Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia ƒe Sewo Le Kpaɖii Akpaa?

Ðe Biblia ƒe Sewo Le Kpaɖii Akpaa?

Ðe Biblia ƒe Sewo Le Kpaɖii Akpaa?

ÐEKAKPUI aɖe si le Finland gblɔ be: “Womefia Biblia ƒe gɔmeɖose aɖekem le nye ɖevime o. Womeƒo nu tso Mawu ŋuti gɔ̃ hã mese kpɔ o.” Egbea, ame geɖe li siwo hã to nɔnɔme sia me tsi. Ame geɖe, vevietɔ sɔhɛwo, bua Biblia be enye tsigãdzinu aɖe ko eye be eƒe sewo le kpaɖii akpa. Amewo bua amesiwo nɔa gbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la be wonye kluvi siwo le se gbogbo aɖewo te, eye womeɖe mɔ ɖe agbemenuwɔna gbogbo aɖewo ŋu na wo o. Eyata ame geɖe sena le wo ɖokui me be anyo be yewoaɖe asi le Biblia ŋu ahadi mɔfiame tso teƒe bubu.

Alesi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo le amewo tem ɖe anyi tso gbaɖegbe ke lae nye nusi koŋ tae amewo va bua Biblia nenema ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi siwo blemaŋutinyaŋlɔla aɖewo yɔ be Blukɔ Ɣeyiɣiwo me la, Katoliko-ha si le Europa lae kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzi le goawo katã kloe me. Ne ame aɖe katse gbe wɔwɔ ɖe sɔlemehaa ƒe mɔfiame dzi la, wowɔa funyafunyae hewunɛ kura gɔ̃ hã. Protestant-ha siwo va do emegbe la hã xɔ ablɔɖe le amewo si. Ne amewo se nyagbewo abe “Calvintɔwo” alo “Puritantɔwo” ene egbea la, menye xɔseha mawo me tɔwo dzi koe woƒe susu yina o, ke boŋ woɖoa ŋku alesi wohea to na ha sia me tɔwo ŋutasesẽtɔe la hã dzi. Eyata, esi wònye be sɔlemehawo te amewo ɖe anyi ta la, ame aɖewo ƒo nya ta vodadatɔe be Biblia ƒe nufiafiawo anya sesẽ akpa.

Le ƒe alafa siwo va yi nyitsɔ laa me la, sɔlemehawo ƒe alɔ megate ŋu va nɔ amewo dzi kpem le dukɔ aɖewo ya teti me o. Esime ame geɖewo va ɖe asi le subɔsubɔhawo ƒe dzixɔsewo ŋu hafi wova do susua ɖa be amewo kpɔ mɔ awɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotsowo na wo ɖokui. Gake nukae do tso esia me? Ahti Laitinen, amesi nye nuvlowɔwɔ kple hadomeʋɔnudrɔ̃nyawo ŋuti nunyalagã aɖe, ɖe nu me be: “Bubu dede ŋusẽ ŋu dzi ɖe kpɔtɔ, eye amewo megava le vovototo dem nusi sɔ kple nusi mesɔ o la dome kura o.” Nukutɔe la, sɔlemehaŋgɔnɔlawo ke hã va da asi ɖe nukpɔsusu sia dzi. Luthertɔwo ƒe bisiɔpgã aɖe gblɔ be: “Meva ɖe asi le nukpɔsusu si nye be Biblia alo subɔsubɔgbalẽ aɖewo te ŋu ɖoa agbenyuinɔnɔ ŋuti biabiawo ŋu la ŋu.”

Nu Nyui Ye Ablɔɖe Gbadzaa Nyea?

Agbe nɔnɔ se aɖeke te manɔmanɔe adze nu nyui aɖee, vevietɔ na sɔhɛwo. Ame ʋɛ aɖewo koe nyea ɖokuibɔbɔlawo alo lɔ̃na be yewoawɔ ɖe se dzi. Gake ɖe wòle be amesiame nanɔ nusianu si dze eya ŋutɔ ŋu la ko wɔma? Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be ʋukuse aɖeke mele du aɖe me o. Womedoa amewo kpɔna alo naa ʋu kuku ƒe mɔɖegbalẽ wo hafi wodzea ʋu kuku gɔme o. Amewo kpɔ mɔ aku ʋu alesi wolɔ̃, woate ŋu akui ne womu aha gɔ̃ hã, akui sesĩe alesi wolɔ̃, dzesi siwo fiana be woatɔ, mɔfiakaɖiwo, alo mɔtozɔlawo kple mɔmetsolawo mabumabu ɖe ɖeke mee. Ðe “ablɔɖe” sia sɔa? Kura o! Ana be nuwo nagblẽ, woatɔ zi, eye afɔkuwo nanɔ dzɔdzɔm yakatsyɔ. Togbɔ be ʋukusewo xɔa gome aɖewo le amewo si hã la, míenyae be se siawo kpɔa ʋukulawo kple mɔtozɔlawo kple mɔmetsolawo siaa ta.

Nenema kee Yehowa hã nana alesi wòle be míanɔ agbee ŋuti mɔfiamewo mí. Esiawo ɖea vi na mí. Mɔfiame siawo manɔmee la, ɖeko míanɔ nusianu ko tem kpɔ hafi ava nya be enyo alo menyo o, eye esia ate ŋu agblẽ nu le mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu. Agbenɔnɔ yakayaka alea masɔ kura o, eye ate ŋu ana míadze afɔku abe alesi ʋu kuku le du si me ʋukusewo mele o me hã ate ŋu ado afɔku amee ene. Nya la koe nye be, ehiã be míanɔ se aɖewo te kokoko, eye ame akpa gãtɔ hã lɔ̃ ɖe edzi nenema.

