Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nu Si Dzɔ La Womate Ŋu Atrɔe O”

“Nu Si Dzɔ La Womate Ŋu Atrɔe O”

Le June 14, 2007 dzi la, Estonia Posudɔwɔƒea ɖe ŋkuɖodzi lɛtakotokudzigbalẽvi yeye, si dze le ɖusime la ɖe go. Woɖe gbeƒã sia le gbe si gbe woɖee ɖe go: “Míele ŋkuɖodzigbalẽvi sia ɖem ɖe go be míatsɔ aɖo ŋku ame ƒomevi vovovo siwo wowu le Estonia le Stalin ƒe dziɖuɖua te la dzi.” Tso ƒe 1941 va se ɖe ƒe 1951 me la, woɖe aboyo Estoniatɔ akpe geɖe.

“NU SI dzɔ la womate ŋu atrɔe o.” Esia nye nyagbɔgblɔ nyanyɛ aɖe le Estonia, eye wogblɔa nya sia tɔgbi le dukɔ bubuwo hã me. Nyateƒee, míate ŋu atrɔ nu si dzɔ xoxo la o, gake míate ŋu asrɔ̃ nu tso eme. Nunyala Fia Salomo si ɖu dzi le blema Israel la gblɔ be: “Nu siawo katã mekpɔ, eye metsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.”​—Nyagblɔla 8:9.

Ƒe geɖe va yi la, nanewo dzɔ le Estonia kple Ɣedzeƒe Europa dukɔ bubu geɖe me siwo ɖo kpe Biblia me nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi kɔtɛ. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu na ame maɖifɔ geɖe ŋutɔ kpe fu esime woɖe aboyo wo dometɔ aɖewo yi anyigba didiwo dzi, eye wode ame bubuwo dɔsesẽwɔsaɖawo me.

Dukɔa me ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be dumevi dzro siwo woɖe aboyoe tso dukɔ sue sia me tso ƒe 1941 va se ɖe ƒe 1951 me la wu 46,000. Woɖe aboyo ame akpa gãtɔ ɖe dunyaheha si dzi wode, dukɔ si me tɔwo wonye, alo hadomeɖoƒe si le wo si ta. Gake le Yehowa Ðasefowo gome la, woƒe subɔsubɔdzixɔsewo tae woɖe aboyo wo ɖo.

Wodze Mawuvɔ̃lawo Dzi

Ŋutinyaŋlɔla Aigi Rahi-Tamm gblɔ le numekuku aɖe si ŋu habɔbɔ aɖe (Tartu University Press) ka nya ta tsoe le ƒe 2004 me be: “Woɖe aboyo Yehowa Ðasefo 72, siwo dome ame siwo dea ha kpli wo hã nɔ la tso ƒe 1948 va se ɖe 1951 me. Ke hã, wowɔ ɖoɖo be woaɖe aboyo Ðasefowo le agbɔsɔsɔ gã wu me, eye le April 1, 1951 ƒe zã me la, menye wo dometɔ siwo le Baltik Dukɔwo me koe woɖe aboyoe o, ke esiwo le Moldova, ɣetoɖoƒe Ukraine, kple Belorussia hã.”

Do ŋgɔ na ƒe 1951 la, Yehowa Ðasefo siwo le Estonia la kpe fu, le esi woƒoa nya ɖe wo nu, biaa gbe wo hedea wo gaxɔ me ta. Gake edze abe aboyoɖeɖe la nye mɔ si dzi tom wonɔ be yewoabu mo na Yehowa Ðasefowo keŋkeŋ le Estonia ene.

Ɣletiŋkeke si nye April 1, 1951 la dze le lɛtakotokudzigbalẽvi si ŋu nya míegblɔ va yi la dzi. Xexlẽdzesi 382 si dze le edzi la nye Ðasefowo kple wo vi siwo woɖe aboyoe le ŋkeke ma dzi la ƒe xexlẽme. Woƒe ƒometɔwo kple aƒelika siwo menye Ðasefowo o la hã nɔ wo dome. Wonɔ wo léle dzi le dukɔ bliboa katã me le ŋkeke ma dzi. Le zã ma me la, womimi ame siwo wolé la ɖe ketekexɔvi siwo me wotsɔa lãwo ɖo la me ɖo ta Siberia, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.

