Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Luka 2:14—“Ŋutifafa Neva Ame Siwo Ŋu Mawu Kpɔa Ŋudzedze Le . . . La Dome”

Luka 2:14—“Ŋutifafa Neva Ame Siwo Ŋu Mawu Kpɔa Ŋudzedze Le . . . La Dome”

 “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ anyi kple ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo le anyigba dzi.”—Luka 2:14, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo! Ŋutifafa neva ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le le anyigba dzi la dome.”—Luka 2:14, Eʋegbe Biblia, yeyetɔ.

Nu Si Luka 2:14 Fia

 Kafukafunya sia si mawudɔlawo gblɔ le Yesu dziɣia ɖee fia be ame siwo xɔ Yesu dzi sea ƒe nu adze Mawu ŋu eye woakpɔ ŋutifafa.

 “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo.” Nya ma si mawudɔlawo gblɔa te gbe ɖe edzi be Mawu koe dze na kafukafua katã. Nya mawo gaɖee fia hã be Yesu ƒe dzidzi kple subɔsubɔdɔ si wòawɔ le anyigba dzia ahe kafukafu geɖe vɛ na Yehowa a Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu amewo, gake ekafua Mawu ɖe nu siwo wòfia amewo ta. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16-18) Edzɔna zi geɖe be ne Yesu wɔ nukunuwoa, eteƒekpɔlawo ‘kafua Mawu.’ (Luka 5:18, 24-26; Yohanes 5:19) Yesu ƒe kua gɔ̃ hã he kafukafu vɛ na Mawu, elabe eʋu mɔ ɖi be Mawu ƒe tameɖoɖo, si nye be anyigba dzi nayɔ kple ame dzɔdzɔe siwo nye ŋutifafalɔ̃lawoa, nava eme.—1 Mose 1:28.

 “Ŋutifafa nanɔ . . . anyigba dzi.” Menye ŋutifafa si nɔa anyi ne aʋawɔwɔ aɖeke mele edzi yim o ye wowɔnɛ le afi sia o. Ke boŋ, enye dzidzeme si ame kpɔna ne eƒe nu dze Yehowa ŋu ko. Dzidzɔ gãe wònye na mí be to Yesu dzia, ŋutifafa sia ate ŋu ava nɔ amegbetɔwo kple Mawu dome. (Yakobo 4:8) Esi Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia taa, ana ŋutifafa naxɔ anyigba bliboa dzi tegbee.—Psalmo 37:11; Luka 1:32, 33.

 “Ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo.” Nya sia ku ɖe ame siwo ƒe nu dze Mawu ŋua ŋuti. Woƒe nu dzea Mawu ŋu elabe woxɔ Eya kple Yesu si wòdɔ ɖa la dzi se tso dzi blibo me. Nya sia mefia be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe amegbetɔwo katã ŋu nenye be woƒe nuwɔnawo kple agbenɔnɔ mesɔ o gɔ̃ hã o. Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo abe King James Version ene ɖe nya sia gɔme be “amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.” Gake ale si Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia kple Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe nya sia gɔmee la wɔ ɖeka kple Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ siwo ŋu kakaɖedzi le. Eye nyagbe siwo dze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ mawo me fia be ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖoe akpɔ ŋutifafa.—Kpɔ tanya sue si nye, “ Ale Si Woɖe Luka 2:14 Gɔme Le Biblia Bubuwo Me.”

Nya Siwo Ƒo Xlã Luka 2:14

 Luka ta 2 lia me nyawo ku ɖe Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu. Le Yesu dzidzi megbe teti koa, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia alẽkplɔla siwo nɔ “gbedzi le woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.” b (Luka 2:4-8) Mawudɔlaa ɖe gbeƒã “nya nyui si ahe dzidzɔ gã” vɛ la na alẽkplɔlaawo hegblɔ na wo be: “Wodzi ɖela, si nye Kristo Aƒetɔ la, na mi egbea le David ƒe du la me.” (Luka 2:9-11) Ena alẽkplɔlaawo nya afi si woakpɔ vidzĩa le, eyome mawudɔlawo ƒe ha gã aɖe va wɔ ɖeka kplii eye wode asi Mawu kafukafu me. Esi alẽkplɔlaawo ɖo Betlehem la, wokpɔ Maria kple Yosef, kpakple Yesu vidzĩ la. (Luka 2:12-16) Esi alẽkplɔlaawo ƒo nu tso nu wɔnuku si wokpɔ ŋu na amewo vɔa, wotrɔ yi woƒe lãhawo gbɔ eye “wonɔ Mawu dom ɖe dzi henɔ ekafum ɖe nu siwo katã wose kple nu siwo wokpɔ la ta.”—Luka 2:17-20.

 Ale Si Woɖe Luka 2:14 Gɔme Le Biblia Bubuwo Me

 “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo! Ŋutifafa neva ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze lena le anyigba dzi la dome.”—Luka 2:14, Nubabla Yeye La.

 “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”—Luka 2:14, Agbenya La.

 Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu Luka ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?

b Esi Biblia gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le gbedzi le zã me taa, mate ŋu anye be vuvɔŋɔlie nu siawo dzɔ o. Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati si ƒe tanyae nye “Ɣekaɣie Wodzi Yesu?