Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ɣekaɣie Wodzi Yesu?

Ɣekaɣie Wodzi Yesu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia meyɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o, abe ale si wòdze le numekugbalẽ siawo mee ene:

  • “Ame aɖeke menya gbe si gbe tututu wodzi Kristo o.”—New Catholic Encyclopedia.

  • “Gbe si gbe tututu wodzi Kristo la mele nyanya o.”—Encyclopedia of Early Christianity.

Togbɔ be Biblia meɖo nyabiase si nye ‘Ɣekaɣie wodzi Yesu?’ ŋu tẽe o hã la, eƒo nu tso nu siwo dzɔ le edziɣi ŋu si na ame geɖe va ƒo nya ta be menye December 25 lia dzie wodzi Yesu o.

Mate ŋu anye vuvɔŋɔli o

  1. Ŋkɔŋɔŋlɔ. Do ŋgɔ na Yesu dzidzi teti la, Kaisaro Augusto de se be “woaŋlɔ anyigba dzi nɔlawo katã ƒe ŋkɔ.” Ame sia ame aŋlɔ ŋkɔ “le wo dedu me.” Esia abia be amewo nazɔ kwasiɖa ɖeka alo esi wu nenema ayi wo de. (Luka 2:1-3) Ðewohĩ ɖe wòde se ma kple susu be yeanya dukɔmeviwo ƒe xexlẽme le adzɔxɔxɔ kple ame siwo awɔ asrafodɔ ta. Dukɔa makpɔ ŋudzedze ɖe sedede ma ŋu kura o eɖanye ƒea ƒe ɣekaɣie wòɖadee o. Eya ta edze ƒãa be Augusto madi be yeado dziku na eteviwo ɖe edzi to wo dometɔ geɖe dzi zizi be woazɔ mɔ legbee ma le vuvɔŋɔli me o.

  2. Lãhawo. Alẽkplɔlawo hã nɔ “nuto ma ke me le gbedadaƒo, nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.” (Luka 2:8) Eye agbalẽ si nye Daily Life in the Time of Jesus gblɔ be alẽwo nɔa dogba dzi tso “kwasiɖa si do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia [March ƒe nuwuwu]” va se ɖe November ƒe domedome. Egblɔ kpee be: “Wonɔa kpo me le vuvɔŋɔli; eye esia ɖeɖe dzaa ɖee fia be ŋkeke si woɖo na Kristmas-ɖuɖu, le vuvɔŋɔli la, mesɔ o, elabena Nya nyui gbalẽawo gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi.”

Kele ƒe gɔmedzedze

Míate ŋu abu akɔnta anya ɣeyiɣi si me wodzi Yesu ne míebui tso eƒe ku dzi le Nisan 14 ƒe Ŋutitotoŋkekenyui si woɖu le ƒe 33 ƒe adame dzi. (Yohanes 19:14-16) Yesu xɔ abe ƒe 30 ene esime wòdze eƒe subɔsubɔdɔ si xɔ ƒe etɔ̃ kple afã la gɔme, eya ta ƒe 2 D.Ŋ.Y. ƒe kele ƒe gɔmedzedzee wodzi Yesu.—Luka 3:23.

Nu ka tae woɖua Kristmas le December 25 lia dzi?

Esi wònye be kpeɖodzi aɖeke meli be December 25 lia dzie wodzi Yesu Kristo o ɖe, ke nu ka tae woɖua azã sia le ŋkeke ma dzi? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be ɖe sɔlemehaŋgɔnɔlawo tia ŋkeke ma be wòadze “Romatɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nye ‘ɣe si dzi womeɖuna o ƒe dzigbezã’ dzi” le vuvɔŋɔli. (The New Encyclopædia Britannica) Le numekugbalẽ si nye The Encyclopedia Americana ƒe nya nu la, nunyalagã geɖewo xɔe se be ɖe wowɔ esia “be Kristotɔnyenye nado dzidzɔ na trɔ̃subɔla siwo trɔ zu Kristotɔwo.”