Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana

Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana

Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe . . . elabena wòe wɔ nuwo katã.NYAÐ. 4:11.

1. Nu kae míawɔ be míaƒe xɔse me nagagbɔdzɔ o?

AMEWO gblɔna be ame ŋutɔ ƒe ŋku meblea ame o, eya ta nu si yewokpɔ la ko dzie yewoaxɔ ase. Aleke míakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu woaxɔ Yehowa dzi ase? Biblia gblɔe nyateƒe be, “ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” (Yoh. 1:18) Ekema nu kae míawɔ be ale si míexɔ Yehowa, “Mawu makpɔmakpɔ la,” dzi se me nagagbɔdzɔ o? (Kol. 1:15) Gbã la, ele be míanya nufiafia siwo tsyɔ nu Yehowa ŋuti nyateƒea dzi. Evelia, míazã Biblia la aɖaŋutɔe atsɔ amu tamebubu siwo “tsia tsitre ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu” la aƒu anyi.—2 Kor. 10:4, 5.

2, 3. Alakpanufiafia eve kawoe gbã ŋku na ame geɖe be womenya ame si tututu Mawu nye o?

2 Alakpanufiafia aɖe si gbã ŋku na ame geɖe be womenya ame si tututu Mawu nye o ye nye amedzɔtsolãme ƒe nufiafia. Nufiafia sia tsi tre ɖe Biblia ŋu, eye wòna be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele edzixɔselawo si o. Wofiaa nu be ɖeko agbea dzɔ le eɖokui si le vo me, eye esia fia be taɖodzinu aɖeke mele amegbetɔwo ƒe agbe ŋu o.

3 Kristodukɔa ƒe blemakɔnuléɖeasilawo hã fiaa nu be wowɔ xexea, anyigba la kple nu gbagbe siwo katã li la ƒe akpe ewo aɖewo koe nye esia. Togbɔ be ame siawo xɔ Biblia dzi vevie eye woxɔe se be Mawue wɔ nuwo hã la, wofiaa nu be wowɔ nuwo le ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didime nye gaƒoƒo 24 me. * Wogbea dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe kpeɖodzi ɖe sia ɖe si tsi tre ɖe woƒe susuwo ŋu. Woƒe nufiafia wɔe be amewo medea bubu Biblia ŋu o, eye wòdzena abe susu mele emenyawo me o eye womenye nyateƒe o ene. Ame siawo nana míeɖoa ŋku ƒe alafa gbãtɔa me tɔ aɖewo, siwo me dzo nɔ ɖe Mawu ŋu “gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o,” la dzi. (Rom. 10:2) Aleke míate ŋu azã Mawu  ƒe Nya la atsɔ amu alakpanufiafia eve siawo siwo “ƒo ke ɖe to sesĩe la ƒu anyi”? Ne míeku kutri ale be nu si Biblia fia ŋuti sidzedze vavãtɔ su mía si ko hafi míate ŋu awɔ esia.

NU SIWO ŊU KPEÐODZI LE KPLE NU SIWO ME SUSU LE DZIE WOTUA XƆSE ÐO

4. Nu ka dzie wòle be míatu míaƒe xɔse ɖo?

4 Biblia fia mí be míade asixɔxɔ gã sidzedze ŋu. (Lod. 10:14) Yehowa di be míaƒe xɔse nanɔ te ɖe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔwo kple nu siwo me susu le dzi, ke menye ɖe amegbetɔwo ƒe nunya alo subɔsubɔha si me wodzi mí ɖo dzi o. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:1.) Be míaƒe Mawu dzi xɔxɔ se me nasẽ la, gbã la, ele be míaka ɖe edzi vevie be Yehowa li ŋutɔŋutɔ. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:6.) Menye esi míesusui be ele be míaxɔ Mawu dzi se tae míeƒo nya ta alea o, ke boŋ míedzro kpeɖodziwo me hezã míaƒe “tamebubu ŋutete” hafi xɔe se.—Rom. 12:1.

