaɖa si nɔ Moscow ƒe anyieheɣedzeƒe gome eye wo kplii dome didi kilometa 400 la me. Le Nyɔ! ŋlɔla aɖe ƒe gbebiabia Kalnins me le March 1979 me la, wobiae se be: “Ðe Ðasefo siwo nɔ asaɖaa me nya nusi nɔ edzi yim le habɔbɔa me le United States afisia alo dukɔ bubuwo mea?”

Kalnins ɖo eŋu be: “Wonya, to agbalẽ siwo woxɔna dzi. . . . Wotsɔa woƒe magazinewo kura fiaam. Nyemenya afisi woɣlaa agbalẽawo ɖo kpɔ o; wonɔa eɖɔ lim edziedzi. Gake amesiame nya be agbalẽawo le asaɖa la me. . . . Asaɖaŋudzɔlawo kple Yehowa Ðasefoawo le abe dadi kple afi ene, wonɔa agbalẽawo ɣaɣla dzi eye ame kemɛawo hã nɔa wo didi dzi!”

Kalnins ɖo nya si wobiae be: “Ðe Yehowa Ðesefoawo te kpɔ be yewoaƒo nu na wò tso woƒe xɔse ŋua?” la ŋu be: “Nenema tututue! Wonya wo nyuie. Mí katã míenya nusi Harmagedon nye . . . woƒoa nu geɖe tso ɣeyiɣi si me dɔléle maganɔ anyi o ŋu.”

[Nɔnɔmetata]

Ðasefo siwo nɔ Morodovia fuwɔamegaxɔwo me yi edzi gblɔ Biblia ƒe nyateƒea na amewo dzideƒotɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Wokplɔ Vovchuk ƒomea yi aboyo mee le Irkutsk, Siberia, le ƒe 1951 me eye woyi edzi nye Kristotɔ nuteƒewɔlawo egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Sɔlemehawo ƒe asikpekpe ɖe Xexemeʋa II ŋu na be Stalin ɖe mɔ na subɔsubɔhawo ɣeyiɣi kpui aɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Army photo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Hakplɔla Alexis I (ƒe 1945-70) gblɔ be: ‘Soviettɔwo ƒe ɖoɖo sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenu siwo Ha la fiana la nu’

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Central State Archive regarding the film/photo/phono documents of Saint-Petersburg