Ella Toom

Ella Toom, a si xɔ ƒe 25 ɣemaɣi la nye Yehowa Ðasefoawo dometɔ ɖeka. Eɖo ŋku ale si wobia gbee va yi la dzi hegblɔ be: “Kpovitɔ aɖe nɔ agbagba dzem be yeado ŋɔdzi nam ne madzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Ebiam be: ‘Àdi be yeanɔ agbea? Alo àdi be yeaku kple wò Mawu la le Siberia gbe dzi?’” Ke hã, Ella yi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia vɔvɔ̃manɔmee. Wokplɔe yi Siberia, eye wona wònɔ dɔsesẽwɔsaɖa vovovowo me ƒe ade kloe.

Ðasefo alafa geɖe siwo womekplɔ yi ʋɔnu hafi ɖe aboyo wo o la dometɔ ɖekae nye ɖetugbui si ŋkɔe nye Hiisi Lember. Eva gblɔ tso nu siwo dzɔ le April 1, 1951 dzi emegbe be: “Le vo me koe wova do ɖe mía dzi le zã me heɖe gbe na mí be: ‘Mifɔ miaƒe nuwo. Gaƒoƒo afã koe susɔ na mi!’” Le zã ƒe blukɔ ma me la, wokplɔ Hiisi kple vianyɔnu si xɔ ƒe ade la yi ketekedzeƒea. Keteke xoxo la yi ɖatsɔ Ðasefo bubuwo le ketekedzeƒe siwo le ŋgɔ. Hiisi gblɔ be: “Wode mí ketekexɔvi siwo me wotsɔa lãwo ɖo la me. Nu si de mía dzie nye be lãwo ƒe mĩwo lia abe tsikpe ene le esi wònye snodzaɣi ta; ema manɔmee la, míate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu o. Míemimi abe lãwoe wode ʋu ene.”

Agbea menɔ bɔbɔe kura le kwasiɖa eve ƒe ketekemɔzɔzɔ ma me o. Womimi amewo ɖe ketekexɔvi siwo me menɔ dzadzɛ o la me. Wodo ŋukpe ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa le mɔ vovovowo nu hedo vlo wo. Wo dometɔ aɖewo fa avi hegbe nuɖuɖu. Gake Ðasefoawo ya kpe ɖe wo nɔewo ŋu hede dzi ƒo na wo nɔewo to mawukafukafuhawo dzidzi kple nuɖuɖumama le wo nɔewo dome dzi. Wokplɔ wo yi afi si wobe “woanɔ ɖikaa,” eye wogblɔ na wo be enye “demagbɔnugbe.”

Hiisi Lember kple via, Maaja

Hiisi ɖo ŋku ale si haxɔsetɔwo kpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe le nɔnɔme sesẽ ma mee dzi hegblɔ be: “Esi míeɖo ketekedzeƒe aɖe la, míaƒe ketekea tɔ ɖe keteke aɖe si tso Moldova la xa. Míese be ŋutsu aɖe nɔ keteke kemɛa me nɔ ame siwo míenye kple afi si yim míele la ta biam se. Míeɖo eŋu be Yehowa Ðasefowoe míenye tso Estonia, gake míenya afi si wokplɔ mí yinae o. Ðasefo siwo nɔ keteke si tso Moldova me la se dzeɖoɖoa. Woda yevubolo gã aɖe kple atikutsetsewo ɖo ɖe mí to do aɖe si le ketekexɔvia ŋu la me.” Egblɔ kpee be: “Ɣemaɣie míede dzesii be Yehowa Ðasefo siwo le Soviet Union nyigbawo katã dzie woɖe aboyoe!”