5. Susu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu li?

5 Apostolo Paulo gblɔ susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu li togbɔ be míele ekpɔm o hã. Paulo gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi heyina, elabena wodzena wokpɔna le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena.” (Rom. 1:20) Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame si kea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu be wòakpɔ nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la ƒe nyateƒenyenye? Àte ŋu adzro Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe kpɔɖeŋu siwo ɖe Wɔla la ƒe ŋusẽ kple nunya fia la me kplii.

MAWU ƑE ŊUSẼ DZE LE NUWƆWƆWO ME

6, 7. Aleke Yehowa ƒe ŋusẽ dze le nu eve siwo kpɔa mía ta la me?

6 Yehowa ƒe ŋusẽ dze le nu eve siwo kpɔa mía ta la me—ya siwo ƒo xlã anyigba la kple nuheŋusẽ. Le kpɔɖeŋu me, menye ya si míegbɔna koe míekpɔna tso ya siwo ƒo xlã anyigba me o. Ya siawo gakpɔa mía ta tso ɖiƒoƒo siwo tsoa yamenutowo me la si me. Kpe gãgã siwo ate ŋu agblẽ nu ne woge dze anyigba dzi la fiãna le ya me, eye keklẽ dzeani mae míekpɔna le zã me gblɔna be ɣletivi ge.

7 Anyigba la ƒe nuheŋusẽ hã kpɔa mía ta. Nuheŋusẽ sia dzɔ tso anyigba ƒe tume ke. Gakpo siwo lólo hexɔ dzo gbãgbãgbã le anyigba ƒe tume ʋĩi la mee nuheŋusẽ sia si ƒo xlã anyigbaa kple eƒe yamenutowo la tso. Nuheŋusẽ sia kpɔa mía ta tso ɣea ƒe keklẽ wuamewo si me. Nuheŋusẽa xɔa keklẽ wuamewo hegbugbɔa wo ɖona ɖe yamenuto me ale be womeɖoa anyigba dzi o. Ema manɔmee la, anye ne nu gbagbewo katã tsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi. Nuheŋusẽ sia ƒe dɔwɔwɔe nana míekpɔa ɣea ƒe amigogbagba siwo nɔa amadede dzeani vovovowo me, vevietɔ le anyigba ƒe dziehe kple anyiehe kekeake. Ðikeke aɖeke mele eme o be “ŋusẽ geɖe” le Yehowa si.—Mixlẽ Yesaya 40:26.

MAWU ƑE NUNYA DZE LE DZƆDZƆMENUWO ME

8, 9. Aleke Yehowa ƒe nunya dze le dzɔdzɔmenuwo ƒe tɔtrɔ si lé míaƒe agbe ɖe te me?

8 Yehowa ƒe nunya dze le dzɔdzɔmenuwo ƒe tɔtrɔ si lé míaƒe agbe ɖe te le anyigba dzi hã me. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be èle dugã si me amewo sɔ gbɔ le, si ŋu woɖo gli ɖo, la me. Mɔ aɖeke meli si dzi woato ahe tsi nyui ava dua me alo alɔ ɖinuwo adzoe le dua me o. Eteƒe madidi hafi dua me naƒo ɖi kuɖikuɖi eye agbe maganya nɔ le eme o. Le mɔ aɖe nu la, míaƒe anyigba hã le abe du ma si ŋu woɖo gli ɖo ene. Tsi nyui agbɔsɔsɔme aɖe koe le edzi eye míate ŋu alɔ gbeɖuɖɔwo ayi aɖakɔ ɖe anyigba la godo o. Gake anyigba la te ŋu lé nuwɔwɔ miliɔn teƒe miliɔn geɖe ɖe te tso dzidzime yi dzidzime. Nu ka tae? Le esi ŋutete le esi be wòatrɔ asi le nu siwo  hiã be míanɔ agbe ŋu be míagbugbɔ azã wo ta.

