Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae New World Translation Biblia la gblɔ le Mose V, 31:2 be “womagaɖe mɔ” na Mose, ‘be wòado ayi ahagbɔ’ abe Israel ƒe ŋgɔxɔla ene o, evɔ Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ya gblɔ be Mose ŋutɔe magate ŋu dona o ɖo?

Togbɔ be woate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si wozã le kpukpui sia me la gɔme ɖe mɔ eveawo siaa nu hã la, alesi woɖe egɔmee ɖe Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la di be yeafia be le Mose ƒe agbenɔƒe ƒe nuwuwu lɔƒo la, egbɔdzɔ, eye ŋusẽ aɖeke meganɔ eŋu wòatsɔ awɔ ŋgɔxɔxɔdɔ si wode esi la o. Le kpɔɖeŋu me, Woɖe Mose ƒe nya siwo wògblɔ le kpukpui sia me la gɔme le Eʋegbe Biblia me be: “Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o.” Eye The New American Bible hã gblɔ be: “Nyemagate ŋu atsa bɔbɔe o.”

Gake nya si le Mose V, 34:7 ya ɖee fia be togbɔ be Mose tsi hã la, megbɔdzɔ o. Afima xlẽ be: “Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.” Eyata ŋusẽ nɔ Mose ŋu wòatsɔ axɔ ŋgɔ na dukɔa, gake Yehowa megadi be wòayi edzi awɔe o. Míade dzesi esia le nya si Mose gblɔ kplɔe ɖo la me be: “Yehowa gblɔ nam be, ‘Mele Yordan sia tso ge o.’” (NW) Anɔ eme be nya si Yehowa gblɔ le Meriba, esime Israel-dukɔa bia tsi nono la, dzi koe wògale kpe ɖomee.—Mose IV, 20:9-12.

Mose nɔ agbe didi ŋutɔ, eye míate ŋu ama eƒe agbemeŋutinya ɖedzesi la ɖe akpa etɔ̃ me sɔsɔe. Enɔ Egipte ƒe 40, afisi “wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã” eyama, eye “wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me” le. (Dɔwɔwɔwo 7:20-22) Egatsɔ ƒe 40 hã nɔ Midian. Esime wònɔ afima la, etu nɔnɔme siwo ahiã be woanɔ esi hafi wòate ŋu akplɔ Yehowa ƒe dukɔa la ɖo. Mlɔeba la, Mose zã ƒe 40 tsɔ kplɔ Israel-viawo hefia mɔ wo. Gake Yehowa tso nya me azɔ be Yosua ye akplɔ dukɔa atso Yordan-tɔsisia ayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi, ke menye Mose o.—Mose V, 31:3.

Eyata, gɔmesese si tututu le Mose V, 31:2 ŋu lae New World Translation gblɔ. Mose megava nye Israel-viwo ƒe ŋgɔxɔla o, menye le esi ŋusẽ meganɔ eŋu o ta o, ke boŋ le esi Yehowa meɖe mɔ nɛ be wòagakplɔ wo o ta.