Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Galatiatɔwo, Efesotɔwo, Filipitɔwo, Kple Kolosetɔwo Me

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Galatiatɔwo, Efesotɔwo, Filipitɔwo, Kple Kolosetɔwo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Galatiatɔwo, Efesotɔwo, Filipitɔwo, Kple Kolosetɔwo Me

ESI apostolo Paulo see be ame siwo kpɔtɔ lé Yuda subɔsubɔ ƒe nufiafiawo me ɖe asi la le nanam be Kristotɔ aɖewo le tatram tso tadedeagu dzadzɛa gbɔ le Galatia la, eŋlɔ lɛta sesẽ aɖe “na Galatia hameawo.” (Gal. 1:2) Aɖaŋuɖoɖo siwo le tẽe kple nuxlɔ̃ame siwo wòna ŋkubiãtɔe lae le lɛta sia, si anye be ƒe 50 kple 52 M.Ŋ. domee wòŋlɔe la, me.

Anɔ abe ƒe ewo aɖewo megbe esime Paulo ‘nye gamenɔla le Kristo Yesu ta’ le Roma lae wòŋlɔ lɛta ɖo ɖe hame siwo le Efeso, Filipi, kple Kolose tsɔ ɖo aɖaŋu nyuiwo na wo hede dzi ƒo na wo lɔlɔ̃tɔe. (Ef. 3:1) Wɔwɔ ɖe gbedeasi siwo le Biblia gbalẽ siwo nye Galatiatɔwo, Efesotɔwo, Filipitɔwo, kple Kolosetɔwo me dzi aɖe vi na mí ame siwo li egbea hã.—Heb. 4:12.

NU KAE NANA ‘WOBUA AME AME DZƆDZƆE’?

(Gal. 1:1–6:18)

Esi wònye be ame siwo kpɔtɔ lé Yuda subɔsubɔ ƒe nufiafiawo me ɖe asi la nɔ didim be yewoaɖi gbɔ Paulo aɖaŋutɔe ta la, eʋli eƒe apostolonyenyea ta to nyatakaka aɖewo nana tso eɖokui ŋu tsitotsito me. (Gal. 1:11–2:14) Le tsitretsitsi ɖe woƒe nufiafiawo ŋu me la, Paulo ɖe nu me be: “Womebua ame ame dzɔdzɔe to se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi o, ke boŋ to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me ko.”—Gal. 2:16.

Paulo gblɔ be Kristo ‘ƒle ame siwo le se la te tsɔ ɖe wo’ be woava nɔ Kristotɔwo ƒe ablɔɖe me. Exlɔ̃ nu Galatiatɔawo vevie be: “Minɔ te sesĩe, eye migaɖe mɔ woagatsɔ mi ade kluvinyenye ƒe kɔkuti te ake o.”—Gal. 4:4, 5; 5:1.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3:16-18, 28, 29—Ðe nubabla si Mawu wɔ kple Abraham la gakpɔtɔ le dɔ wɔma? Ɛ̃, ekpɔtɔ le dɔ wɔm. Ðe wotsɔ Se ƒe nubabla la va kpe ɖe nubabla si Mawu wɔ kple Abraham la ŋu, ke menye ɖe wotsɔe ɖɔ lii o. Eya ta togbɔ be ‘wova ɖe Se ƒe nubabla la ɖa’ hã la, nubabla si Mawu wɔ kple Abraham ya gakpɔtɔ le dɔ wɔm. (Ef. 2:15) Ŋugbedodo siwo le nubabla ma me la me vava va ku ɖe Abraham ƒe “dzidzimevi” vavãtɔ la—Kristo Yesu, si nye dzidzimevi sia ƒe akpa vevitɔ, kple ame siwo nye ‘Kristo tɔ’ la—ŋu.

6:2—Nu kae nye “Kristo la ƒe se la”? Se siae nye nu siwo katã Yesu fia kple se siwo katã wòde. Vevietɔ la, elɔ Yesu ƒe se si wòde be ‘míalɔ̃ mía nɔewo’ la ɖe eme.—Yoh. 13:34.

