Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nenemae Dzea Ŋuwò’

‘Nenemae Dzea Ŋuwò’

‘Èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo keŋkeŋ, eye nèɖe wo fia ɖeviwo.’LUKA 10:21.

1. Nu ka tae Yesu ‘tso aseye le gbɔgbɔ kɔkɔe la me’? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

KPƆ ale si wòanɔ ɖa le susu me ne ɖe nèle eteƒe esime Yesu ‘tso aseye ale gbegbe le gbɔgbɔ kɔkɔe la me.’ Ðewohĩ Yesu nɔ alɔgbɔnu kom eye ne èkpɔ eƒe mo la, dzidzɔ ɖeɖe sɔŋ. Gake nu kae na wòle dzidzɔ kpɔm? Edɔ eƒe nusrɔ̃la 70 woyi ɖaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hetrɔ gbɔ teti koe nye ema. Esi futɔ sesẽ geɖewo tsi tre ɖe nya nyuia ŋu ta la, edi vevie be yeanya ale si yeƒe nusrɔ̃lawo wɔ dɔae. Futɔ siawo dometɔ aɖewoe nye agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, siwo nye agbalẽnyala siwo ƒe tagbɔ ɖa. Wodi be amewo nabu Yesu be enye kapita dzro aɖe ko, eye woabu eƒe nusrɔ̃lawo be wonye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.” (Dɔwɔwɔwo 4:13; Marko 6:3) Ke hã esi nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ tso gbeƒãɖeƒea la, dzidzɔ yɔ wo fũu! Woɖe gbeƒã togbɔ be amewo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa tsi tre ɖe wo ŋu hã! Nu bubu kawo hã tae woyi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm eye dzi nɔ wo ƒo?—Xlẽ Luka 10:1, 17-21.

Mawu ƒe habɔbɔa le gbe tem ɖe ale si wòle vevie be míafia nu le mɔ bɔbɔe si me kɔ nyuie wu nu la dzi

2. (a) Mɔ kawo nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le abe ɖeviwo ene le? (b) Nu kae kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu wose Biblia me nyateƒe gogloawo gɔme?

2 Yesu gblɔ na Yehowa be: ‘Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo, eye nèɖe wo fia ɖeviwo. Ɛ̃, Fofo, elabena nenemae dze ŋuwò.’ (Mateo 11:25, 26) Nu ka tae Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be ɖeviwo? To vovo na agbalẽfialawo kple Farisitɔ siwo de suku yi ŋgɔ eye wobua wo ɖokui nunyalawoe la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ya lɔ̃na faa wofiaa nu wo abe ɖeviwo ene. Wobɔbɔa wo ɖokui eye womedoa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo o. (Mateo 18:1-4) Esia ta Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ kpe ɖe wo ŋu wose Biblia me nyateƒe gogloawo gɔme. Gake le Yuda subɔsubɔhakplɔla dadalawo gome la, Satana kpakple woawo ŋutɔ ƒe ɖokuidodoɖedzi gbã ŋku na wo.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Mewɔ nuku o be Yesu kpɔ dzidzɔ nenema gbegbe! Dzi dzɔe ŋutɔ be Yehowa ɖe Biblia me nyateƒe gogloawo fia ɖokuibɔbɔlawo, afi ka kee woƒe agbalẽnyanya se ɖo o. Nufiafiamɔnu sia dzea Mawu ŋu, eye Mawu metrɔ o. Aleke wòɖee fia be nufiafiamɔnu sia gadzea ye ŋu kokoko? Le nyati sia me la, míadzro ale si Yehowa fiaa Biblia me nyateƒe gogloawo ɖokuibɔbɔlawo egbea la me.

