Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ʋu Ŋku Nam

Yehowa Ʋu Ŋku Nam

Yehowa Ʋu Ŋku Nam

Abe ale si Patrice Oyeka gblɔe ene

Gbe ɖeka le ɣetrɔ me, esi megalé blanui vevie le nye ŋku si gbã kple akogotsitsi ta, eye menɔ to ɖom radio dzi wɔna ɖe sia ɖe ko la, metso nya me be maɖe nye agbe ɖa, elabena eva glom. Mede aɖi tsi ɖe kplu me hedae ɖe kplɔ̃ si le ŋkunyeme la dzi. Meɖoe be male tsi zi mamlɛtɔ ahadzra ɖokuinye ɖo nyuie hafi ano aɖitsia atsɔ aɖe nye agbe ɖae. Nu ka tae medi be mawu ɖokuinye ɖo? Eye aleke wòdzɔe be mele agbe va de asi na egbea hele ŋutinya sia gblɔm?

WODZIM le February 2, 1958 dzi, le Democratic Republic of Congo, le nuto si nye Kasaï Oriental me. Fofonye ku esime mexɔ ƒe asieke, eya ta fonyee kpɔ dzinye metsi.

Esi mewu suku nu la, mekpɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si dea aŋetigble. Gbe ɖeka ŋdi le ƒe 1989 me, esime menɔ dɔ aɖe wɔm le nye ɔfis la, nye mo tsyɔ zi ɖeka. Gbã la, mesusu be ɖe wotsi dzo na mí, ke hã mese elektrikŋusẽnamɔ̃a ŋkɔ wònɔ dɔ wɔm! Dzidzi ƒom esi mede dzesii be nyemegate ŋu le agbalẽ siwo le ŋkunyeme alo nu bubu aɖeke kpɔm o!

Enumake meyɔ ŋutsu siwo nɔ tenye la dometɔ ɖeka be wòava kplɔm ayi ame si nɔ dɔnɔdzikpɔƒea nu la gbɔ. Ke ame ma hã gblɔ be woakplɔm ayi ɖɔkta si ganya dɔa wu la gbɔ le dugã me. Esi eya hã de dzesii be keke nye ŋkua to me kee nu gblẽ le vevie ta la, eɖom ɖe kɔdzi le Kinshasa si nye fiadua me.

Agbenɔnɔ Le Kinshasa

Mede ŋkuɖɔkta vovovowo gbɔ le Kinshasa, gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu kpe ɖe ŋunye o. Esi menɔ kɔa dzi ŋkeke 43 megbe la, ɖɔktawo ƒo nya ta be manye ŋkuagbãtɔ le nye agbemeŋkekewo katã me! Azɔ ƒonyemetɔwo kplɔm yi sɔleme vovovowo, bene woada dɔ nam nukutɔe, gake gbeɖegbeɖea koe.

Mlɔeba, mɔkpɔkpɔ aɖeke megava nɔ asinye be magakpɔ nu o. Melé blanui vevie, elabena nye ŋku gbã, eye dɔ ge le asinye. Azɔ hã, srɔ̃nye dzo le gbɔnye, eye wòtsɔ míaƒe nunɔamesiwo katã ɖe asi dzoe. Hadede kple amewo va nɔ ŋu kpem nam. Meva ɖe ɖokuinye ɖe aga, eye nyemedina be mayi ame dome o. Nyemelɔ̃a ame dome nɔnɔ o, eye mese le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me kura o.

Metee kpɔ zi eve be mawu ɖokuinye. Zi evelia ŋu nyae dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Ðevi sue aɖe si le míaƒe ƒomea me lae xɔ nam. Etsɔ kplua hekɔ aɖitsi si le eme la ɖe anyigba esime menɔ tsia lem, ke hã menya be aɖi ye le eme o. Meda akpe be meno aɖia o. Ke hã, ete ɖe dzinye ŋutɔ be medi kplua ʋuu do kpoe. Eya ta megblɔ nu si tae menɔ kplua dim kpakple nu si meɖo be mawɔ hafi la na ƒonyemetɔwo.

Meda akpe na Mawu kpakple nye ƒometɔwo hã be woƒe ŋku nɔ ŋunye, si wɔe be tame si meɖo be mawu ɖokuinye la medze edzi o.

Megakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Ake

Le Kwasiɖa aɖe gbe le ƒe 1992 me, esime menɔ anyi ɖe aƒe me nɔ atama nom la, Yehowa Ðasefo eve va gbɔnye esime wonɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me. Esi wode dzesii be menye ŋkunɔ ta la, woxlẽ Yesaya 35:5 nam, afi si gblɔ be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu.” Esi mese nya mawo la, dzi dzɔm ale gbegbe! Ðasefoawo megblɔ be yewoate ŋu ada dɔ nam nukutɔe, abe ale si wònɔ le sɔlemeawo gome ene o. Ke boŋ wogblɔ nam be magate ŋu akpɔ nu le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me nenye be mesrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. (Yohanes 17:3) Enumake melɔ̃ be Ðasefoawo nazã agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi la atsɔ asrɔ̃ Biblia kplim. Meva nɔ kpekpe siwo katã wowɔna le Fiaɖuƒe Akpataa me la dem, eye mewɔ tɔtrɔwo le nye agbe ŋu. Medzudzɔ atamanono hã.

Gake esi nyemenɔ nu kpɔm o ta la, nyemete ŋu nɔ ŋgɔyiyi wɔm kabakaba le xɔsea me o. Eya ta meva de ŋkunɔwo ƒe suku ɖasrɔ̃ ŋkunɔwo ƒe nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Esia na mete ŋu kpɔ gome le hehe si wonana le Fiaɖuƒe Akpataa me ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu la me. Ema megbe kpuie ko mede asi gbeƒãɖeɖe me le míaƒe nutoa me. Megava nɔ dzidzɔ kpɔm le agbe me ake. Mewɔ ŋgɔyiyi nyuie, eye meva tsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Mexɔ nyɔnyrɔ le May 7, 1994 dzi.

Esi lɔlɔ̃ si le asinye na Yehowa kple amewo va nɔ dzidzim ɖe edzi la, edzrom be manye gbe sia gbe gbeƒãɖela. Eya ta tso December 1, 1995 dzi la, mezu gbe sia gbe gbeƒãɖela. Azɔ hã, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu hamemetsitsi tso February 2004 me. Ɣeaɖewoɣi la, wokpeam meva ƒoa Biblia me nuƒowo le hame siwo le míaƒe nutoa me la me. Yayra siawo katã nana mekpɔa dzidzɔ geɖe, eye wòɖoa ŋku edzi nam be nuwɔametɔnyenye aɖeke mate ŋu atsi didi si le mía me be míasubɔ Yehowa Mawu la nu o.

Yehowa Na “Mele Nu Kpɔm”

Abe ale si megblɔ va yi ene la, srɔ̃nye gblẽm ɖi le esi mezu ŋkuagbãtɔ ta. Gake Yehowa gayram le mɔ bubu nu. Le gɔmesese aɖe nu la, mate ŋu agblɔ be ena mele nu kpɔm. Anny Mavambu, si lɔ̃ be yeaɖem togbɔ be menye ŋkunɔ hã la, va le abe ŋku ene nam. Esi eya hã nye gbe sia gbe gbeƒãɖela ta la, ezɔna kplim le gbeƒãɖeɖedɔa enuenu. Azɔ hã, exlẽa agbalẽ siwo ŋu dɔ wòle be mawɔ hena Biblia me nuƒowo ƒoƒo la nam, si wɔnɛ be metea ŋu wɔa nuŋlɔɖiwo ɖe ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu. Yayra gãe wònye nam. Ena mekpɔ Lododowo 19:14 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii. Afi ma gblɔ be: “Aƒe kple kesinɔnuwo nye domenyinu tso ame fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.”

Yehowa yra mía kple Anny kple vi eve—ŋutsuvi ɖeka kple nyɔnuvi ɖeka. Ele dzroyem vevie be makpɔ woƒe mowo le Paradisoa me! Yayra bubue nye be, fonye si nyo dɔme na mí heɖe mɔ na mí míele eƒe anyigba dzi la hã va srɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye wòxɔ nyɔnyrɔ! Mí katã míele hame ɖeka me.

Togbɔ be menye nuwɔametɔ hã la, enye nye didi vevie be mawɔ geɖe wu le Mawu subɔsubɔ me, elabena eyram ale gbegbe. (Maleaxi 3:10) Medoa gbe ɖa nɛ gbe sia gbe be wòana eƒe Fiaɖuƒea nava, eye wòaɖe fukpekpewo katã ɖa le anyigba dzi. Tso esime meva dze si Yehowa la, mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”—Lododowo 10:22, NW.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Mele Biblia me nuƒo ƒom; mía kple nye ƒomea kpakple fonyea