6:8—Alekee ‘míeƒãa nu hena gbɔgbɔ la’? Míewɔa esia to agbenɔnɔ le mɔ si ana Mawu ƒe gbɔgbɔa nanɔ dɔ wɔm le mía me bɔbɔe dzi. Nuƒaƒã hena gbɔgbɔ la lɔ gomekpɔkpɔ le dɔwɔna siwo doa gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ ɖe ŋgɔ me tso dzi blibo me ɖe eme.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:6-9. Ehiã be Kristotɔ hamemetsitsiwo nawɔ nu kpata ne kuxiwo do mo ɖa le hamea me. Woazã Ŋɔŋlɔawo kple numeɖeɖe siwo me kɔ atsɔ atsi nuŋububu gbegblẽ siwo le amewo si la nu kaba.

2:20. Tafe la nye nunana si tso Mawu gbɔ na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Ele be míadze agbagba abui nenema.—Yoh. 3:16.

5:7-9. Hadede vɔ̃wo ate ŋu ‘axe mɔ na mí be míagayi edzi aɖo to nyateƒe la o.’ Ele be míaƒo asa na wo.

6:1, 2, 5. Ame siwo “dze le gbɔgbɔ me” ate ŋu atsɔ míaƒe agbawo, abe nuteɖeamedzi alo nɔnɔme sesẽ aɖe si me tom míele, siwo nye afɔ gbegblẽ aɖe si míeɖe le manyamanya me la me tsonuwo ene, kpli mí. Gake míawo ŋutɔwoe atsɔ míaƒe gbɔgbɔmegbanɔadziwo ƒe agba ya.

‘NUWO KATÃ NU ƑOƑO ƑU ÐE KRISTO LA ME’

(Ef. 1:1–6:24)

Paulo te gbe ɖe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ dzi le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo me esime wòƒo nu tso “nuwo gbɔ kpɔkpɔ le ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe dede keŋkeŋ me, . . . be [woagaƒo] nuwo katã nu ƒu ɖekae ake ɖe Kristo la me, nu siwo le dziƒowo kple nu siwo le anyigba dzi” la ŋu. Kristo tsɔ “nunana siwo nye amewo” la na be woakpe ɖe Kristotɔwo katã ŋu be ‘woawɔ ɖeka le xɔse la me.’—Ef. 1:10; 4:8, 13.

Be Kristotɔwo nade bubu Mawu ŋu ahana ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome la, ele be “[woado] amenyenye yeye” la eye ‘woabɔbɔ wo ɖokui na wo nɔewo le Kristo vɔvɔ̃ me.’ Ehiã hã be ‘woanɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu’ to gbɔgbɔmeʋawɔnu blibo la katã dodo me.—Ef. 4:24; 5:21; 6:11.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:4-7—Alekee woɖo Kristotɔ amesiaminawo ɖi do ŋgɔ xoxoxo hafi wova dzi wo? Woɖo woƒe ƒuƒoƒo alo ha blibo la ɖi do ŋgɔ, ke menye wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖekaɖeka o. Woɖo ƒuƒoƒo sia ɖi do ŋgɔ hafi wote amegbetɔ siwo nyi nu vɔ̃ ƒe dome la dzidzi. Nya si le 1 Mose 3:15, si wogblɔ ɖi hafi wofɔ amegbetɔ nu vɔ̃ me gbãtɔ ƒe fu la, lɔ Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be yeana Kristo yome dzela aɖewo nava ɖu fia kplii le dziƒo ɖe eme.—Gal. 3:16, 29.

2:2—Alekee xexea ƒe gbɔgbɔ la le abe ya ene, eye alekee wòkpɔa ŋusẽ ɖe xexea dzi? “Xexea ƒe gbɔgbɔ”—ɖokuisinɔnɔ kple tomaɖomaɖo ƒe gbɔgbɔ—nye nu si kaka ɖe afi sia afi abe ya si míegbɔna ene. (1 Kor. 2:12) Ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi le esi wòƒoa nya ɖe ame nu vevie atraɖii, eye eƒe nyaƒoɖeamenu sẽŋua nu gbea tsotso ta.