9 Bu mɔ si dzi míetona kpɔa ya nyui si nye ɔksidzin gbɔna ŋu kpɔ. Nu gbagbe miliɔn teƒe miliɔn geɖe gbɔa ɔksidzin hetua aɖiya si nye carbon dioxide. Togbɔ be wole esia wɔwɔ dzi gbe sia gbe hã la, ɔksidzin mevɔna le anyigba dzi o, eye ya siwo ƒo xlã anyigba la hã mezua aɖiya ɖeɖe sɔŋ o. Nu ka tae? Elabena atiwo gbɔa aɖiya sia, eye wolɔa tsi kple nunyiamewo, woxɔa ɣe ƒe keklẽ eye wonaa nuɖuɖu kple ya nyui ɖe wo teƒe. Míawo hã míegbɔa ya nyui ma, ale be tɔtrɔ sia yia edzi ɖaa. Nyateƒee wònye be Yehowa zãa nu miemie siwo ŋu wòtrɔ asi le alea be wòana “agbe kple agbegbɔgbɔ . . . ame sia ame.” (Dɔw. 17:25) Nunya gã ka gbegbee nye esi!

10, 11. Aleke kpakpaluʋui kple zrɔ̃tsizrɔ̃tsi ɖea Yehowa ƒe nunya fianae?

10 Yehowa ƒe nunya si ƒo ɖe sia ɖe ta dzena le nu gbagbe gbogbo siwo wòwɔ ɖe míaƒe anyigba dzi hã me. Wobu akɔnta be nu gbagbe hamehame miliɔn 2 va se ɖe miliɔn 100 ye le anyigba sia dzi. (Mixlẽ Psalmo 104:24.) Na míakpɔ nunya si dze le nu gbagbe siawo dometɔ aɖewo ƒe wɔwɔme me ɖa.

Mawu ƒe nunya dze le zrɔ̃tsizrɔ̃tsi ƒe ŋku ƒe wɔwɔme ŋu; foto nogoo la nye eƒe ŋku si wona wòlolo ɖe edzi (Kpɔ memama 11)

11 Le kpɔɖeŋu me, ɖeko monak kpakpaluʋui ƒe ahɔhɔ̃ ƒe lolome le abe abui ƒe ta ko ene. Ke hã kpakpaluʋui sia tea ŋu dzona kilometa 3,000 tso Canada yia Mexico ƒe avewo me, eye wòzãa ɣea tsɔ fiaa mɔ eɖokui. Aleke wòwɔa esia esi ɣea metɔna ɖe teƒe ɖeka o? Yehowa wɔ eƒe ahɔhɔ̃ suea hena ŋutetee be ɣea ƒe zɔɖeɖe meflunɛ wòbua mɔ o. Bu zrɔ̃tsizrɔ̃tsi alo taɖu hã ƒe ŋku ƒe wɔwɔme ŋu kpɔ. Ŋku ƒokpli eve ye le nu dzodzoe sia si. Gadaglamakui suesue 30,000 sɔŋ ye le ŋku eveawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Ke hã eƒe ahɔhɔ̃ suea tea ŋu dea dzesi nyatakaka ɖe sia ɖe si tsoa gadaglamakui gbogboawo gbɔ, eye wòkpɔa nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe ʋaʋã.

12, 13. Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si Yehowa wɔ lãmenugbagbevi siwo le mía me la ŋu?

12 Nu si gawɔ nuku wue nye ale si Yehowa wɔ lãmenugbagbevi suesue siwo le nu gbagbewo katã me. Le kpɔɖeŋu me, lãmenugbagbevi suesue miliɔn teƒe miliɔn teƒe 100 sɔŋ ye wɔ mí ametia. Domenyiŋusẽfianu (DNA alo ADN) si le wò lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe me la mee mɔfiame siwo katã dzi lãmenuwo wɔ ɖo hafi nèva zu ame la le.

