Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Gbɔ

Lɛta Si Tso Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Gbɔ

Mía Nɔvi Lɔlɔ̃tɔ:

Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míelɔ̃ eƒe Nya, Biblia la. Míeka ɖe edzi be ŋutinya siwo le eme la de pɛpɛpɛ, efiaa mɔ nyuitɔ mí le agbe me eye kpeɖodzi wɔdɔɖeamedzi siwo fia be Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo la hã le eme. (Psalmo 119:105; Luka 1:3; 1 Yohanes 4:19) Míedi vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒe xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya la me. Esia ta, enye dzidzɔ na mí be míata agbalẽ sia si nye, “Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me.” Na míaƒo nu tso agbalẽa ŋu na wò vie.

Ðeviwo koŋue wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu na. Ke hã, míate ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame tsitsi siwo di be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me la ŋu. Esi amewo katãe woŋlɔ Biblia na ta la, ɖikeke mele eme o be nusɔsrɔ̃ siwo le eme la aɖe vi na mí eye esia ana be dzi nadzɔ mí geɖe.

Agbalẽ sia nɔ te ɖe ŋutinya siwo le Biblia me dzi ƒo nu tso amegbetɔwo ŋu tso esime wodze nuwo wɔwɔ gɔme. Wodze agbagba ɖe sia ɖe na ŋutinya siwo le agbalẽ sia me la me kɔ hele bɔbɔe eye wona ŋutinyawo le ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo la nu ale si wòanya wɔ.

Gake menye ŋutinya siwo le Biblia me koe agbalẽ sia gblɔ na mí o. Wotrɔ asi le nyawo kple nɔnɔmetata siwo le eme la siaa ŋu be woana ŋutinya si gblɔm wole la nadze nu ŋutɔŋutɔ, eye wòaɖe ame si ŋu wole nu ƒom tsoe la ƒe seselelãmewo afia nyuie.

Agbalẽ sia kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si Biblia nye agbalẽ si ƒo nu tso amewo ŋu—eƒo nu tso ame siwo ɖo to Yehowa kple ame siwo meɖo toe o ŋu. Eye ewɔa dɔ ɖe mía dzi be míasrɔ̃ nu tso woƒe kpɔɖeŋuwo me. (Romatɔwo 15:4; 1 Korintotɔwo 10:6) Woma agbalẽa ɖe akpa 14 me. Le akpa ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedzea, woƒo nu tso nu siwo míate ŋu asrɔ̃ la ŋu kpuie.

Ne dzilae nènye la, anyo be wò kple viwòa miaxlẽ ŋutinyaa ɖekae eye miadzro eme akpe ɖe nɔnɔmetatawo ŋu. Emegbe miate ŋu axlẽ Biblia kpukpui siwo me woɖe nyaawo tsoe la hã. Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si nu si wòxlẽ le Biblia me kple esi le agbalẽa me la wɔ ɖekae. Mɔnu sia tɔgbi ke ate ŋu aɖe vi, ne miele kpekpem ɖe ame tsitsi aɖe ŋu be wòakpɔ gbedeasi si le Biblia me.

Míaƒe didie nye be agbalẽ sia nakpe ɖe ame siwo katã si dzi nyui le—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Nyaa me eye woawɔ ɖe nu siwo wosrɔ̃ la dzi le woƒe agbe me. Esia awɔe be woawo hã nava zu ƒome sia si me tɔwo lɔ̃ Mawu la me tɔwo eye woasubɔe.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha