Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Naa Viɖe Nɔa Ame Ƒe Agbe Ŋu?

Nu Kae Naa Viɖe Nɔa Ame Ƒe Agbe Ŋu?

Nu Kae Naa Viɖe Nɔa Ame Ƒe Agbe Ŋu?

“Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi.”—NYAGB. 12:13.

1, 2. Aleke Nyagblɔla ƒe agbalẽa me dzodzro ate ŋu aɖe vi na míi?

BU ŊUTSU aɖe si edze abe enye ame si si nu sia nu nɔ ene la ŋu kpɔ. Enye dziɖuɖumegã xɔŋkɔ aɖe, ame siwo si kesinɔnuwo nɔ wu le anyigba dzi la dometɔ ɖeka kple ame si si nunya nɔ wu le eŋɔlimetɔwo dome. Togbɔ be ekpɔ dzidzedze geɖe hã la, ebia eɖokui be, ‘Nu kae naa viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu?’

2 Ŋutsu sia nɔ anyi ŋutɔŋutɔ kpɔ—ƒe akpe etɔ̃ aɖewoe nye esi va yi. Eŋkɔe nye Salomo, eye le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me la, eƒo nu tso ale si wòdi dzidzemekpɔkpɔ la ŋu. (Nyagb. 1:13) Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso Salomo ƒe ŋutinya me. Nyateƒee, nunya si dze le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo taɖodzinu siwo ŋu viɖe le le agbe me.

“Dagbadagba Ðe Ya Me”

3. Nyateƒenya vevi si ku ɖe amegbetɔwo ƒe agbe ŋu ka dzie wòle be mí katã míalɔ̃ ɖo?

3 Salomo gblɔ be Mawu wɔ nu dzeani gbogbo aɖewo ɖe anyigba dzi—nu dodzidzɔname manyaxlẽ siwo wɔa mo yaa na mí kple nukunu siwo doa dzidzɔ na mí ɣesiaɣi. Ke hã, ale si míaƒe agbenɔƒewo le kpuie ta la, bebli hafi míetea ŋu nyaa nu tso Mawu ƒe nuwɔwɔ la ƒe gɔmedzedze gɔ̃ hã ŋu. (Nyagb. 3:11; 8:17) Abe ale si Biblia gblɔe ene la, míaƒe agbenɔƒewo le ʋɛ, eye wo nu va yina kabakaba. (Hiob 14:1, 2; Nyagb. 6:12) Ele be nyateƒenya vevi sia nyanya naʋã mí míazã míaƒe agbenɔƒewo nunyatɔe. Esia wɔwɔ mele bɔbɔe o, elabena Satana ƒe xexea ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ale be míaɖe afɔ siwo mesɔ o.

4. (a) Nu kae nya “tofloko” fia? (b) Agbemenu siwo yome amewo tina kawo mee míadzro?

4 Be Salomo nate gbe ɖe afɔku si le míaƒe agbenɔƒewo dome gbegblẽ me dzi la, ezã nya “tofloko” zi gbɔ zi 30 kloe le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “tofloko” fia nu gbɔlo, nu si ŋu viɖe aɖeke mele o, nu si si gɔmesese mele o, nu dzodzro, alo nu si ŋu viɖe menɔna ɖaa o. (Nyagb. 1:2, 3) Ɣeaɖewoɣi la, Salomo zã nya “tofloko” aduadu kple “dagbadagba ɖe ya me.” (Nyagb. 1:14; 2:11) Edze ƒãa be, agbagba ɖe sia ɖe si ame adze be yealé ya la anye dzodzro. Ame sia ame si dzea agbagba be yeawɔ nu sia ƒe asi mesua naneke dzi o. Ðeko taɖodzinu siwo me nunya mele o yome titi naa dzi ɖena le ame ƒo. Míaƒe agbe le nuɖoanyi sia me le kpuie ŋutɔ, eye nunya mele eme be míagblẽ wo ɖe agbagbadzedze siwo me viɖe aɖeke mele o ŋu o. Mina míalé ŋku ɖe agbemenu siwo yome Salomo gblɔ be amewo tina la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ bene wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada mawo tɔgbi wɔwɔ. Gbã la, míalé ŋku vivisese kple nunɔamesiwo yome titi ŋu. Le esia megbe la, míadzro asixɔxɔ si le dɔwɔwɔ ŋu la me.

