Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 19:10-12 la fia be ame siwo tiae be yewoanɔ tre la xɔ trenɔnɔ ƒe nunanaa le nukumɔ aɖe nua?

Bu nɔnɔme si me Yesu gblɔ nya mawo le trenɔnɔ ŋu la ŋu kpɔ. Esime Farisitɔwo va Yesu gbɔ hebia nyae tso srɔ̃gbegbe ŋu la, egblɔ Yehowa ƒe dzidzenu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu eme kɔ. Togbɔ be Sea ɖe mɔ be ŋutsu ate ŋu aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ na srɔ̃anyɔnu be yegbee ne ekpɔ “nu manyomanyo aɖe” le eŋu hã la, menye nenemae ɖoɖoa nɔ tso gɔmedzedzea me o. (5 Mose 24:1, 2) Eyome Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le [ahasiwɔwɔ] ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mat. 19:3-9.

Esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, wogblɔ be: “Ne aleae ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le la, ekema manyo be woaɖe srɔ̃ o ɖe!” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Menye amewo katãe tea ŋu wɔna ɖe nya sia dzi o, negbe ame siwo si nunana ma le la ko. Elabena ame tata aɖewo li, siwo wodzi nenema tso wo dada ƒe dɔ me ke, eye ame tata aɖewo li, siwo amewoe ta wo, eye ame tata aɖewo li, siwo wɔ wo ɖokuiwo ame tatawoe le dziƒofiaɖuƒe la ta. Ame si ate ŋui la, newɔe.”—Mat. 19:10-12.

Ame siwo nye ame tatawo ŋutɔŋutɔ la, ɖe wodzi wo kple dɔléle ma loo alo afɔku aɖee na wozu ame tatawo alo amewoe ta wo. Ke hã ame aɖewo hã li siwo ŋutɔwo lɔ̃ faa wɔ wo ɖokuiwo ame tatawoe. Togbɔ be ame siawo su te na srɔ̃ɖeɖe hã la, woɖu wo ɖokui dzi hetiae be yewoanɔ tre “le dziƒofiaɖuƒe la ta.” Abe Yesu ke ene la, wotiae be yewonɔ tre ale be yewoate ŋu atsɔ yewo ɖokuiwo aɖo anyi na Fiaɖuƒedɔwo wɔwɔ. Menye ɖe wodzi wo kple trenɔnɔ ƒe nunanaa o, eye menye ɖe wona nunana sia wo hã o. Le nyateƒe me la, woawo ŋutɔwoe lɔ̃ be yewoanɔ tre. Esia fia be woawo ŋutɔwoe ɖoe koŋ be yewoanɔ tre eye esia wɔe be nunanaa su wo si.

Esi apostolo Paulo nɔ nya si Yesu gblɔ la me ɖem yi ŋgɔe la, eɖe nu me be togbɔ be Kristotɔwo katã—trewo alo srɔ̃tɔwo—ate ŋu asubɔ Mawu wòadze eŋu hã la, tre siwo “ɖoe kplikpaa le [woƒe] dzi me” be yewoanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee la “[wɔe] nyuie wu.” Nu ka tae? Ele be srɔ̃tɔwo nazã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ƒe akpa aɖe ɖe wo srɔ̃wo ŋu be woalé be na wo ahadze wo ŋu. Gake Kristotɔ trewo ya ate ŋu atsɔ wo ɖokuiwo aɖo anyi na Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔa eye mahiã be woawɔ nu mawo o. Wobua woƒe trenɔnɔa be enye “nunana” tso Mawu gbɔ.—1 Kor. 7:7, 32-38.

Eya ta Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be Kristotɔ mexɔa trenɔnɔ ƒe nunanaa le nukumɔ aɖe nu o. Ke boŋ ɖe wòtua nɔnɔme sia ɖo be yeanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee ale be yeate ŋu ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ susuhenuwo manɔmee. Egbea la, ame geɖe ɖoe kplikpaa le woƒe dzi me be yewoanɔ tre le susu sia ta, eye anyo be ame bubuwo nade dzi ƒo na wo.