WOÐE NYATEƑEA ME NA AMEWO KATÃ

4. Nu ka tae míagblɔ be Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la nye nunana nyui aɖe?

4 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Mawu ƒe habɔbɔa le gbe tem ɖe ale si wòle vevie be míafia nu le mɔ bɔbɔe si me kɔ nyuie wu nu la dzi. Na míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ me kpɔ. Gbãtɔe nye Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Enye nunana si kpe ɖe ame geɖe, siwo dome ame siwo nuxexlẽ ɖea fu na alo womese gbea nyuie o le, ŋu. Ƒomewo kpɔe be tata si gɔme sese le bɔbɔe wu la na yewo viwo te ŋu le Gbetakpɔxɔ gɔme sem nyuie wu. Ame geɖewo ŋlɔ akpedalɛta ɖo ɖe mí. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be tsã la, yevɔ̃na na nyaŋuɖoɖo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me. Gake megale nenema o! Esi wòdze tata si gɔme sese le bɔbɔe sɔsrɔ̃ gɔme la, egblɔ be: “Fifia meɖoa nya ŋu wu zi ɖeka eye vɔvɔ̃a do le menye! Meda akpe na Yehowa kple miawo hã.”

5. Viɖe siwo le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

5 Eveliae nye Eŋlisigbe me Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wogbugbɔ to, si woɖe ɖe go le ƒe sia ƒe takpekpe si wowɔ le October 5, 2013 dzi la me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Fifia wozã nya ʋɛ aɖewo ko le mawunyakpukpui aɖewo me, ke hã gɔmesesea metrɔ o, eye wòle bɔbɔe wu. Le kpɔɖeŋu me, Hiob 10:1 me nyawo dzi ɖe kpɔtɔ tso nya 27 va ɖo 19, eye Lododowo 8:6 ɖiɖi tso nya 20 va ɖo 13. Ŋɔŋlɔ eve mawo me va kɔ wu le tata yeyea me. Nɔviŋutsu amesiamina aɖe si le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖee nye esia la gblɔ be, “Ðeko mexlẽ Hiob ƒe agbalẽa le Biblia yeyea me vɔ koe nye esia, eye ewɔ nam be esiae nye zi gbãtɔ si mese egɔme ŋutɔŋutɔ!” Ame geɖe gblɔ nya mawo tɔgbi.

6. Aleke nèse le ɖokuiwò me le gɔmesese yeye si su mía si ku ɖe Mateo 24:45-47 ŋu la ŋuti?

6 Etɔ̃liae nye ŋɔŋlɔ aɖewo ƒe gɔmesese yeye si su mía si nyitsɔ laa. Le kpɔɖeŋu me, ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ ŋuti gɔmesese si me kɔ nyuie wu dze le July 15, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me. (Mateo 24:45-47) Nyatia ɖe eme be kluvi nuteƒewɔla lae nye Dɔdzikpɔha la. ‘Aƒemesubɔviawoe’ nye amesiaminawo kpakple ‘alẽ bubu’ siwo katã nyim kluvi nuteƒewɔla la le. (Yohanes 10:16) Edzɔa dzi na mí be míele nyateƒenya siawo srɔ̃m hele efiam amewo. Mɔ bubu kawo nue Yehowa ɖee fia le be edzea ye ŋu be yeafia nu yeƒe amewo le mɔ bɔbɔe si me kɔ wu la nu?

BIBLIA ME NUŊLƆÐIWO ƑE GƆMEÐEÐE SI LE BƆBƆE

7, 8. Biblia me nuŋlɔɖi siwo tsi tre ɖi na nane si lolo wu si le ŋgɔ la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

7 Ne ƒe gbogbo aɖewoe nye esia nèle Yehowa subɔm la, ɖewohĩ ède dzesii be vovototo le ale si míeɖea Biblia me nuŋlɔɖi aɖewo me tsã kple fifia la dome. Tsã la, míegblɔna zi geɖe be nuŋlɔɖi aɖewo le asi fiam nane si lolo wu si le ŋgɔ gbɔna. Míeyɔa nuŋlɔɖia be “kpɔɖeŋua.” Eye míeyɔa nu si kpɔɖeŋua tsi tre ɖi na la be “nua ŋutɔŋutɔ.” Susu aɖewo li siwo tae míeɖea Biblia me nuŋlɔɖiwo me alea ɖoa? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒo nu tso “nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi” ŋu. (Xlẽ Mateo 12:39, 40.) Yesu ɖe eme be ɣeyiɣi si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me la tsi tre ɖi na ɣeyiɣi si ye Yesu yeanɔ yɔdo me.

