Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alɔdodo Ame Siwo Hiã Tu

Alɔdodo Ame Siwo Hiã Tu

“Woayra dɔmenyotɔ, elabena eɖe eƒe abolo hena ame dahe.”—LODODOWO 22:9.

Susu si tae ame aɖewo ɖua Kristmas.

Esi Yesu kpe ɖe ame dahewo, dɔnɔwo, kple ame siwo nɔ fu kpem ŋu ta la, amewo dina be yewoasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua. Wosusui be Kristmas ɖuɣia ye sɔ na esia wɔwɔ, le esi kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo lɔ̃a nudzɔdzɔwo xɔxɔ le ɣeyiɣi sia me ta.

Nu ka tae taɖodzinua gbɔ menya ɖona o?

Le Kristmas ɖuɣi la, ame geɖe tsia dzi ɖe nuƒeƒle, modzakaɖeɖe kpakple ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo sasrã kpɔ ŋu. Nu siawo katã tea ɖeɖi ame ŋu, eye vovoɣi alo ga megava nɔa wo si be woazã ɖe ame siwo le hiã me la ŋu o, eya ta ɖeko ame aɖewo dzɔa ga na kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo.

Biblia me nya kawoe ate ŋu aɖe vi?

“Mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lododowo 3:27) Menye Kristmas ɖuɣiwo koe ame dahewo, dɔwuitɔwo kple ame siwo dzi nu dzɔ ɖo la kpea fu o. Ne ède dzesii be ame aɖe hiã kpekpeɖeŋu, eye “ŋutete le ŋuwò” be nàkpe ɖe eŋu la, nu ka tae nàlala va se ɖe Kristmas ɖuɣi? Mawu ayra wò ɖe wò dɔmenyonyo kple dɔmetɔtrɔa ta.

“Le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, mia dometɔ ɖe sia ɖe nedzra nane ɖo ɖi le ye ŋutɔ ƒe aƒe me, le eƒe viɖekpɔkpɔ nu.” (1 Korintotɔwo 16:2) Blema Kristotɔ siwo di be yewoakpe ɖe hiãtɔwo ŋu lae apostolo Paulo ɖo aɖaŋu ma na. Ðe nàte ŋu anɔ ‘nane dzram ɖo ɖi’ be nàtsɔ anɔ kpekpem ɖe ame ɖekaɖekawo ŋu alo atsɔe ado alɔ kpekpeɖeŋunahabɔbɔ aɖe si zãa ga le mɔ nyuitɔ nua? Esia awɔe be nàte ŋu anɔ kpekpeɖeŋu nam amewo le wò ŋutete nu.

“Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” (Hebritɔwo 13:16) De dzesii be tsɔ kpe ɖe “nunana ame bubuwo” ŋu la, ele be míanɔ “nyuiwɔwɔ” hã dzi, si fia be míakpe ɖe amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dzila ɖɔŋuɖowo mlaa wo viwo be woakpe ɖe ame tsitsiwo ŋu le woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo me; be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ ade dzi ƒo na dɔnɔwo, asrã wo kpɔ alo aƒo ka na wo; eye be woatsɔ ɖe le eme na ɖevi bubu siwo da ahe alo nye wɔametɔwo. Esia wɔnɛ be ɖeviwo nyoa dɔme hekpena ɖe ame ŋu le ƒe bliboa me.

Dzila ɖɔŋuɖowo mlaa wo viwo be woakpe ɖe ame tsitsiwo, dɔnɔwo kple ɖevi siwo nye nuwɔametɔwo ŋu. Esia wɔnɛ be ɖeviwo nyoa dɔme hekpena ɖe ame ŋu le ƒe bliboa me