2:6—Alekee Kristotɔ amesiaminawo ate ŋu ‘anɔ dziƒonutowo me’ esime wogakpɔtɔ le anyigba dzi? Nya “dziƒonutowo me” si wozã le afi sia mefia woƒe dziƒodomenyinyi si ƒe ŋugbe wodo na wo la o. Ke boŋ, efia gbɔgbɔmeɖoƒe kɔkɔ si su wo si le esi wotsɔ “gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la tre [wo] nu” ta.—Ef. 1:13, 14.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

4:8, 11-15. Yesu Kristo ‘kplɔ aboyomewo vae,’ si fia be, eɖe ŋutsuwo tso Satana ƒe ŋusẽ te be yeazã wo hena Kristo hame la tutu. Míate ŋu ‘ato lɔlɔ̃ me atsi le Kristo me,’ to toɖoɖo ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome kple mía ɖokui bɔbɔ ɖe wo te kpakple wɔwɔ ɖe hamea me ɖoɖowo dzi me.—Heb. 13:7, 17.

5:22-24, 33. Hekpe ɖe nyɔnuwo ƒe wo ɖokui bɔbɔ ɖe wo srɔ̃wo te ŋu la, ele be woabu wo srɔ̃wo. Srɔ̃nyɔnu wɔa esia to “gbɔgbɔ fatu” ɖeɖe fia kple bubudede srɔ̃a ŋu me, to nuƒoƒo nyuie tso srɔ̃a ŋu kple agbagbadzedze be yeana eƒe nyametsotsowo nakpɔ dzidzedze me.—1 Pet. 3:3, 4; Tito 2:3-5.

5:25, 28, 29. Abe ale si ko srɔ̃ŋutsu ‘nyia’ eɖokui ene la, ele be wòakpɔ srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo hã gbɔ nɛ nyuie—le ŋutilãme, seselelãme, kple gbɔgbɔ me siaa. Ele hã be wòaɖee afia be yedea asixɔxɔ eŋu to vovokpɔkpɔ ɖe eŋu ale si dze kple nuwɔwɔ ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe le nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me me.

6:10-13. Bene míatsi tsitre ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu la, ehiã be míalɔ̃ faa tso dzi blibo me ado gbɔgbɔmeʋawɔnu si tso Mawu gbɔ la.

‘MIYI EDZI MIAZƆ LE ÐOÐO NU’

(Fp. 1:1–4:23)

Paulo te gbe ɖe lɔlɔ̃ dzi le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Filipitɔwo me. Egblɔ be: “Nu si ŋuti meyia edzi doa gbe ɖa ɖo lae nye esi: be miaƒe lɔlɔ̃ nanɔ dzidzim ɖe edzi geɖe wu le sidzedze vavãtɔ kple nugɔmesese blibo me.” Esi wòle kpekpem ɖe wo ŋu be woakpɔ nyuie be kakaɖeameɖokuidzi ƒe mɔ̃ nagaɖe wo o la, exlɔ̃ nu wo be: “Miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe [ɖeɖedɔ] la wɔm.”—Fp. 1:9; 2:12.

Paulo de dzi ƒo na ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la be woayi ŋgɔ “[aɖo] ta taɖodzinu la gbɔ, hena Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la” xɔxɔ. Egblɔ be: “Afi ka kee míewɔ ŋgɔyiyi se ɖo o, [mina míayi edzi azɔ] le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.”—Fp. 3:14-16.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:23“Nu eve” kawo domee Paulo xaxa ɖo, eye nu kae nye “asiɖeɖe le” eŋu si nɔ edzrom? Le nɔnɔme si me Paulo nɔ ta la, exaxa ɖe nu eve siwo ate ŋu adzɔ ɖe edzi la dome: anɔ agbe loo, alo aku. (Fp. 1:21) Togbɔ be megblɔ nu eve siawo dometɔ si wòatia o hã la, egblɔ nu si nɔ edzrom ya—“asiɖeɖe le [eŋu] kple Kristo gbɔ nɔnɔ.” (Fp. 3:20, 21; 1 Tes. 4:16) “Asiɖeɖe” le Paulo ŋu le Kristo ƒe anyinɔɣi la ana teƒeɖoɖo si Yehowa dzra ɖo ɖi nɛ do ŋgɔ la nasu esi.—Mat. 24:3.

