Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nye Nuɖuɖue Nye Be Mawɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu’

‘Nye Nuɖuɖue Nye Be Mawɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu’

Nu kae doa dzidzɔ na wò vevie? Mia kple amewo dome ƒomedodowo, abe srɔ̃ɖeɖe, ƒomedzikpɔkpɔ, alo xɔlɔ̃ nyuiwo dzedze yea? Ðewohĩ nuɖuɖu ɖekae kple wò ame veviwo dzɔa dzi na wò. Gake abe Yehowa subɔlawo ene la, ɖe menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eƒe Nya la sɔsrɔ̃, kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye hea dzidzeme gãtɔ kekeake vanɛ na mí oa?

Blema Israel Fia David dzi ha kafu Wɔla la be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.” (Ps. 40:9) Togbɔ be David to nɔnɔme sesẽwo kple xaxawo me le agbe me hã la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi nɛ ŋutɔŋutɔ. Nyateƒee wònye be menye David ɖeka koe Mawu vavã la subɔsubɔ do dzidzɔ na o.

Esi apostolo Paulo nɔ eɖem fia be nya siwo le Psalmo 40:9 la va eme ɖe Mesia, alo Kristo la dzi la, egblɔ be: “Esia tae esime [Yesu va] xexea me la, egblɔ be: ‘“Mèdi vɔsa kple nunana o, ke boŋ èdzra ŋutilã aɖe ɖo ɖi nam. Mèkpɔ ŋudzedze ɖe numevɔsawo kple nu vɔ̃ vɔsa ŋu o.” Eye megblɔ be, “Kpɔ ɖa! Meva ɖo (agbalẽ xatsaxatsa la me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye) be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, Oo Mawu.”’”Heb. 10:5-7.

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ŋu, xɔlɔ̃wo gbɔ nɔnɔ kple nuɖuɖu ɖekae kple amewo dzɔa dzi nɛ. (Mat. 6:26-29; Yoh. 2:1, 2; 12:1, 2) Gake nu si me wòtsɔ ɖe le vevie, kple nu si doa dzidzɔ nɛ ŋutɔe nye Fofoa si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye be mawu eƒe dɔ la nu.” (Yoh. 4:34; 6:38) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ nu vevi si hea dzidzɔ vavãtɔ vanɛ tso woƒe Aƒetɔ la gbɔ. Wolɔ̃ faa gblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na amewo kple dzidzɔ.Luka 10:1, 8, 9, 17.

‘MIHEYI ÐAWƆ NUSRƆ̃LAWO’

Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la. Eye kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:19, 20) Dɔ sia wɔwɔ bia be míaɖe gbeƒã na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le, míatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le nyaa me gbɔ, eye  míasrɔ̃ Biblia kpli wo. Dɔ sia wɔwɔ ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí.

Lɔlɔ̃ ʋãa mí míeyia edzi ɖea gbeƒã togbɔ be ame aɖewo metsɔa ɖeke le nyaa me o hã

Amewo tsɔ ɖe le míaƒe nyaa me alo womeɖatsɔ ɖeke le eme o, be míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, nɔnɔme si le míawo ŋutɔwo si wɔa akpa vevi aɖe. Nu ka tae míeyia edzi ɖea gbeƒã nya nyuia togbɔ be ame aɖewo medoa vivi ɖe mía ŋu alo tsɔa ɖeke le nyaa me o hã? Esi míenyae be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía haviwo fiana tae. Le nyateƒe me la, amewo ƒe agbe ɖo afɔku me—míawo ŋutɔwo kple mía haviwo tɔ siaa. (Eze. 3:17-21; 1 Tim. 4:16) Na míadzro nu vevi aɖewo siwo le kpekpem ɖe míaƒe hadɔwɔla geɖe siwo le anyigbamama sesẽwo me ŋu be wole ŋusẽ dom nu alo dzo kpɔtɔ le wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la me akpɔ.

WƆ MƆNUKPƆKPƆ ÐE SIA ÐE ŊU DƆ

Ne míezãa nyabiase nyuiwo le gbeƒãɖeɖedɔa me la, nu nyuiwo dona tsoa eme zi geɖe. Nɔvinyɔnu Amalia kpɔ ŋutsu aɖe si nɔ nyadzɔdzɔgbalẽ xlẽm le abɔ aɖe me gbe ɖeka ŋdi. Ete ɖe ŋutsua ŋu biae be exlẽ nya nyui aɖe le nyadzɔdzɔgbalẽa me mahã. Esi ŋutsua ɖo eŋu be ao la, Amalia gblɔ nɛ be, “Metsɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui aɖe vɛ na wò.” Edzɔ dzi na ŋutsua eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Amalia te ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ etɔ̃ gɔme le abɔ ma me.

