Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 62

Ha Yeye La

Ha Yeye La

(Psalmo 98)

  1. 1. Mina míadzi ha,

    Míadzi dzidzɔha na Mawu.

    Ðe gbeƒãe be eƒe Nuwɔwɔwo kli tsu.

    Eƒ’alɔ sesẽ La na be wòkpɔ dziɖuɖu.

    Ʋɔnu dzɔdzɔe wòdrɔ̃; Edze kafukafu!

    (HAXE)

    Midzi ha!

    Migli kple ha yeyea!

    Midzi ha!

    Yehowa ye nye Fia!

  2. 2. Mitso aseye,

    Midzi ha na Mawu, Fia la!

    Mikafu eƒe ŋkɔ; Midzi ha vivi la!

    Mi, amehawo, Mikɔ gbe dzi na Yehowa!

    Kasaŋku kple kpẽwo Miatsɔ adzi ha la!

    (HAXE)

    Midzi ha!

    Migli kple ha yeyea!

    Midzi ha!

    Yehowa ye nye Fia!

  3. 3. Atsiaƒuwo kple

    Wo me nuwo ƒe gbe neɖi.

    Anyigbadzinuwo Katã nedoe ɖe dzi.

    Tɔsisiwo kple Agakpewo nesi akpe.

    Towo kple baliwo Nekafui gbe sia gbe.

    (HAXE)

    Midzi ha!

    Migli kple ha yeyea!

    Midzi ha!

    Yehowa ye nye Fia!