Ðe Vivisese Yome Titi Ana Míakpɔ Dzidzɔa?

5. Afi kae Salomo di dzidzeme le?

5 Abe ale si ame geɖewo le ewɔm egbea ene la, Salomo dze agbagba be yeakpɔ dzidzeme to vivisese yome nɔnɔ dzi. Egblɔ be: “Nyemetsri dzidzɔ aɖeke na nye dzi o.” (Nyagb. 2:10) Afi kae wòdi vivisese le? Le Nyagblɔla ta 2 lia ƒe nya nu la, etsɔ ‘wain nyro eƒe ŋutilã’—le ɣeyiɣi ma ke me la, eɖua eɖokui dzi—eye wòyi edzi wɔ nu bubuwo abe atikutsetsebɔwo tsotso, fiasãwo tutu, ha viviwo sese, kple nu viviwo ɖuɖu ene.

6. (a) Nu ka tae menye nu gbegblẽ be míakpɔ gome le dzidzɔdonamenu aɖewo me o? (b) Aleke wòle be míada asɔ le modzakaɖeɖe gomee?

6 Ðe Biblia gblɔ be enye nu gbegblẽ be mía kple mía xɔlɔ̃wo míaƒo ƒu akpɔ dzidzɔa? Kura o. Le kpɔɖeŋu me, Salomo de dzesii be nuɖuɖu le dziɖeɖi me le dɔ sesẽ wɔwɔ le ŋkekea me vɔ megbe nye nunana tso Mawu gbɔ. (Xlẽ Nyagblɔla 2:24; 3:12, 13.) Gawu la, Yehowa ŋutɔ kpe ɖekakpuiwo be ‘woakpɔ dzidzɔ eye woana woƒe dzi naɖu agbe’ le mɔ nyuitɔ nu. (Nyagb. 11:9) Míehiã ɖiɖiɖeme kple modzakaɖeɖe ɖɔʋuwo. (Tsɔe sɔ kple Marko 6:31.) Ke hã, mele be modzakaɖeɖe nava zu nu vevitɔ na mí le agbe me o. Ke boŋ, ele be modzakaɖeɖe nanɔ abe numeɖenu si wotsɔ ɖea nu me le nuɖuɖu vɔ megbe ene, ke menye nuɖuɖua ŋutɔ o. Àlɔ̃ ɖe edzi be eɖanye aleke kee numeɖenu vivi aɖe ɖuɖu vivia nuwòe o, eteƒe madidi hafi wòati wò nenye be ema ɖeɖe koe nànɔ ɖuɖum o, eye mana ŋusẽ boo aɖeke hã wò ŋutilã o. Nenema kee Salomo va kpɔe dze sii be “dagbadagba ɖe ya me” wònye be ame natsɔ eƒe agbe katã aɖo anyi hena vivisese yome titi.—Nyagb. 2:10, 11.

7. Nu ka tae wòle be míatia míaƒe modzakaɖeɖewo ŋuɖɔɖotɔe?

7 Gawu la, menye modzakaɖeɖewo katãe nyo o. Wo dometɔ aɖewo gblẽa nu le ame ŋu vevie—le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me siaa. Kpɔ ame miliɔn gbogbo siwo tsɔa woƒe agbe ƒona ɖe mɔkpɔkpɔmanɔamesi me, le esi wodi be ‘yewoase vivi le agbe me’ ta, to atike muamewo zazã le mɔ gbegblẽ nu, aha tsu nono, kple tsatsadada me la ɖa! Yehowa xlɔ̃ nu mí dɔmenyotɔe be, ne míeɖe mɔ míaƒe dzi alo míaƒe ŋkuwo kplɔ mí de nu siwo agblẽ nu le mía ŋu wɔwɔ me la, míakpɔ emetsonu vɔ̃awo.—Gal. 6:7.

