Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yuxal Ƒe Nutrenu La’

‘Yuxal Ƒe Nutrenu La’

‘Yuxal Ƒe Nutrenu La’

LE ƑE alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, Kaldeatɔwo ƒe fia Nebukadnezar ɖu Yerusalem dzi hetɔ dzo dua, eye wògbã eƒe gliawo. Elé Yuda fia, Zedekiya, eye wògbã ŋku nɛ. Gawu la, “Babel-fia la wu Yuda ƒe bubumewo katã.”—Yeremya 39:1-8.

Yudatɔwo ƒe bubumeawo alo amegãwo dometɔ ɖeka, si Babilontɔwo anya wu, ye nye Yuxal, Selemya vi. Woke ɖe nyatakaka yeye aɖe ŋu nyitsɔ laa ku ɖe Yuxal ŋu. Gake hafi míaƒo nu tso nusi wònye ŋu la, mina míakpɔ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe Yuxal kple nusiwo dzɔ le eƒe agbenɔɣi la ŋu.

‘Woado Kpo Nu’

Yehowa de dɔ asi na nyagblɔɖila Yeremya be wòagblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedasi aɖe na Yuda kple Yerusalem tɔwo. Mawu gblɔ na Yeremya be Yuda fiawo, amegãwo, nunɔlawo, kple ame hahooawo ‘awɔ avu kplii.’ Yehowa gblɔ kpee be: “Ke woado kpoe, elabena meli kpli wò.”—Yeremya 1:17-19.

Esi Babilontɔwo va ɖe to ɖe Yuda ƒe fiadu, Yerusalem, la, Fia Zedekiya dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Yeremya zi eve be woaɖabia nenye be Nebukadnezar aho adzo le dua ŋu loo alo maho o, eye wòbia tso nyagblɔɖila la si be wòado gbe ɖa ale be Nebukadnezar naho adzo. Fia la ƒe amedɔdɔwo dometɔ ɖekae nye Yuxal. Gbe si Mawu de asi na Yeremya be wòagblɔ na ameawoe nye be Babilontɔwo, alo Kaldeatɔwo, atsrɔ̃ dua. Amesiwo asusɔ la aku le dɔwuame, dɔvɔ̃, kple yi si me. Gake amesiwo ado ayi Kaldeatɔwo gbɔ la, woatsi gbe. Yeremya ƒe nyawo ɖu dzi na amegãwo ale gbegbe.—Yeremya 21:1-10; 37:3-10; 38:1-3.

Yuxal nye amegã siwo ƒoe ɖe Zedekiya nu be wòadi nane awɔ la dometɔ ɖeka. Wogblɔ na fia la bena: “Woawu ŋutsu [Yeremya] sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me” la. Yuxal tagbɔsesẽtɔ sia hã nɔ amesiwo tsɔ nyagblɔɖila Yeremya ƒu gbe ɖe vudo si me ba nɔ, si me wova ɖee tsoe emegbe, la dome. (Yeremya 37:15; 38:4-6) Esi Yeremya ɖo to Yehowa ƒe gbe ta la, etsi agbe esime wotsrɔ̃ Yerusalem, gake anye be Yuxal ya ku esime wòtsrɔ̃ fiaɖuƒe si ŋu wònɔ ŋu ɖom ɖo la.

Nyatakaka Yeye Aɖe

Míate ŋu agblɔ be 2005 si va yi nyitsɔ laa me koe “woŋlɔ” Yuxal ŋuti nyatakaka yeye si ŋu woke ɖo la le Yerusalem. Tomenukulawo nɔ anyigba ƒe teƒe aɖe si wobu be yewoake ɖe Fia Dawid ƒe fiasã ŋu le la kum. Woke ɖe glikpo gã aɖe si wobu be Babilontɔwo gbã, esi wova dze Yerusalem dzi hetsrɔ̃e le Yeremya ƒe ŋkekea me, la ŋu.

Eɖanye Dawid ƒe fiasãe nye ema loo alo menye eya o, mele nyanya o. Ke hã, tomenukulawo ke ɖe nane ŋu. Woke ɖe nutrenu si wotsɔ anyi wɔe, si ƒe kekeme nye sentimeta ɖeka, la ŋu. Eƒe fotoe nye ema le axa 14 lia. Nuŋlɔɖi aɖe si nyunyɔ xoxoxo va yi la ƒe nutrenu ye wònye hafi. Nusi woŋlɔ ɖe edzie nye: “Yuxal, Selemya vi, Sovi vi, tɔe.” Edze ƒã be nutrenu sia nye Yuxal, Selemya vi, amesi lé fu Yeremya la tɔ.

Tomenukula Eilat Mazar, amesi te ŋu kpɔ nuŋɔŋlɔ si le nutrenua dzi xlẽ la ŋlɔ bena, le Gemarya, Safan vi, megbe la, Yuxal ɖeka koe ganye “dudɔnulɔla evelia si fia aɖe tia,” si ƒe ŋkɔ dze le nutrenu aɖe, si ŋu woke ɖo le Dawid ƒe Du me la, dzi. *

Menye keke ɖe nane ŋu le teƒe aɖe dzie Mawu ƒe Nya dzixɔxɔse nɔ te ɖo o, ke boŋ nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ƒe me vavae nye kpeɖodzi sẽŋu si nana woxɔa Biblia dzi sena. Blema nu siwo ŋu woke ɖo la ɖo kpe edzi be Yeremya gblɔ Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu nya ɖi wòde pɛpɛpɛ. Ele be gbɔɖiameku si amesiwo tsi tre ɖe Yeremya ŋu ku la, nana kakaɖedzi sẽŋu nanɔ mía si be, ne miewɔ nuteƒe abe alesi Yeremya wɔe ene la, míaƒe futɔwo ‘makpe mía dzi gbeɖe o, elabena Yehowa li kpli mí.’

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Àkpɔ Gemarya kple Safan ƒe ŋutinya bubuwo le nyati si nye “Ènya Nu tso Safan Kple Eƒe Ƒomea ŋu Nyuiea?” me, le December 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 19-22 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Gabi Laron/Institute of Archaeology/ Hebrew University ©Eilat Mazar

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yeremya mena fu siwo woɖe nɛ la na wòtɔ tsi Mawu ƒe gbedasia la le mɔ aɖeke nu o