Corinna kple nɔvianyɔnu si ŋkɔe nye Ene, siwo nye Ðasefo ƒewuiviwo la megakpɔ wo dada kpɔ o ƒe ade kple edzivɔ. Do ŋgɔ la, wolé wo dada, si hã nye Yehowa Ðasefo la yi dɔsesẽwɔsaɖa aɖe me. Ke le April ƒe zã dziŋɔ ma me la, wova kplɔ ɖetugbuiawo tso wo ƒe me yi ɖade keteke. Corinna gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be, “Le ketekea me la, Ðasefo aɖe si si vi eve le la gblɔ be yeakpɔ mía dzi, eye wòka ɖe edzi na mí be yeaxɔ mí akpe ɖe ye viwo ŋu míanye ƒome ɖeka.”

Nu kae dzɔ esi wova ɖo mlɔeba? Le gbe si gbe wova ɖo Siberia, si vuvɔ wɔna le vevie, ƒe ŋufɔke la, wowɔ ɖoɖo ɖe ale si woazã wo abe kluviwoe ene ŋu tsɔ do vlo wo. Agbletɔ siwo le nutoa me la va be yewoatia ame siwo anye dɔwɔlawo le yewoƒe agblewo me. Corinna gblɔ be: “Míese wonɔ gbɔgblɔm le wo nɔewo dome be: ‘Èkpɔ ame si aku anyigbadzobomɔ̃ na wò la xoxo. Ame sia ya nye tɔnye,’ alo, ‘Mexɔ ame tsitsi eve xoxo. Ele be wò hã nàxɔ ame tsitsiwo.’”

Ene kple nɔvia, Corinna

Corinna kple Ene wɔ nu dzinɔameƒotɔe. Wogblɔ emegbe be: “Míesusua mía dada ŋutɔ, eye aleke gbegbe wòdzroa mí be míaganɔ eƒe akɔnu enye esi!” Ke hã, woyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hegakpɔtɔ nye dzidzɔmewo. Corinna gblɔ be: “Le mɔ aɖe nu la, enyo be mía dada menɔ mía kpɔm o, elabena ɣeaɖewoɣi la míedoa vuvɔmewu gbagbe aɖeke hafi nɔa dɔ wɔm le xexe esime vuvɔ le wɔwɔm kutɔkutɔe o.”

Nyateƒee, wowɔ nu madzɔmadzɔ dziŋɔwo ɖe ame maɖifɔwo ŋu le Estonia kple teƒe bubuwo, eye Yehowa Ðasefowo hã nɔ wo dome. (Kpɔ aɖaka si nye “‘Ŋutasẽnuwɔwɔ’ Si Gbɔ Eme.”) Togbɔ be Yehowa Ðasefo siwo le Estonia la kpe fu va yi hã la, wogale dɔ dzi vevie dzidzɔtɔe.

Etsɔme Nyui Le Ŋgɔ

Biblia ka ɖe edzi na mí be Yehowa Mawu lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Biblia gblɔ be: “Ame sia ame, si wɔ nu sia, eye wòwɔ nu madzɔmadzɔ la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.” (5 Mose 25:16) Togbɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔwɔwo nu va yi hã la, ava ɖe nu madzɔmadzɔ kple ŋutasẽnu wɔwɔwo ɖa kpuie. Hakpalaa gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

Ɛ̃, etsɔme nyui le ŋgɔ na mí! Togbɔ be míate ŋu atrɔ nu si dzɔ va yi o hã la, nuwo li míate ŋu awɔ be etsɔme nyui nasu mía si. Te ɖe Mawu ŋu, eye nàsrɔ̃ nu si nàwɔ be nàkpɔ etsɔme nyui si me dzɔdzɔenyenye vavãtɔ axɔ aƒe ɖo la teƒe.—Yesaya 11:9.

a Ella Toom ƒe agbemeŋutinya dze le yevugbe me Nyɔ! magazine si nye April 2006, axa 20-24 me.