Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Psalmo 46:10—“Minɔ Anyi Kpoo, Eye Minyae Be Nyee Nye Mawu”

Psalmo 46:10—“Minɔ Anyi Kpoo, Eye Minyae Be Nyee Nye Mawu”

 “Mina ta, eye minyae be nyee nye Mawu. Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome; woadom ɖe dzi le anyigba dzi.”—Psalmo 46:10, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

 “Minɔ anyi kpoo, eye minyae be nyee nye Mawu. Wodom ɖe dzi le dukɔwo dome, wodom ɖe dzi le anyigba dzi.”—Psalmo 46:10, Eʋegbe Biblia, yeyetɔ.

Nu Si Psalmo 46:10 Fia

 Mawu di be ame sia ame nasubɔ ye eye woanyae be yee dze aɖu anyigba bliboa dzi. Ele be ame sia ame si di be yeakpɔ agbe mavɔ la nalɔ̃ ɖe edzi be eyae nye Ŋusẽkatãtɔ.—Nyaɖeɖefia 4:11.

 “Mina ta, eye minyae be nyee nye Mawu.” Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo dze kpukpui sia gɔme be “minɔ anyi kpoo.” Esia na ame geɖe susui vodadatɔe be ɖe wole se dem na yewo be yewoanɔ anyi kpoo alo azi ɖoɖoe le sɔleme. Gake Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “mina ta, eye minyae be nyee nye Mawu” la nye nuxlɔ̃amenya si gblɔm Yehowa a Mawu ŋutɔ le na dukɔwo be woadzudzɔ tsitretsitsi ɖe ye ŋu eye woade dzesii be ye koe dze be woasubɔ.

 Nuxlɔ̃amenya sia tɔgbi dze le Psalmo 2 lia hã. Le afi ma la, Mawu do ŋugbe be yeatsrɔ̃ ame siwo katã tsia tre ɖe ye ŋu. Gake ame siwo lɔ̃ ɖe edzi be Mawue nye Ŋusekatãtɔ la, ɖoa ŋu ɖe eŋu be wòafia mɔ yewo, ado ŋusẽ yewo eye wòana yewoadze nunya. Esi ‘wosinɛ tsona’ ta la, dzi dzɔa wo eye wonɔa dedie, vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me.—Psalmo 2:9-12.

 “Woadom ɖe dzi le dukɔwo dome; woadom ɖe dzi le anyigba dzi.” Le blema la, Israel-viwo do Yehowa Mawu ɖe dzi esi wòzã eƒe ŋusẽ triakɔ la tsɔ kpɔ wo ta. (2 Mose 15:1-3) Le etsɔme la, míagado Yehowa ɖe dzi wu, ne ame sia ame si le anyigba dzi va nyae be eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la eye wosubɔnɛ.—Psalmo 86:9, 10; Yesaya 2:11.

Nu si ŋu Psalmo 46:10 ku ɖo

 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Psalmo 46 lia “nye ha si wokpa tsɔ kafu Mawu, elabe ŋusẽ triakɔ le esi wòtsɔ xɔna na eƒe amewo.” Esi Mawu ƒe amewo nɔ Psalmo 46 lia dzim la, woɖee fia be yewoka ɖe Yehowa dzi be ate ŋu akpɔ yewo ta eye wòakpe ɖe yewo ŋu. (Psalmo 46:1, 2) Ha sia me nyawo ɖo ŋku edzi na wo be Yehowa li kpli wo ɣesiaɣi.—Psalmo 46:7, 11.

 Hakpalaa he woƒe susu yi Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo dzi, elabe edi be yeana woaka ɖe edzi geɖe wu be ŋusẽ le Yehowa si be wòakpɔ wo ta. (Psalmo 46:8) Le kpɔɖeŋu me, eɖo ŋku edzi na wo le haa me be Yehowa tsia aʋawɔwɔwo nu. (Psalmo 46:9) Le mɔ aɖe nu la, Yehowa tsi aʋawɔwɔ nu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me esi wòkpɔ eƒe amewo ta tso dukɔ siwo nye woƒe futɔwo la si me. Gake Biblia do ŋugbe be madidi o, Mawu atsi aʋawɔwɔ nu le anyigba bliboa dzi.—Yesaya 2:4.

 Ðe Yehowa gakpena ɖe esubɔlawo ŋu egbea? Ɛ̃. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe wo ŋu. (Hebritɔwo 13:6) Nya siwo le Psalmo 46 lia doa ŋusẽ mí míekana ɖe edzi be ŋusẽ le Mawu si be wòakpɔ mía ta. Wokpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Mawu nye “míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ.”—Psalmo 46:1.

 Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu Psalmowo ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Xlẽ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?