Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Romatɔwo 10:13—“Ayɔ Aƒetɔ La Ƒe Ŋkɔa”

Romatɔwo 10:13—“Ayɔ Aƒetɔ La Ƒe Ŋkɔa”

 “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”—Romatɔwo 10:13, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Ame sia me, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.”—Romatɔwo 10:13, Eʋegbe Biblia.

Nu si Romatɔwo 10:13 fia

 Mawu mekpɔa ame ŋkume o eye wòna mɔnukpɔkpɔa ame sia ame be wòakpɔ ɖeɖe eye wòakpɔ agbe mavɔ metsɔ le eme dukɔ ka ke mee amea tso, ŋutigbalẽ ka kee le eŋu alo ɖoƒe ka kee le esi o. Ke hã, be esia nava eme na mí la, ele be míayɔ Yehowa si nye Mawu a Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔ.—Psalmo 83:18.

 Le Biblia mea, nyagbɔgblɔ ame si “yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la” bia nu geɖe wu Mawu ƒe ŋkɔ nyanya kple ezãza le esubɔsubɔ me ɖeɖe ko. (Psalmo 116:12-14) Ebia be ame naka ɖe Mawu dzi eye wòaɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe ye ŋu.—Psalmo 20:7; 99:6.

 Mawu ƒe ŋkɔa le vevie na Yesu Kristo. Nya vevi gbatɔ̃ siwo dze le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa mee nye: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Yesu ɖee fia eme kɔ be ne míedi be míakpɔ agbe mavɔ la, ke ele be míanya Yehowa, aɖo toe, eye míalɔ̃e.—Yohanes 17:3, 6, 26.

 Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be Yehowa ye nye “Aƒetɔ la” si woyɔ le Romatɔwo 10:13 le Eʋegbe Biblia me? Elabena woyɔ kpukpui ma me nyawo tso Yoel 2:32, afi si Mawu ƒe ŋkɔ dze le, abe ale si wònɔ le Hebrigbe b gbãtɔa me ene, ke menye “Aƒetɔ” o.

Nya siwo ƒo xlã Romatɔwo 10:13

 Le Romatɔwo ta 10 lia mea, Biblia ɖee fia be ele be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase hafi míaƒe nu nadze Mawu ŋu. (Romatɔwo 10:9) Mawunyakpukpui geɖe siwo le Nubabla Xoxoa me ɖo kpe nya ma dzi. Ame si xɔ Yesu dzi se la “tsɔa nu ʋua eme le dutoƒo” si fia be eɖea gbeƒã nya nyuia na ame siwo mexɔ Mawu dzi se o. Esia wɔnɛ be mɔnukpɔkpɔ va sua ame siawo hã si be woaxɔ Mawu dzi ase ale be woava kpɔ ɖeɖe.—Romatɔwo 10:10, 14, 15, 17.

Xlẽ Romatɔwo ta 10, etenuŋɔŋlɔawo kple mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii le eme.

a Mawu ƒe ŋkɔa dze zi 7,000 aɖewo sɔŋ le Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽwo me. Le Hebrigbe mea, wozãa ŋɔŋlɔdzesi ene tsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔa. Woyɔa ŋkɔa le Eʋegbe me zi geɖe be “Yehowa,” ke hã agbalẽnyala aɖewo hã yɔnɛ be “Yahweh.”

b Anɔ eme be ne ame siwo ŋlɔ Nubabla Yeyea yɔ nya tso Nubabla Xoxoa ƒe afi siwo Mawu ƒe ŋkɔa dze lea, woawo hã wozãa ŋkɔa le Nubabla Yeyea me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Kpeɖodzi aɖewo le eŋu be esi wonɔ Nubabla Yeyea ŋlɔm zi gbãtɔa, Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ, Yahweh dze le eme. Eya ta ne ame siwo ŋlɔ Nubabla Yeyea yɔ nya tso Nubabla Xoxoa me, eye Mawu ƒe ŋkɔa dze le afi siwo woyɔ nya tsoe la, ekema wonana Mawu ƒe ŋkɔa dzena le Nubabla Yeyea hã me abe ale si wòdze le Nubabla Xoxoa me ene.” (The Anchor Bible Dictionary, Volume 6, axa 392) Ne èdi numeɖeɖe geɖea, xlẽ “Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo Me” si dze le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo, A5 me.