2:12, 13—Mɔ ka nue Mawu nana be “didi kple nuwɔwɔ siaa [nɔa] mia me le”? Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ ɖe míaƒe dzi kple susu dzi ahaʋã mí míadi be míawɔ míaƒe ŋutete katã le subɔsubɔdɔ si míewɔna nɛ me. Eya ta womegblẽ mí ɖi be míawɔ ‘míawo ŋutɔwo míaƒe ɖeɖedɔ la’ kpekpeɖeŋumanɔmee o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:3-5. Togbɔ be Filipitɔwo da ahe le ŋutilã me hã, woɖo kpɔɖeŋu nyui na mí le dɔmenyowɔwɔ me.—2 Kor. 8:1-6.

2:5-11. Abe ale si Yesu ɖo kpɔɖeŋui ene la, menye gbɔdzɔgbɔdzɔe ɖokuibɔbɔ nye o, ke boŋ agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutetee. Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa doa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi.—Lod. 22:4.

3:13. ‘Nu siwo le megbe’ ate ŋu anye dɔwɔɖui nyui aɖe, dedienɔnɔ si su ame si le ƒome si nu dze edzi na me, alo nu vɔ̃ gã siwo míewɔ va yi hetrɔ dzi me eye “wole tsi na mi nyuie.” (1 Kor. 6:11) Ele be míaŋlɔ nu siawo be, si fia be, míadzudzɔ wo ŋu bubu eye ‘míanɔ nu siwo le mía ŋgɔ la minyam.’

‘KELILI ÐE XƆSE LA ME’

(Kol. 1:1–4:18)

Paulo klo nu le alakpanufialawo ƒe nukpɔsusu gbegblẽwo dzi le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Kolosetɔwo me. Eɖe nu me be ɖeɖekpɔkpɔ menɔ te ɖe Se la ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ dzi o, ke boŋ ɖe ‘xɔse la me nɔnɔ’ dzi. Paulo de dzi ƒo na Kolosetɔwo be ‘woayi edzi azɔ le ƒomedodo me kple Kristo, eye woanye ame siwo ƒo ke ɖe to, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse la me.’ Alekee wòle be kelili sia nawɔ dɔ ɖe wo dzi?—Kol. 1:23; 2:6, 7.

Paulo ŋlɔ be: “Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo. Eye mina Kristo la ƒe ŋutifafa nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe dziwo dzi.” Paulo gblɔ na wo be: “Nu sia nu si wɔm miele la, miwɔe tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye miele ewɔm na ene, ke menye na amegbetɔwo o.” Egblɔ na wo ku ɖe ame siwo mele Kristo hamea me o ŋu be: “Miyi edzi miazɔ le nunya me le nuwɔwɔ kple ame [siawo me].”—Kol. 3:14, 15, 23; 4:5.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:8—Nu kawoe nye “xexea ƒe gɔmedzenuwo,” siwo ŋu Paulo xlɔ̃ nu tso? Esiawoe nye nu siwo le Satana ƒe xexea me—nu alo gɔmeɖose vevi siwo dzi wotu xexea ɖo, siwo fiaa mɔe, alo ʋãa eme nɔlawo. (1 Yoh. 2:16) Nu siawo dometɔ aɖewoe nye xexemenunya, ŋutilãmenudidi, kple alakpasubɔsubɔha siwo le xexea me.

4:16—Nu ka tae lɛta si woŋlɔ ɖo ɖe Laodikeatɔwo ya mele Biblia me o? Ate ŋu anɔ eme be nyatakaka siwo nɔ eme la mele vevie na mí ame siwo li egbea o. Alo ate ŋu anɔ eme be nya siwo le Biblia gbalẽ bubuawo me xoxo la koe gale eya hã me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:2, 20. Tafe la, si nye Mawu ƒe amenuvevenunana, ate ŋu akɔ míaƒe dzitsinyawo ŋu tso fɔbuameɖokui me ahana dzidzeme mí.

2:18, 23. “Alakpaɖokuibɔbɔ”—ameŋkumeɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia, ɖewohĩ to asiɖeɖe le ŋutilãmenuwo ŋu alo fuwɔwɔ ŋutilãa vevie be wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi—nye dzesi be “[ame ƒe] ŋutilãmetamesusu doe ɖe dzi glodzoo madzemadzee.”