13 Nyatakaka ka gbegbe si nue DNA la tea ŋu léna ɖi? Mina míatsɔ nyatakaka si gbegbe CD ɖeka tea ŋu léna ɖi awɔ kpɔɖeŋu. Woate ŋu alé nyatakaka siwo katã le nyagɔmeɖegbalẽ gãtɔwo me la ɖe CD ɖeka ko dzi. Ke hã ne woalé nyatakaka ale si nu gbegbe le DNA gram ɖeka pɛ ko dzi ɖe CD dzi la, ahiã be woadi CD miliɔn teƒe miliɔn ɖeka hafi wo katã nate ŋu ayi edzi! Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ne ɖe woatu DNA ahaku eƒe gatsivi ɖeka la, nyatakaka ale si nu le eme la ate ŋu  ade amegbetɔ miliɔn akpe adre siwo le anyigba dzi egbea ƒe teƒe 350 kple edzivɔ sɔŋ!

14. Aleke nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo la nana nèsena le ɖokuiwò me tso Yehowa ŋu?

14 Fia David gblɔ be ɖeko wòle abe ɖe Yehowa ŋlɔ nyatakaka siwo katã hiã hena amegbetɔ ƒe ŋutilã tutuɖo la ɖe agbalẽ me ene. Egblɔ tso Yehowa Mawu ŋu be: “Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔ aɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.” (Ps. 139:16) Edze ƒãa be esi David bu ale si wowɔ eƒe ametiae ŋu la, ekafu Yehowa. Egbea dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖe nu geɖe ŋu le ametia ŋu siwo gawɔa nuku na mí geɖe wu. Nu siawo na míegakpɔa ŋudzedze ɖe hakpalaa ƒe nya siwo wògblɔ tso Yehowa ŋu la ŋu ɖe edzi. Hakpalaa gblɔ kpee be: “Meda akpe na wò le ale si wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” (Ps. 139:14) Ðe nuwɔwɔwo meɖo kpe edzi be Mawu gbagbe aɖe li oa?

KPE ÐE AMEWO ŊU WOAKAFU MAWU GBAGBE LA

15, 16. (a) Aleke míaƒe agbalẽwo le kpekpem ɖe amewo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu? (b) Nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyati si nye “Ðe Wowɔea?” me la dometɔ kae wɔ dɔ ɖe dziwò vevie?

15 Nyɔ! magazine la kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wova kpɔ nu si nuwɔwɔwo ɖe fia le mía Mawu gbagbe la ŋu dze sii. Le kpɔɖeŋu me, yevugbe me Nyɔ!, September 2006 nye tata tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Ðe Wɔla Aɖe Li Vavã?” Tata sia ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe ame siwo xɔ amedzɔtsolãme kple nufiafia si nye be ɖe wowɔ nuwo le ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe didimee nye gaƒoƒo 24 me la ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ ɖo ɖe míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika be: “Tata tɔxɛ sia mama ƒe dɔa yi nyuie ŋutɔ. Nyɔnu aɖe bia be yeaxɔ 20. Nu gbagbewo ŋuti nufiala wònye, eye wòdi be yeana ɖeka yeƒe sukuvi ɖe sia ɖe.” Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Tso keke ƒe 1940-awo ƒe nuwuwu lɔƒo kee menye gbeƒãɖela, eye esusɔ vie maxɔ ƒe 75, gake gbeadzi mevivi nunye alea kpɔ, abe ale si wòvivi nunye ɣleti sia, esi míele Nyɔ! tɔxɛ sia mam ene o.”

16 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, nyati aɖe dzena le Nyɔ! me edziedzi, si ƒe tanyae nye “Ðe Wowɔea?” Nyati siawo hea susu yia nunya gã si dzena le nuwɔwɔwo me dzi, eye wòɖea ale si amegbetɔwo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ Aɖaŋuwɔla Gãtɔ la. Dzi dzɔ mí esi woɖe agbalẽ gbadza yeye ɖe go le ƒe 2010 me, si akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu, si ƒe tanyae nye Was Life Created? (Ðe Wowɔ Nu Gbagbewoa?) Wotrɔ asi le foto dzeani kple nutata siwo me nufiame le, siwo le agbalẽa me, ŋu be wòana míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu geɖe wu. Biabia siwo le akpa ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la akpe ɖe nuxlẽlaa ŋu be wòade ŋugble le nu siwo me wòdzro la ŋu. Ðe agbalẽ gbadza sia zazã le tso aƒe me yi aƒe me dɔa, dutoƒosubɔsubɔdɔa, alo vomeɖaseɖiɖi me doa dzidzɔ na wòa?

