Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Menye Mawu gbɔe dzɔdzɔmefɔku siwo dzɔna egbea la tso o, gake etsɔa ɖe le eme na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le. Mawu Fiaɖuƒea ava ɖe nu siwo katã hea fukpekpe vanɛ la ɖa, eye dzɔdzɔmefɔkuwo hã le eme. Gake fifia gɔ̃ hã la, Mawu faa akɔ na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le.—2 Korintotɔwo 1:3.

 Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be dzɔdzɔmefɔkuwo menye tohehe tso Mawu gbɔ o?

 Mawu zã dzɔdzɔmeŋusẽwo tsɔ he to na amewo le blema. Gake ale si wòwɔ esia la to vovo sãsãsã na ale si dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽa nui egbea.

  •   Le dzɔdzɔmefɔkuwo me la, ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa kuna alo xɔa abi vevie. Gake ne Mawu zã dzɔdzɔmeŋusẽwo tsɔ he to na amewo la, ekpɔa egbɔ be ame vɔ̃ɖiwo koe tsrɔ̃na. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu tsrɔ̃ blemadu siwo nye Sodom kple Gomora la, metsrɔ̃ ame dzɔdzɔe Lot kple vianyɔnu eveawo o. (1 Mose 19:29, 30) Mawu kpɔ du mawo me tɔwo ƒe dziwo me, eye wòtsrɔ̃ ame siwo wòkpɔ be wovɔ̃ɖi la ɖeɖe ko.—1 Mose 18:23-32; 1 Samuel 16:7.

  •   Zi geɖe la, dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna le vo me. Gake hafi Mawu nazã dzɔdzɔmeŋusẽwo atsɔ ahe to na ame vɔ̃ɖiwo la, exlɔ̃a nu wo do ŋgɔ. Eya ta mɔnukpɔkpɔ sua ame siwo ɖo to nuxlɔ̃amea la si be woasi le afɔkua nu.—1 Mose 7:1-5; Mateo 24:38, 39.

  •   Amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo hã le eme tae dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna alo gblẽa nu le amewo ŋu. Le mɔ ka nu? Wogblẽa dzɔdzɔmenuwo dome eye wotua xɔ ɖe teƒe siwo anyigbaʋuʋu, tsiɖɔɖɔ kple ya sesẽwo ate ŋu agblẽ nu le bɔbɔe. (Nyaɖeɖefia 11:18) Mele be míabu fɔ Mawu ɖe tiatia mawo siwo amewo wɔna la ta o.—Lododowo 19:3.

 Ðe dzɔdzɔmefɔkuwo nye dzesi be míele ŋkeke mamlɛawo mea?

 Ɛ̃, Biblia gblɔe ɖi be afɔkuwo adzɔ le “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi,” alo “ŋkeke mamlɛawo me.” (Mateo 24:3; 2 Timoteo 3:1) Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ tso míaƒe ŋkekea ŋu be: “Nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.” (Mateo 24:7) Eteƒe madidi o, Mawu aɖe dzɔdzɔmefɔkuwo kple nu siwo katã nana míesea veve eye míekpea fu la ɖa le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

 Aleke Mawu kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋu?

  •   Mawu toa eƒe Nya, Biblia, dzi faa akɔ na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le. Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí eye wòsea veve ɖe mía nu ne míele fu kpem. (Yesaya 63:9; 1 Petro 5:6, 7) Biblia na míekpɔe hã be Mawu do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava si me dzɔdzɔmefɔkuwo magadzɔ azɔ o.—Kpɔ aɖaka si nye “ Mawunyakpukpui siwo ate ŋu afa akɔ na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le.”

  •   Mawu toa esubɔlawo dzi kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋu. Mawu ʋãa esubɔla siwo le anyigba dzi be woasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu ɖo. Biblia gblɔe ɖi be Yesu afa akɔ na “ame siwo ƒe dzi gbã” kple “konyifalawo katã.” (Yesaya 61:1, 2) Mawu subɔlawo hã dzea agbagba be yewoawɔ nenema ke.—Yohanes 13:15.

     GMawu gatoa esubɔlawo dzi naa kpekpeɖeŋu siwo hiã la ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le.—Dɔwɔwɔwo 11:28-30; Galatiatɔwo 6:10.

Yehowa Ðasefowo le kpekpeɖeŋu nam ame siwo ŋu ahom sesẽ aɖe gblẽ nu le le Puerto Rico

 Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo ŋua?

 Ɛ̃. Togbɔ be menye dzadzraɖo ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu tae woŋlɔ Biblia ɖo o hã la, mɔfiamewo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  •   Nɔ dzadzraɖoɖi ɖe afɔkuwo ŋu. Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Nunya le eme be míadzra ɖo ɖe afɔkuwo ŋu do ŋgɔ. Dzadzraɖo do ŋgɔ abia be nàƒo nu vevi siwo nàhiã ne afɔku dzɔ kpata la nu ƒu ɖe akplo me ahana wòanɔ asitsɔƒe na wò, eye wò kple wò ƒomea miadzro nu me ahalɔ̃ ɖe afi si miava do go le ne afɔku dzɔ la dzi.

  •   Agbea nenɔ vevie na wò wu kesinɔnuwo. Biblia gblɔ be: “Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.” (1 Timoteo 6:7, 8) Ele be míanɔ klalo be míagblẽ míaƒe aƒe kple kesinɔnuwo ɖi ale be míasi le afɔku nu. Ehiã be míaɖo ŋku edzi be míaƒe agbe le vevie wu nunɔamesi ɖe sia ɖe.—Mateo 6:25.