Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”

“Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”

“Womenye Xexea Ƒe Akpa Aɖeke O”

“Xexea lé fu wo, elabena womenye xexea ƒe akpa aɖeke o.”—YOHANES 17:14.

Nu Si Wòfia: Esi Yesu menye xexea ƒe akpa aɖeke o ta la, meƒo eɖokui ɖe eŋɔlimetɔwo ƒe dunyahehe kple hadomenyaʋiʋliwo me o. Egblɔ be: “Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.” (Yohanes 18:36) Exlɔ̃ nu eyomedzelawo be woaƒo asa na nɔnɔme, nuƒoƒo kple agbenɔnɔ siwo ŋu Mawu ƒe Nyaa ƒo nu tsi tre ɖo la hã.—Mateo 20:25-27.

Ale Si Kristotɔ Gbãtɔwo Wɔ Nya Sia Dzii: Subɔsubɔhawo ŋuti nuŋlɔla Jonathan Dymond gblɔ tso Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be, “nu ka kee woɖatu kpli wo o, eɖanye vlodoame, gaxɔmeyiyi, alo ku o, womedea nu aʋawɔwɔ me o.” Wolɔ̃na faa be yewoakpe fu tsɔ wu be yewoade akpa aɖe dzi le aʋawɔwɔ me. Woƒe agbe nyui nɔnɔ hã na woto vovo le xexea me. Wogblɔ na Kristotɔwo be: “Esi miegale du ƒum kpli wo le mɔ sia dzi yina agbe baɖa nɔnɔ ƒe ba ma ke me o ta la, ewɔa nuku na wo, eye wole nya manyomanyowo gbɔgblɔ dzi ɖe mia ŋu.” (1 Petro 4:4) Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ŋlɔ tso Kristotɔwo ŋu be, “le woƒe mawuvɔvɔ̃ kple ʋuɖɔɖɔ ta la, woƒe nu vea dɔme na trɔ̃subɔla viviseseyomenɔlawo.”

Ame Kawoe Le Nya Sia Dzi Wɔm Egbea? Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ tso Kristotɔwo ƒe akpa aɖeke dzi mademade ŋu be: “Mesɔ be ame aɖe nagbe aʋayiyi le eƒe dzitsinya ta o.” Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Reformierte Presse) gblɔ be amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe habɔbɔ si nye African Rights, ka nya ta tso ʋunyaʋunyawɔwɔ si yi edzi le Rwanda le ƒe 1994 me ŋu be, sɔlemehawo katã kpɔ gome le eme “negbe Yehowa Ðasefowo ko.”

Esi sukunufiala aɖe nɔ nu ƒom tso ale si Nazitɔwo wu Yudatɔ geɖe le Xexemeʋa II me ŋu la, efa konyi be “ƒuƒoƒo alo habɔbɔ aɖeke meƒo nu tsi tre ɖe alakpadada, tagbɔsesẽ kple nu vlo wɔwɔ dziŋɔ gbogboawo ŋu o.” Ke esi wòku nu me le blemanudzraɖoƒe aɖe (United States Holocaust Memorial Museum) la, eŋlɔ bena: “Mekpɔ ŋuɖoɖoa azɔ.” Eva nyae be Yehowa Ðasefowo lé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi sesĩe togbɔ be wowɔ ŋlɔmi le wo ŋu vevie hã.

Ke le woƒe agbenɔnɔ gome ya ɖe? Agbalẽ aɖe (U.S. Catholic) gblɔ be: “Katolikotɔ sɔhɛ geɖe ƒe susu mewɔ ɖeka kple hamenufiafia siwo ku ɖe anyinɔnɔ ɖekae do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ŋu o.” Agbalẽa gblɔ be nunɔlateƒenɔla aɖe gblɔ be: “Mekpɔe be ame akpa gãtɔ nɔa anyi ɖekae hafi va ɖea wo nɔewo; ame siawo asɔ gbɔ wu ame 50 le alafa me.” Numekugbalẽ si nye The New Encyclopædia Britannica gblɔ be Yehowa Ðasefowo “léa agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi.”