8. Nu ka tae nunya le eme be míade ŋugble tso ale si míele agbe nɔmee ŋu?

8 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vivisese yome titi si meda sɔ o axe mɔ na mí be míagate ŋu alé ŋku ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu o. Ðo ŋku edzi be agbea nu va yina kabakaba, eye kakaɖedzi aɖeke meli be míanɔ lãmesẽ me ɣesiaɣi ahavo tso kuxiwo si me le agbenɔɣi kpui sia me o. Esia tae Salomo gblɔ kpee be, míate ŋu akpɔ viɖe gã aɖe tso kuteƒeyiyi—vevietɔ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe ƒe kuteƒe yiyi—me wu “aglotuƒeyiyi.” (Xlẽ Nyagblɔla 7:2, 4.) Nu ka tae wòle alea ɖo? Ne míekplɔ kunuƒoa ɖo hele ŋugble dem tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe si ku la ƒe agbenɔnɔ ŋu la, ate ŋu aʋã mí be míadzro mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me kpɔ. Esia ate ŋu ana be míatso nya me be ehiã be míatrɔ asi le míaƒe taɖodzinuwo ŋu bene míazã míaƒe agbenɔƒe siwo susɔ la nunyatɔe.—Nyagb. 12:1.

Ðe Ŋutilãmenuwo Ate Ŋu Ana Dzidzeme Mía?

9. Nu kae Salomo de dzesi ku ɖe kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ ŋu?

9 Salomo nye kesinɔtɔ gãtɔ siwo nɔ anyigba dzi ɣemaɣi la dometɔ ɖeka esime wòŋlɔ Nyagblɔla ƒe agbalẽa. (2 Kron. 9:22) Ŋutete nɔ esi ale gbegbe be eƒe asi tea ŋu sua nu sia nu si wòdi la dzi. Eŋlɔ bena: ‘Nu sia nu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o.’ (Nyagb. 2:10) Ke hã, eva de dzesii be ŋutilãmenunɔamesiwo ŋutɔ menaa dzidzeme ame o. Eƒo nya ta be: ‘Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.’—Nyagb. 5:9.

10. Nu kae hea dzidzeme vavã kple kesinɔnu vavã vanɛ?

10 Togbɔ be ŋutilãmenunɔamesiwo nu va yina kabakaba hã la, kesinɔnuwo gatea ŋu dzroa ame vevie kokoko. Le gbebiame aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le United States me la, yunivɛsitidela siwo le woƒe ƒe gbãtɔ me dometɔ 75 le 100 me gblɔ be yewoƒe taɖodzinu vevitɔ le agbe mee nye be “ga geɖe nanɔ yewo si.” Ne woɖo woƒe taɖodzinua gbɔ gɔ̃ hã la, ɖe woakpɔ dzidzɔ vavãa? Mele nenema kokoko o. Numekulawo de dzesii be, le nyateƒe me la, ŋutilãmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe vevitɔ le agbe me xea mɔ na dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzemekpɔkpɔ. Salomo ƒo nya ta alea xoxo tso gbe aɖe gbe ʋĩ ke. Eŋlɔ bena: “Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; . . . Kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.” * (Nyagb. 2:8, 11) To vovo na ema la, ne míezãa míaƒe agbe tsɔ subɔa Yehowa tso dzi blibo me la, esia ana be wòayra mí, eye kesinɔnu vavãwo asu mía si.—Xlẽ Lododowo 10:22.

Dɔ Ka Wɔwɔe Hea Dzidzemekpɔkpɔ Vavã Vanɛ?

11. Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso asixɔxɔ si le dɔwɔwɔ ŋu la ŋu?

11 Yesu gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.” (Yoh. 5:17) Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa kple Yesu kpɔa dzidzeme tso dɔwɔwɔ me. Biblia ɖe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu fia esime wògblɔ be: ‘Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.’ (1 Mose 1:31) Mawudɔlawo ‘gli kple dzidzɔ’ esi wokpɔ nu siwo katã Mawu wɔ la. (Hiob 38:4-7) Nenema kee Salomo hã kpɔ asixɔxɔ si le dɔ ɖɔʋu wɔwɔ ŋu la dze sii.—Nyagb. 3:13.

12, 13. (a) Nya kae ame eve aɖewo gblɔ tso dzidzeme si wokpɔ tso dɔwɔwɔ anukwaretɔe me ŋu? (b) Nu ka tae dɔwɔɖui ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo ɣeaɖewoɣi?

12 Ame geɖewo kpɔ asixɔxɔ si le dɔwɔwɔ le anukwareɖiɖi me ŋu dze sii. Le kpɔɖeŋu me, José, si nye nutala kpɔdzidzedze aɖe la, gblɔ be: “Ne ète ŋu ta nu si le susu me na wò la ɖe avɔ dzi vɔ la, àse le ɖokuiwò me be yelia to kɔkɔ aɖe.” Miguel, * si nye asitsala aɖe hã gblɔ be: “Dɔwɔwɔ naa dzidzeme ame, elabena ekpena ɖe ame ŋu wòkpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ate ŋu ana hã be ame nase le eɖokui me be yewɔ nane de goe.”