Ne míesrɔ̃ nu tso Biblia me nuŋlɔɖiwo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu la, edoa ŋusẽ míaƒe xɔse

8 Biblia me nuŋlɔɖi bubuwo li siwo tsi tre ɖi na nane si lolo wu si le ŋgɔ gbɔna. Apostolo Paulo he susu yi wo dometɔ geɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ƒomedodo si nɔ Abraham kple Hagar dome tsi tre ɖi na ƒomedodo si nɔ Yehowa kple Israel-dukɔa dome, eye esi nɔ Abraham kple Sara dome la le tsitre ɖi na ƒomedodo si le Yehowa kple Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo dome. (Galatiatɔwo 4:22-26) Nenema kee avɔgbadɔa, gbedoxɔa, Avuléŋkekea, nunɔlagã la kple nu bubu aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Sea me la nye “nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli.” (Hebritɔwo 9:23-25; 10:1) Ne míesrɔ̃ nu tso Biblia me nuŋlɔɖi siawo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu la, edoa ŋusẽ míaƒe xɔse. Gake ɖe esia fia be ame, nudzɔdzɔ kple nu sia nu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la tsi tre ɖi na ame alo nu bubu aɖea?

9. Tsã la, aleke míeɖe Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Nabot ŋu me?

9 Tsã la, míeɖea eme le míaƒe agbalẽwo me zi geɖe be ame, nudzɔdzɔ alo nu sia nu si le nuŋlɔɖi aɖewo me la tsi tre ɖi na ame alo nu bubu aɖe. Le kpɔɖeŋu me, fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel na wowu Nabot ale be srɔ̃a Axab naxɔ Nabot ƒe waingble. (1 Fiawo 21:1-16) Le ƒe 1932 me la, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖe eme be Axab kple Izebel tsi tre ɖi na Satana kple eƒe habɔbɔ, Nabot tsi tre ɖi na Yesu, eye be Nabot ƒe ku le tsitre ɖi na Yesu ƒe ku. Gake le ƒe 1961 me la, Eŋlisigbe me gbalẽ si ƒe tanyae nye “Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ” gblɔ be Nabot tsi tre ɖi na amesiaminawo, eye be Izebel le tsitre ɖi na Kristodukɔa. Egblɔ hã be ale si Izebel ti Nabot yome la le tsitre ɖi na ale si woti amesiaminawo yome le ŋkeke mamlɛawo me. Numeɖeɖe siawo do ŋusẽ Mawu ƒe amewo ƒe xɔse hena ƒe geɖe. Ekema nu ka tae míegale nya siawo me ɖem bubui fifia?

10. (a) Aleke kluvi nuteƒewɔla la dze aɖaŋu ɖe edzi ne ele Biblia me nuŋlɔɖi aɖewo me ɖem? (b) Nu ka dzie míaƒe agbalẽwo hea susu yina zi geɖe egbea?

10 Esi ƒeawo va le yiyim la, Yehowa kpe ɖe ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la ŋu be wòdze aɖaŋu ɖe edzi, alo ɖɔ ŋu ɖo geɖe wu. Le mɔ ka nu? Fifia la, ne kluvi nuteƒewɔlaa kpɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si me kɔ ƒãa ko hafi wògblɔna be Biblia me nuŋlɔɖi aɖe tsi tre ɖi na nane si lolo wu. Esesẽna na nɔviwo be woase ale si míeɖe nuŋlɔɖi aɖewo ƒe kpɔɖeŋuwo kple nuawo ŋutɔŋutɔ me va yi la gɔme, aɖo ŋku wo dzi ahawɔ wɔ wo ŋuti dɔ. Gawu la, ne míehe susu yi Biblia me nuŋlɔɖiwo me vava gãtɔwo dzi fũu akpa la, nufiame vevi siwo le eme siwo dzi wòle be míawɔ ɖo la buna ɖe mí. Eya ta egbea, nufiame vevi siwo le Biblia me nuŋlɔɖiwo me, siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse, ana míado dzi, anɔ mawusosroɖagbe ahatu nɔnɔme nyui bubuwo ɖo koŋ dzie míaƒe agbalẽwo hea susu yina zi geɖe. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso kpɔɖeŋu si Nabot ɖo ɖi la me (Kpɔ memama 11)