Nɔvinyɔnu Janice tsɔ afi si wòwɔa dɔ le wɔ eƒe anyigbamama. Esi nyati aɖe si wota ɖe Gbetakpɔxɔ me do dzidzɔ na dɔwɔƒea ƒe dzɔla kple dɔwɔhati bubu aɖe ta la, Janice gblɔ na wo be yeanɔ magazineawo tsɔm vɛ na wo edziedzi. Enaa magazine dɔwɔla bubu aɖe hã, eye nyati vovovo siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Esia wɔe be dɔwɔla bubu aɖe hã bia be wòana magazineawo ye. Janice gblɔ be “Yayrae esia nye tso Yehowa gbɔ!” Mlɔeba la, ame 11 sɔŋ ye va le Janice ƒe magazine ƒe ademɔ dzi le eƒe dɔwɔƒe.

KPƆ MƆ NA EMETSONU NYUIWO

Dzikpɔla mɔzɔla aɖe kafui be, le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me la, mele be gbeƒãɖelawo nawu woƒe dzeɖoɖoa nu be emegbe yewoagatrɔ ava ko o. Ke boŋ woate ŋu abia aƒemenɔlaa be: “Àdi be mafia ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la wòa?” alo, “Ŋkeke ka kple ga ka mee nàdi be matrɔ ava be míayi dzeɖoɖoa dzi?” Dzikpɔla mɔzɔlaa gblɔ be esi nɔvi siwo le hame si subɔm yenɔ me zã mɔnu sia la, wodze Biblia nusɔsrɔ̃ 44 sɔŋ gɔme le kwasiɖa ɖeka ko me.

Tɔtrɔyiwo wɔwɔ kaba—le ŋkeke ʋɛ aɖewo le yiyi zi gbãtɔ megbe gɔ̃ hã—tea ŋu ɖea vi. Nu ka tae? Elabena esia ɖenɛ fiana be míedi tso dzi me be míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woase Biblia gɔme. Esi wobia nyɔnu aɖe si Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kplii be nu ka tae wòlɔ̃ be  woasrɔ̃ nu kpli ye hã la, egblɔ be: “Medze nusɔsrɔ̃ gɔme le lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme vavã si woɖe fiam ta.”

Àte ŋu abia aƒemenɔlaa be: “Àdi be mafia ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la wòa?”

Esi Nɔvinyɔnu Madaí wu Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua nu la, edze Biblia nusɔsrɔ̃ 15 sɔŋ gɔme eye wòtsɔ nusrɔ̃vi 5 bubuwo na gbeƒãɖela bubuwo. Eƒe nusrɔ̃vi gbogbo aɖewo dze kpekpewo dede edziedzi gɔme. Nu kae kpe ɖe Madaí ŋu wòdze nusɔsrɔ̃ gbogbo mawo gɔme? Sukua na wòkpɔ susu si tae wòle be wòayi edzi anɔ ame siwo ɖe ɖetsɔleme vavã fia la gbɔ yim va se ɖe esime wòke ɖe wo ŋu. Ðasefo bubu si kpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea gblɔ be, “Meva srɔ̃e be kutrikuku le tɔtrɔyiwo wɔwɔ mee nye nu vevi si nana amewo va dzea si Yehowa.”

Tɔtrɔyiwo wɔwɔ kaba ɖenɛ fiana be míedi tso dzi me be míakpe ɖe amewo ŋu be woase Biblia gɔme

Ebia agbagbadzedze vevie hafi míate ŋu awɔ tɔtrɔyiwo ahasrɔ̃ Biblia kple amewo. Ke hã yayra siwo dona tsoa eme la ƒoa agbagbadzedzeawo ta sãsãsã. Ne míeyi edzi do vevie nu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be “nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si,” eye esia ate ŋu ana woakpɔ xɔxɔ. (1 Tim. 2:3, 4) Ate ŋu ana míawo ŋutɔwo míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme si ɖeke mesɔ kplii o.