Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Prophecy—A Perfect Record

Prophecy—A Perfect Record

“Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o.”​—YOSUA 23:14.

MƆ KA NUE BIBLIA TO VOVO LE? Wonya blema afakalawo nyuie be woƒe nyawo metoa mɔ ɖeka o, womate ŋu aka ɖe wo dzi o, eye nenema kee wòle le egbegbe ɣletivimefakalawo hã gome. Ame siwo be yewogblɔa etsɔme ɖi la tua woƒe nyawo ɖe nu siwo le dzɔdzɔm egbea dzi, eye ƒãa ŋutɔ hafi wodzea agbagba be yewoagblɔ nu siwo ava dzɔ ƒe alafawo megbe la ɖi. Gake Biblia ya gblɔa nyawo ɖi tsitotsito, eye wovaa eme hã, ne keke ‘blema kee wògblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia’ gɔ̃ hã.—Yesaya 46:10.

ESIA ƑE KPƆÐEŊU: Le ƒe alafa adelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖe si ɖe ale si Helatɔwo aɖu Medo-Persia fiaɖuƒea dzi le ɣeyiɣi kpui aɖe me la fia. Egblɔ ɖi hã be ne “ŋusẽ ɖo” Hela fia aʋadziɖulaa ŋu la, eƒe fiaɖuɖua ‘aŋe,’ si nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si fia be enu ayi. Ame kawoe axɔ ɖe eteƒe? Daniel ŋlɔ bena: “Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ ade eya nu o.”—Daniel 8:5-8, 20-22.

NU SI ŊUTINYAŊLƆLAWO GBLƆ: Ƒe 200 kple edzivɔ le Daniel ƒe ɣeyiɣiawo megbe la, Aleksanda Gãtɔ va zu Hela fia. Aleksanda ɖu Medo-Persia fiaɖuƒea dzi, eye wòkeke Hela Fiaɖuƒea ɖe nu va se ɖe keke Indus Tɔsisia (si le Pakistan egbea) nu le ƒe ewo pɛ ko me. Gake eku kpata esime wòxɔ ƒe 32 pɛ ko. Mlɔeba, aʋa aɖe si wowɔ le afi si te ɖe Ipsus ŋu le Asia Sue la na eƒe fiaɖuƒea ma. Ame ene siwo ɖu aʋa ma dzi la va ma Hela Fiaɖuƒea ɖe wo nɔewo dome. Ke hã, wo dometɔ aɖeke mete ŋu kpɔ ŋusẽ abe Aleksanda ene o.

NU KAE NYE WÒ SUSU? Ðe agbalẽ bubu aɖe li si hã ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme ɣesiaɣia? Alo Biblia gome ko wòle nenema?

“Biblia ƒe nyagblɔɖiwo . . . sɔ gbɔ ale gbegbe be manya wɔ be wo me vava nanye nudogoɖenunu aɖe ko o.”—A LAWYER EXAMINES THE BIBLE, SI IRWIN H. LINTON ŊLƆ