Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mena Wonya Wò Ŋkɔ La”

“Mena Wonya Wò Ŋkɔ La”

“Mena Wonya Wò Ŋkɔ La”

“Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam. . . . Mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae.”​—YOHANES 17:6, 26.

Nu Si Wòfia: Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me heto esia dzi na amewo nya ŋkɔa. Yesu xlẽa nyawo tsoa Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe, eye anɔ eme godoo be eyɔa Mawu ƒe ŋkɔa nuxexlẽa me. (Luka 4:16-21) Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Luka 11:2.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nya Sia Dzii: Apostolo Petro gblɔ na Yerusalem ƒe ame tsitsiwo be Mawu ɖe dukɔ aɖe tso amewo dome ‘hena eƒe ŋkɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Apostoloawo kple nusrɔ̃la bubuwo ɖe gbeƒã be “ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” (Dɔwɔwɔwo 2:21; Romatɔwo 10:13) Wozã Mawu ƒe ŋkɔa le woawo ŋutɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo me hã. Yudatɔwo ƒe segbalẽ aɖe (The Tosefta) si woŋlɔ le ƒe 300 Mía Ŋɔli lɔƒo la gblɔ tso ale si tsitretsiɖeŋulawo tɔa dzo Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖiwoe la ŋu ale: “Wotɔa dzo Nyanyuigblɔlawo ƒe agbalẽwo kple minim-wo [anɔ eme be wonye Yudatɔ Kristotɔwo] ƒe agbalẽwo. Wokpɔa egbɔ be agbalẽawo fiã le afi si wole, . . . eye akpa siwo Mawu ƒe Ŋkɔ dze le la hã fiãna.”

Ame Kawoe Le Nya Sia Dzi Wɔm Egbea? Biblia gɔmeɖeɖe si nye Revised Standard Version, si Dukɔa Ƒe Kristo Sɔlemeha Siwo Le United States Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe na wota la, ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Be woazã ŋkɔ tɔxɛ aɖe na Mawu vavã ɖeka kolia la, abe ke ɖe esiae ana vovototo nanɔ eya kple mawu bubuawo dome ene la, nye nu si ŋu woɖe asi le le Yuda-subɔsubɔ me do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, eye wònye nu si mesɔ kura be xexea me katã ƒe Kristo Hame la nawɔ o.” Eya ta wotsɔ dzesideŋkɔ “AƑETƆ” ɖo Mawu ƒe ŋkɔa teƒe. Nyitsɔ laa la, Vatikan la de se na eƒe bisiɔpwo be: “Mele be woazã alo ayɔ Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (YHWH *) ŋlɔna la le hadzidziwo alo gbedodoɖawo me o.”

Ame kawoe zãa Mawu ƒe ŋkɔa heƒoa nu tso eŋu na amewo egbea? Esime Sergey nye ƒewuivi le Kyrgyzstan la, ekpɔ video aɖe si me wogblɔ le be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ƒe ewo aɖewo va yi si megase Mawu ƒe ŋkɔa kpɔ o. Emegbe esi Sergey ʋu yi United States la, Yehowa Ðasefo eve va egbɔ le eƒe me hefiae Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me. Dzi dzɔ Sergey ŋutɔ be ha aɖe li si zãa ŋkɔ Yehowa. Eɖe dzesi hã be nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (Webster’s Third New International Dictionary) ɖe “Yehowa Mawu” gɔme be enye “Mawu si ƒo ɖe sia ɖe ta si ŋu Yehowa Ðasefowo dea bubui, eye Mawu ma koe wodea ta agu na.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔae le Eʋegbe mee nye “Yehowa.”