11. (a) Aleke míese Nabot ŋuti nuŋlɔɖia gɔme fifia, eye aleke kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la aɖe vi na mí? (b) Nu ka tae fifia la, ƒãa hafi míaƒe agbalẽwo ƒoa nu tso kpɔɖeŋuwo kple nu siwo wotsi tre ɖi na ŋu? (Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le Gbetakpɔxɔ sia me.)

11 Fifia ale si míese Nabot ŋuti nuŋlɔɖia gɔme la me gakɔ ɖe edzi hele bɔbɔe wu. Nabot meku le esi wòtsi tre ɖi na Yesu alo amesiaminawo ta o. Ke boŋ esi wòɖoe kplikpaa be yeawɔ nuteƒe na Mawu tae. Eyi edzi wɔ Yehowa ƒe Se dzi togbɔ be dziɖula sesẽ aɖe ti eyome hã. (4 Mose 36:7; 1 Fiawo 21:3) Ðe esia menye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu subɔla siwo yome tim wole alea egbea oa? (Xlẽ 2 Timoteo 3:12.) Kristotɔwo katã ate ŋu ase nufiame ma gɔme bɔbɔe, aɖo ŋku edzi ahawɔ ɖe edzi be wòado ŋusẽ woƒe xɔse.

12. (a) Nya ta kae mele be míaƒo tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu o? (b) Nu kae kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia me nu goglowo ke hã gɔme? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

12 Ekema ɖe wòle be míaƒo nya ta be nufiamewo koe le Biblia me nuŋlɔɖiwo me, eye gɔmesese bubu aɖeke megale wo ŋu oa? Kura o! Le esi míaƒe agbalẽwo nanɔ nu si ƒe kpɔɖeŋu Biblia me nuŋlɔɖiwo nye me ɖem teƒe la, fifia wotea gbe ɖe ale si nuŋlɔɖiawo de nu wo nɔewo mee dzi boŋ. Le kpɔɖeŋu me, ale si Nabot wɔ nuteƒe le yometiti me va se ɖe ku me la ɖoa ŋku Kristo kple amesiaminawo ƒe nuteƒewɔwɔ dzi na mí. Azɔ hã, egaɖoa ŋku ale si ‘alẽ bubuawo’ dometɔ geɖe le nuteƒe wɔm dzi na mí. Ale si Yehowa le nu fiam mí le mɔ bɔbɔe nu la dze ƒãa. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

YESU ƑE KPƆÐEŊUAWO ƑE GƆMEÐEÐE SI LE BƆBƆE

13. Ƒo nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖewo siwo gɔme míeva se nyuie fifia wu la ŋu.

13 Yesu Kristo ye nye Nufiala gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ. Elɔ̃a lododowo alo kpɔɖeŋuwo zazã le eƒe nufiafiawo me. (Mateo 13:34) Kpɔɖeŋuwo ɖea vi elabena woɖea nya goglowo me le mɔ bɔbɔe nu, wonana míebua tame eye nyaawo wɔa dɔ ɖe mía dzi wu. Esi ƒeawo va le yiyim la, woɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo me le míaƒe agbalẽwo me le mɔ bɔbɔe si me kɔ wu nu. Le kpɔɖeŋu me, July 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ na míegase Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe amɔʋãnu la, atiku sue la kple ɖɔ la ŋu gɔme ɖe edzi. Fifia míekpɔe be kpɔɖeŋu siawo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple ale si wòle kpekpem ɖe ame geɖe ŋu be woagbe nu le xexe vɔ̃ɖi sia gbɔ ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la ŋu.