17, 18. (a) Dzilawo, aleke miawɔ akpe ɖe mia viwo ŋu woasu te aʋli woƒe xɔse ta? (b) Aleke miezã agbalẽ gbadza eve siawo le miaƒe ƒometadedeagu me?

17 Dzilawo, ɖe miedzro agbalẽ dzeani sia me kple mia viwo le miaƒe ƒometadedeagu mea? Esia wɔwɔ ana mia viwo nakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu gbagbe la ŋu ahalɔ̃e. Ðewohĩ mia viwo ɖo woƒe ƒewuiwo me eye wole sekɛndrisuku (lycée) dem. Mía vi sɔhɛwo koŋ ŋue amedzɔtsolãme ƒe alakpanufiafiaa ate ŋu agblẽ nu le. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, nufialawo, agbalẽwo, filmwo kple nu siwo woɖena le television dzi nana amewo xɔnɛ sena be amedzɔtsolãme ƒe nufiafia la nye nyateƒe. Àte ŋu akpe ɖe viwò sɔhɛwo ŋu geɖe  wu be woagbe nufiafia sia ne èzã agbalẽ gbadza bubu si nye The Origin of Life—Five Questions Worth Asking (Ale Si Nu Gbagbewo Wɔ Va DzɔNya Vevi Atɔ̃ Siwo Wòle Be Nàbia) si hã woɖe ɖe go le ƒe 2010 me. Agbalẽ sia hã de dzi ƒo na sɔhɛwo be woazã woƒe ‘tamebubuŋutete’ abe “Ðe Wowɔ Nu Gbagbewoa?” ƒe agbalẽ gbadza la ke ene. (Lod. 2:10, 11) Efia ale si sɔhɛwo nabu tame akpɔe ɖa be susu le nu siwo srɔ̃m yewole le suku me hã.

Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu be woasu te aʋli woƒe xɔse ta (Kpɔ memama 17)

18 Wotrɔ asi le “Ale Si Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ” gbalẽ gbadzaa ŋu be wòakpe ɖe sukuviwo ŋu woade ŋugble le nya siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔna be yewoke ɖe blemanu kukuwo ƒe susɔe aɖewo ŋu azɔ, si ɖo kpe edzi be nyateƒee amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa nye la ŋu nyuie. Esia ana woatso nya me na wo ɖokuiwo nenye be kese mee amegbetɔ dzɔ tso. Efia sɔhɛwo ale si woaɖo nya ŋu na ame siwo gblɔna be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ dodokpɔ aɖewo hekpɔe be nu gbagbewo ate ŋu adzɔ le wo ɖokui si. Dzilawo, ne miezã agbalẽ gbadza siawo la, miakpe ɖe mia viwo ŋu be woanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi aɖo nya ŋu na ame sia ame si abia nya wo tso nu si tae woxɔe se be Wɔla aɖe li ŋu.—Mixlẽ 1 Petro 3:15.

19. Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na mí katã?

19 Yehowa ƒe habɔbɔa kua nu me tsitotsito hafi taa míaƒe agbalẽawo, eye wokpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu. Esiawo katã nye susu siwo tae wòle be míakafu mía Mawu ɖo. (Ps. 19:2, 3) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míakafu Yehowa, nuwo katã Wɔla la, ahade bubu eŋu, elabena edze nɛ hã!—1 Tim. 1:17.

^ mm. 3 Ne èdi numekɔkɔ bubuwo le ale si nàde ŋugble kple ame siwo xɔ nufiafia sia dzi se la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) ƒe axa 24 va se ɖe 28.