Ekpɔa Dzidzɔ le Yehowa ƒe Se la Ŋu
Ekpɔa Dzidzɔ le Yehowa ƒe Se la Ŋu
ALBERT D. SCHROEDER, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu le Kuɖagbe, March 8, 2006, dzi. Exɔ ƒe 94 eye ezã ƒe 73 kple edzivɔwo tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae.
Wodzi Nɔviŋutsu Schroeder le Saginaw, Michigan, U.S.A., le ƒe 1911 me. * Le eƒe ɖevime la, mamaa, amesi dzi dadaa, fia nu geɖee tso Biblia me heƒã Mawu ƒe Nyaa xexlẽ ɖe eyama me. Esrɔ̃ Latin kple Germany gbeŋutinunya kpakple mɔ̃ɖaŋununya le Michigan Yunivɛsiti. Ke hã, esi eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu va nɔ to dem ɖe edzi la, edzudzɔ sukua dede hete ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Le ƒe 1932 me la, ezu Brooklyn Betel-ƒomea me tɔ le New York.
Le ƒe 1937 me, esime Nɔviŋutsu Schroeder xɔ ƒe 26 la, woɖoe ɖe Britain be wòaɖakpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le afima. Dzo si nɔ eme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ʋã ame geɖewo ale gbegbe be wote ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Ðekakpui siwo wòde ha kplii vevie le alɔdzedɔwɔƒe si le afima la dometɔ ɖekae nye John E. Barr. Emegbe woa kple evea siaa va nye Dziɖuha la me tɔwo hena ƒe geɖe.
Nɔviŋutsu Schroeder dze agbagba geɖe ɖe Yehowa Ðasefowo ta le Xexemeʋa II me. Le August 1942 me la, woɖee dzoe le Britain be wòatrɔ ayi Brooklyn. Le mɔ legbee dziŋɔ aɖe zɔzɔ to Atlantik-ƒua dzi le aʋawɔɣi ma megbe la, eva ɖo Brooklyn le September me.
Ɣemaɣi la, Yehowa subɔlawo kpɔe do ŋgɔ be dɔ geɖe ava nɔ anyi yewoawɔ le Xexemeʋa II megbe. Eyata wode dɔ yeye aɖe asi na Nɔviŋutsu Schroeder, si wɔ nuku nɛ eye wòxɔe kple dzidzɔ. Eyae nye be wòakpe asi ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe nusiwo woafia le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua me la ŋu. Efia nu le suku sia me ƒe geɖe tsɔ kpe asi ɖe hehenana dutanyanyuiegblɔlawo ŋu. Sukuvi siwo wòfia nui le Gilead kple Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukuawo me la ɖoa ŋku alesi wòfiaa nui la dzi kple dzidzɔ. Eƒã Mawu ƒe seawo lɔlɔ̃ ɖe amesiwo wòfia nui la me dzidzɔtɔe eye wòte gbe ɖe Yehowa nyanya nyuie ƒe vevienyenye dzi.
Le ƒe 1956 me la, Nɔviŋutsu Schroeder ɖe Charlotte Bowin, eye wodzi vi, si ŋkɔe nye Judah Ben, le ƒe 1958 me. Nɔviŋutsu Schroeder nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo Kristotɔ nyui aɖe. Le ƒe 1974 me la, ezu Dziɖuha la me tɔ, eye Dziɖuhaa me tɔ susɔeawo kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe aɖaŋudzedze ŋu ale gbegbe. Enye dɔmenyola kple ɖokuibɔbɔla, eye esi ƒo wo katã ta la, edo Mawu ƒe ŋkɔ gã la ɖe dzi. Esi wònye be Nɔviŋutsu Schroeder nye Kristotɔ amesiamina si ‘kpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu’ ta la, míeka ɖe edzi be exɔ eƒe dziƒofetua.—Psalmo 1:2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 3 Nɔviŋutsu Schroeder ƒe agbemeŋutinya dze le March 1, 1988, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ me.