Kpɔɖeŋuwo ɖea vi elabena woɖea nya goglowo me le mɔ bɔbɔe nu, wonana míebua tame eye nyaawo wɔa dɔ ɖe mía dzi wu

14. (a) Aleke míeɖe lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu me tsã? (b) Aleke míese Yesu ƒe lododoa gɔme fifia?

14 Ke aleke míawɔ ase lododo, alo ŋutinya siwo me nyawo de to, siwo Yesu gblɔ la gɔme? Lododo siawo ƒe ɖewo tsi tre ɖi na nanewo alo wonye nyagblɔɖiwo hã. Ðewo hã nye nufiame nyuiwo na mí. Ke aleke míawɔ anya esiwo tsi tre ɖi na nane kple esiwo nye nufiamewo ko? Ŋuɖoɖoa me va le kɔkɔm ɖe edzi tso ɣeaɖeɣi ke. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si míeɖea Yesu ƒe lododo si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu mee tsã ŋu kpɔ. (Luka 10:30-37) Le ƒe 1924 me la, Gbetakpɔxɔ ɖe eme be Samariatɔ la tsi tre ɖi na Yesu, eye mɔ si ɖi abu tso Yerusalem yi Yerixo la le tsitre ɖi na ale si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi tso esime wodze aglã le Eden. Azɔ hã adzodala siwo nɔ mɔa dzi la tsi tre ɖi na adzɔha kple asitsala ŋuklẽlawo, eye nunɔlaa kpakple Lewitɔa le tsitre ɖi na Kristodukɔa. Gake egbea míaƒe agbalẽwo zãa kpɔɖeŋu ma tsɔ dea dzi ƒo na mí Kristotɔwo katã míagakpɔ ame ŋkume o. Eye ele be míakpe ɖe ame siwo katã ɖo hiã me ŋu, vevietɔ míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ Mawu ŋuti nyateƒea. Ale si Yehowa na nyateƒea me le kɔkɔm ɖe edzi la dzɔa dzi na mí ŋutɔ.

15. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

15 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu me. (Mateo 25:1-13) Aleke Yesu di be ye yomedzela siwo anɔ anyi le ŋkeke mamlɛawo me la nase lododo wɔdɔɖeamedzi ma gɔme? Ðe ame sia ame, nu sia nu, alo lododoa me nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe tsi tre ɖi na ame alo nane si lolo wu si le ŋgɔa? Alo nufiame nyui aɖewo siwo dzi wòdi be míawɔ ɖo le ŋkeke mamlɛ siawo me lae le eme na mía? Na míakpɔe ɖa.

^ mm. 4 Wodze Gbetakpɔxɔ ƒe tata si gɔme sese le bɔbɔe wu tata gɔme ɖe Eŋlisigbe me tso July 2011 me. Tso ɣemaɣi la, wole etam ɖe gbe bubu ʋɛ aɖewo hã me.

^ mm. 5 Woaɖe tata si me wogbugbɔ to la gɔme ɖe gbe bubuwo hã me.

^ mm. 10 Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ si nye Srɔ̃ Woƒe Xɔse dzro ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ 14 ƒe ŋutinya me. Agbalẽa he susu yi nusɔsrɔ̃ siwo le nuŋlɔɖiawo me na mí koŋ dzi, ke menye kpɔɖeŋuawo kple nu siwo wotsi tre ɖi na o.

^ mm. 12 Nu siwo adze abe ɖe wo “gɔme sese sesẽ” ene hã le Mawu ƒe Nya la me; eye esia ƒe ɖewo dze le Paulo ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ke hã gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Biblia ŋlɔlawo katã. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kee le kpekpem ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu be woase Biblia gɔme, ‘Mawu ƒe nu goglowo ke hã.’—2 Petro 3:16, 17; 1 Korintotɔwo 2:10.