“Nye Agba la Le Wodzoe”

Ʋukusewo te ŋu sɔa gbɔ gbogbogbo zã. Le teƒe aɖewo la, afisi woatɔ ʋu ɖo alo ada ʋu ɖo ŋuti sewo gɔ̃ hã menye fefe o. Ke hã, Biblia ya mede se gbogbo aɖeke na mí o. Ke boŋ, gɔmeɖose veviwo koe wòna mí, eye esiawo mesesẽ alo le kpaɖii akpa o. Yesu Kristo gblɔ na eŋɔlimetɔwo lɔlɔ̃tɔe be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28, 30) Apostolo Paulo ŋlɔ ɖe lɛta aɖe si wòɖo ɖe Kristo-hame si nɔ Korinto la me be: “Afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.”—Korintotɔwo II, 3:17.

Gake menye ablɔɖe gbadzaae esia nye o. Yesu na eme kɔ nyuie be se siwo kpe ɖe nusiwo Mawu di tso mía si ŋu la le bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene.” (Yohanes 15:12) Bu alesi agbenɔnɔ anɔ ne amesiame awɔ ɖe se sia dzi ŋu kpɔ! Eyata seɖoƒe le Kristotɔwo ƒe ablɔɖe la ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “[Minɔ] abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔ̃ɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.”—Petro I, 2:16.

Eyata, togbɔ be Kristotɔwo mele se gbogbo aɖewo te o hã la, womewɔa woa ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu le nusi nye nyui kple vɔ̃ gome o. Amegbetɔwo hiã mɔfiame si Mawu ɖeka ko ate ŋu ana. Biblia gblɔe kaŋ be: ‘Amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.’ (Yeremya 10:23) Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi la, aɖe vi na mía ŋutɔwo.—Psalmo 19:11.

Viɖeawo dometɔ ɖekae nye dzidzɔkpɔkpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ la nye fiafitɔ kple alakpatɔ tsã. Enɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽ hã. Esi wònya srɔ̃ nu tso Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu ko la, etrɔ eƒe agbenɔnɔ be wòasɔ ɖe wo nu. Egblɔ be: “Togbɔ be nyemete ŋu trɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenu mawo katã ŋu enumake o hã la, mekpɔ viɖe si le wo me la dze sii. Alesi menɔa agbe tsã la mena mekpɔ dzidzɔ si kpɔm mele fifia o. Agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu nana ame ƒe agbe nɔa kpokploe. Ànya afisi nèɖo tae, kple nusi nye nyui kple vɔ̃.”

Ame miliɔn geɖe hã ƒe agbenɔnɔ va trɔ alea ke. Viɖe siwo Biblia me mɔfiamewo kpe ɖe wo ŋu wokpɔ la dometɔ aɖewoe nye alesi wona woa kple ame bubuwo dome va le nyuie wu, dɔwɔɖui ŋuti nukpɔsusu si sɔ va le wo si, woɖe asi le numame siwo gblẽa nu le ame ŋu la ŋu, hele agbe si me dzidzɔ la le nɔm fifia. Ðekakpui Markus, * amesi menɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu tsã o, gblɔ tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu be: “Agbe nɔnɔ ɖe Biblia me mɔfiamewo nu wɔe be amewo va le bubu dem ŋunye ɖe edzi wu.” *

Kae Nàtia?

Ekema ɖe sededewo le Biblia mea? Ŋuɖoɖoae nye ẽ—ke hã, mí katã míaƒe viɖe tae. Gake ɖe Biblia ƒe seawo le kpaɖii akpaa? Ŋuɖoɖoae nye ao. Kuxiwo koe ablɔɖe gbadzaa hena vɛ. Biblia ƒe dzidzenuwo ya da sɔ, eye wodzia míaƒe nyonyo kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe edzi. Markus gblɔ be: “Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meva kpɔe be nunyanue wònye mewɔ be meva le agbe nɔm ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Togbɔ be nye agbenɔnɔ to vovo tso ame akpa gãtɔ tɔ gbɔ le mɔ geɖe nu hã la, nyemebui kura be nu vevi aɖeke to ŋunye le agbe me o.”

Ne ète yayra siwo le agbe nɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu me xɔxɔ la, wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe Nya ŋu adzi ɖe edzi. Esia ana yayra si lolo wu gɔ̃ hã nasu asiwò—si nye be nàva lɔ̃ Yehowa Mawu, amesi ƒe nyawoe le Biblia me la. “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.”—Yohanes I, 5:3.

Yehowae nye mía Wɔla kple mía Fofo si le dziƒo. Enya nusi ade mía dzi wu. Efiaa mɔ mí lɔlɔ̃tɔe hena míaƒe nyonyo, ke menye be yeate nuwo mí o. Yehowa na nuxlɔ̃ame sia mí lɔlɔ̃tɔe be: ‘Ne èwɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.’—Yesaya 48:18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 13 Àte ŋu akpɔ alesi Biblia di be míanɔ agbee ŋuti nyatakaka geɖewo le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe ta 12 lia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu gblɔ be Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ ana dzidzeme ame

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ nana ame kpɔa dzidzɔ eye eye wònana bubu hã nɔa ame ŋu