Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW NYAKAKADƆWƆƑE

Ale Si Nàse Odiowo Le Roku Dzi

Ale Si Nàse Odiowo Le Roku Dzi

Odio ƒomevi geɖewo le akpa si nye Odio. Wonye hawo, dramawo kple Biblia xexlẽ ƒe dramawo.

(De Dzesii: Míetsɔ Roku 3 ʋunu zazã ŋuti mɔfiamewo kpe ɖe mɔfiame siawo ŋu. Wò Roku-ʋunu la ate ŋu ato vovo na esia vie.)

Zi akpa si nye Odio le JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe gɔmedzeƒe ne nàkpɔ odio ƒe ƒuƒoƒo siwo li. Zɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna dzi ne nàkpɔ odio siwo li eye nàƒo esiwo nèdi be yease:

 Ale Si Nàƒo Odio Aɖe Ase

Zã aŋutrɔvi siwo le Roku-ʋunua dzi nàtsɔ akpɔ nu siwo le akpa si nye Odio. Nyatakakaɖakavi aɖe dzena si me odio si dzi nutianua le la ƒe ŋkɔ kple ɣeyiɣi si wòaxɔ adze le.

  • Aŋutrɔvi Yidzi kple Aŋutrɔvi Yianyime: Zã wo nàtsɔ ayi odio ƒe ƒuƒoƒo bubu dzi. Odio ƒe ƒuƒoƒo si nètia ƒe ŋkɔ adze le odioa ƒe akpaa gbɔ.

  • Aŋutrɔvi Yimiame kple aŋutrɔvi Yiɖusime: Zã wo nàtsɔ akpɔ odio siwo le ƒuƒoƒo ɖeka me.

Aɖaŋuɖoɖo: Le aɖaka si me odio ƒe ƒuƒoƒo vovovoawo dze le ƒe tame le ɖusime la, àkpɔ xexlẽdzesi eve aɖewo siwo fia odio siwo le ƒuƒoƒoa me ƒe agbɔsɔsɔ kple esi dzi nèɖo la ƒe xexlẽdzesi.

Zi OK dzi nàtsɔ atiae eye Odio Ƒe Nyatakakaɖakavi aɖe adze. Àte ŋu awɔ nu siwo gbɔna dometɔ si nèdi:

  • Ƒoe: Ƒo odioa tso gɔmedzedze.

  • Tɔ Sẽe: Tɔ odio la ƒoƒo.

  • Yi Edzi: Gadze odio si ƒoƒo nètɔ sẽe la ƒoƒo tso afi si wòtɔ ɖo.

De Dzesii: Dɔwɔnua aɖo ŋku afi si odio la ƒo va ɖo ne Odio Ƒe Nyatakakaɖakavi la le ʋuʋu. Ne ènya tui ko la, magaɖo ŋku afi si odioa ƒo va ɖo la dzi o.

● Ƒo Esiwo Katã Le Ƒuƒoƒo Sia Me: Aƒo odio siwo katã le ƒuƒoƒo si nèʋu la me, adze egɔme kple odio si le dzedzem tẽe la dzi.

De Dzesii: Odioawo adzudzɔ ƒoƒo ne eƒo esiwo katã le ƒuƒoƒoa me vɔ.

  •  Ale Si Nàƒo Odio Ƒe Ƒuƒoƒo Aɖe

  • Àte ŋu anɔ odioawo ƒom ɖekaɖeka, gake àte ŋu aƒo esiwo katã le ƒuƒoƒo ɖeka me ase. Ne èdi be yeawɔ esia la, zɔ ɖe mɔfiame siwo gbɔna la dometɔ ɖeka dzi:

Ƒo Esiwo Katã Le Ƒuƒoƒo Sia Me: Àkpɔ odio siwo nèdi be yeaƒo la le akpa si nye Odio.

Azɔ tia Ƒo Esiwo Katã Le Ƒuƒoƒo Sia Me. Ƒo Wo Katã: Tia esia le odio ƒe aɖakavia me ne wòaƒo esiwo katã le ƒuƒoƒoa me, adze egɔme kple odio gbãtɔ.

Ðe Sia Ðe Ko: Tia esia ne wòaƒo odioawo, gake maƒo wo le ɖoɖo si nu wodze le la nu o.

  • De Dzesii: Ne eƒo ha siwo katã le ƒuƒoƒoa me ƒo vɔ la, adzudzɔ ƒoƒo.

  •  Odiowo Ƒoƒo

  • Ne odioawo le ƒoƒom la, àte ŋu azã wò Roku-ʋunua atrɔ asi le woƒe ƒoƒo ŋu:

  • Tɔ Sẽe: Tɔ odioa sẽe. Zi dzesi ma ke dzi ne wòayi eƒoƒo dzi.

Yi Megbe: Ayi megbe sekɛnd ʋɛ aɖewo.

Aɖaŋuɖoɖo: Lé ŋku ɖe kpevi nogoe si nɔa zɔzɔm le odioƒonua dzi le odioa ƒe akpaa te la ŋu nànya afi si wòɖo.

Aŋutrɔvi Yiɖusime: Ayi odio si kplɔe ɖo dzi le ƒuƒoƒo ma me (alo àte ŋu atia Ðe Sia Ðe Ko hã, ne wòayi esiwo le ŋgɔ la dometɔ ɖe sia ɖe si eya ŋutɔ di la dzi).

Aŋutrɔvi Yimiame: Ayi odio si do ŋgɔ nɛ dzi le ƒuƒoƒo ma me (alo àte ŋu atia Ðe Sia Ðe Ko hã, ne wòayi esiwo do ŋgɔ nɛ la dometɔ ɖe sia ɖe si eya ŋutɔ di la dzi).

Yi Megbe Ƒe Dzesi: Atrɔ yi akpa si nye Odio la.