GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2013

Tata sia dzro ale si nuwɔwɔwo ɖe Wɔlaa ƒe ŋusẽ kple nunya fiae me. Àkpɔ ale si míate ŋu anɔ agbe ɖe Yesu ƒe gbedodoɖa aɖe nu hã.

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa Le Philippines

Kpɔ nu si ʋã ame aɖewo woɖe asi le woƒe dɔwo ŋu, dzra woƒe nunɔamesiwo heʋu yi Philippines ƒe nuto saɖeagawo me.

Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana

Srɔ̃ ale si nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu woanya ame si tututu Wɔla la nye kple ale si nàdo ŋusẽ wò xɔse.

“Miwɔ Dɔ Na Yehowa Abe Kluviwo Ene”

Nu kae míawɔ be míagazu Satana ƒe kluviwo o? Teƒeɖoɖo kawoe asu ame siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe abe kluviwo ene la si?

AGBEMEŊUTINYA

Yayra Le Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Me

Malcolm kple Grace Allen dometɔ ɖe sia ɖe subɔ Yehowa wu ƒe 75. Xlẽ nu tso ale si wova kpɔe be Yehowa yraa ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Tso Gbedodoɖa Si Ŋu Wodzra Ðo Ðo Nyuie Me

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Lewi viwo ƒe gbedodoɖa me? Nu kae nàwɔ be wò gbedodoɖawo nanyo?

Nɔ Agbe Ðe Yesu Ƒe Gbedodoɖa La Nu

Esi Yesu do gbe ɖa la, etsi dzi ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu wu eya ŋutɔ ƒe didiwo. Aleke míate ŋu anɔ agbe ɖe eƒe gbedodoɖaa nui?

Àte Ŋu Axlɔ̃ Nu Amewo Geɖe Wua?

Kpɔ ale si ame aɖewo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ɖia ɖase na ame siwo wodoa goe le woƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.