13 Le go bubu me la, nu ɖeka tɔgbi ko wonɔa wɔwɔm le dɔ aɖewo me, eye mɔnukpɔkpɔ ʋɛ aɖewo koe sua ame si be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe susu ŋu dɔ. Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔƒewo ŋutɔ hã nyea teƒe siwo ɖea dzi le ame ƒo, eye wonyea teƒe siwo wowɔa nu madzɔmadzɔwo le gɔ̃ hã. Abe ale si Salomo gblɔe ene la, kutrikula ƒe agbagbadzedzewo me tsonuwo ate ŋu ava zu kuviatɔ tɔ, ɖewohĩ esi kuviatɔ la wɔa ƒomedodo si le woa kple ame siwo le ŋusẽnɔƒewo dome ŋu dɔ tae. (Nyagb. 2:21) Nu bubu aɖewo hã ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo. Dɔ aɖe si gɔme wodze kple mɔkpɔkpɔ vevie be woakpɔ ga geɖe tso eme la dome ate ŋu agblẽ le dukɔa ƒe ganyawo ƒe toyiyi alo nuɖiɖeamewo ta. (Xlẽ Nyagblɔla 9:11.) Zi geɖe la, dziku heliheli koe ame si dzea agbagba vevie be yeakpɔ dzidzedze la va kpɔna eye dzi ɖena le eƒo, ne eva de dzesii be ‘agbagba ko dzem yenɔ ɖe ya me.’—Nyagb. 5:15.

14. Dɔ ka wɔwɔe hea dzidzeme vavã vanɛ ɣesiaɣi?

14 Ðe dɔ aɖe li si meɖea dzi le ame ƒo gbeɖe oa? José, nutala si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Ne ƒeawo va le yiyim la, nutatawo ate ŋu abu alo wo dome agblẽ. Gake mele nenema le gbɔgbɔmedɔ siwo míewɔna la gome o. Esi mewɔna ɖe Yehowa ƒe se be míaɖe gbeƒã nya nyuia dzi ta la, mekpe ɖe ame geɖewo ŋu wozu Kristotɔ mawuvɔ̃la nyuiwo, eye esia nye kpekpeɖeŋu si aɖe vi na wo ɖaa. Esia xɔ asi ŋutɔ.” (1 Kor. 3:9-11) Nenema kee Miguel hã gblɔ be, Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ hea dzidzɔ geɖe vanɛ na ye wu yeƒe dɔwɔɖuia. Egblɔ be: “Naneke mate ŋu aɖɔ li dzidzɔ si nàkpɔ ne ègblɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea na ame aɖe, eye nèkpɔ be nya la de amea ƒe dzi gbɔ o.”

“Na Wò Abolo Nato Tɔ Dzi Yii”

15. Nu kae naa viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu ŋutɔŋutɔ?

15 Ne míaƒo nya ta la, nu kae naa viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu? Míekpɔa dzidzeme vavã ne míezã míaƒe agbenɔƒe ʋɛ siwo le mía si le nuɖoanyi sia me la tsɔ wɔ nu nyui kple nu si dzea Yehowa ŋu. Míate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu ɖo, míate ŋu afia mawumegɔmeɖosewo mía viwo, míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya Yehowa, eye míate ŋu atu xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔa anyi ɖaa kple mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ɖo. (Gal. 6:10) Viɖe mavɔwo le taɖodzinu siawo katã ŋu eye wohea yayrawo vanɛ na ame siwo te ŋu ɖo wo gbɔ. Salomo wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ ɖɔ viɖe si le nyuiwɔwɔ ŋu. Egblɔ be: “Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe.” (Nyagb. 11:1) Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.” (Luka 6:38) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ŋutɔ do ŋugbe be yeaɖo eteƒe na ame siwo wɔa nyui na amewo.—Lod. 19:17; Xlẽ Hebritɔwo 6:10.

16. Ɣekaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me wòle be míawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe agbe ŋu?

16 Biblia xlɔ̃ nu mí be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le ku ɖe ale si míazã míaƒe agbee ŋu esime míegakpɔtɔ nye sɔhɛwo. Ne míewɔe alea la, ana míaƒo asa na dziɖeleameƒo le etsɔ me. (Nyagb. 12:1) Aleke gbegbe wòawɔ nublanui enye esi ne míegblẽ míaƒe agbenɔɣi ƒe akpa vevitɔwo dome tsɔ ti xexea me ƒe nudzroamewo yome, eye mlɔeba míeva kpɔe be wonye dagbadagba ɖe yame dzro ko!

17. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtia agbenɔnɔmɔ nyuitɔ?

17 Abe fofo lɔ̃ame ene la, Yehowa di be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me, nàwɔ nyui, eye nàƒo asa na dzigbagbã na ɖokuiwò madzemadzee. (Nyagb. 11:9, 10) Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ esiawo? Ðo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò eye nàdze agbagba ɖe sia ɖe aɖo wo gbɔ. Ƒe 20 kloe nye esi va yi la, eva hiã be Javier natiae be yeawɔ ɖɔktadɔ si me ga geɖe le loo alo awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Egblɔ be: “Togbɔ be ɖɔktadɔ ate ŋu ana dzidzeme ame hã la, womate ŋu atsɔ naneke asɔ kple dzidzɔ si gbegbe mekpɔ esi mekpe ɖe ame geɖewo ŋu wova nya nyateƒea o.” Egblɔ kpee be: “Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na mekpɔ dzidzɔ bliboe le agbe me. Nu si ko veam ye nye be nyemedze egɔme bla o.”

18. Nu ka tae viɖe nɔ agbe si Yesu va nɔ le anyigba dzi la ŋu nenema gbegbe?

18 Ke nu kae nye nu xɔasitɔ si wòle be míadze agbagba vevie be wòasu mía si? Nyagblɔla ƒe agbalẽa gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagb. 7:1) Yesu ƒe agbenɔnɔ ɖe esia fia nyuie ŋutɔ. Kakaɖedzitɔe la, ewɔ ŋkɔ nyui na eɖokui le Yehowa gbɔ. Esi Yesu ku nuteƒewɔwɔtɔe la, eʋli Fofoa ƒe dziɖulanyenye ta, eye wòna tafevɔsa si ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na mí la. (Mat. 20:28) Le ƒe ʋɛ siwo Yesu tsɔ nɔ anyigba dzi me la, eɖo agbe si ŋu viɖe vavã le ƒe kpɔɖeŋu deblibo—si míedzea agbagba be míasrɔ̃—la ɖi na mí.—1 Kor. 11:1; 1 Pet. 2:21.

19. Aɖaŋu si me nunya le kae Salomo ɖo?

19 Míawo hã míate ŋu awɔ ŋkɔ nyuiwo na mía ɖokuiwo le Mawu gbɔ. Ŋkɔ nyui wɔwɔ na mía ɖokuiwo le Yehowa gbɔ xɔ asi sãsãsã wu kesinɔnuwo. (Xlẽ Mateo 6:19-21.) Míate ŋu akpɔ mɔ siwo dzi míato anɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume la wɔm gbe sia gbe, eye esia ana viɖe geɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu agblɔ nya nyuia na amewo, ado ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖea kple míaƒe ƒomea, eye míana míaƒe gbɔgbɔmemenyenye nanyo ɖe edzi to ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede me. (Nyagb. 11:6; Heb. 13:16) Ekema àdi be yeanɔ agbe si ŋu viɖe vavã lea? Nenye nenemae la, yi edzi nànɔ wɔwɔm ɖe Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagb. 12:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Salomo kpɔa sika talento 666 (kilogram 22,000) ƒe sia ƒe.—2 Kron. 9:13.

^ mm. 12 Míetrɔ ŋkɔa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae wòle be wòaʋã mí míabu míaƒe agbemetaɖodzinuwo ŋu vevie?

• Aleke wòle be míabu vivisese kple ŋutilãmenunɔamesiwo yome titi?

• Dɔ ka wɔwɔe ahe dzidzeme mavɔ avae na mí?

• Nu xɔasi kawoe wòle be míadze agbagba be wòasu mía si?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Akpa kae wòle be modzakaɖeɖe nawɔ le míaƒe agbe me?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nu kae na be gbeƒãɖeɖedɔa naa dzidzeme ame ŋutɔ?