Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Hea Yehowa ƒe Yayra Vɛ

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Hea Yehowa ƒe Yayra Vɛ

‘Nye Xɔname Atso Yehowa Gbɔ’

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Hea Yehowa ƒe Yayra Vɛ

ŊUTSU aɖe zɔ mɔ kple gasɔ le Cameroon ƒe avetsu aɖe me. Etsɔ gaƒoƒo geɖe do gasɔ to mɔ siwo dzi tsi kple ba xɔ, heto afɔku geɖe me ale be wòayi ado ŋusẽ ame bubuwo. Zimbabwetɔ aɖewo zɔ afɔ kilometa 15 to tɔ siwo ɖɔ me, helé woƒe awuwo kple afɔkpawo ɖe ta be woagaƒo tsi o. Le teƒe bubu aɖe la, nyɔnu aɖe fɔna ŋdi ga ene va fiana nu dɔnɔdzikpɔla aɖe, elabena gaƒoƒo ɖeka koe dɔnɔdzikpɔlaa ate ŋu avo, eye ŋdikanya koe wòate ŋu anye.

Nukae dze le amesiwo dzea agbagba siawo gbegbe la katã ŋu? Yehowa Ðasefo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe wonye, eye wofiana Biblia me nyateƒea amewo. Woawoe nye gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwo, dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe siwo le Betel-ƒewo me le xexeame godoo. Eye nane si ɖe dzesi le wo ŋue nye ɖokuitsɔtsɔsavɔ. *

Susu Nyui Ye Le Wo Si

Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe nuxlɔ̃ame si apostolo Paulo na Timoteo dzi, be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.” (Timoteo II, 2:15) Gake nukae ʋãna Ðasefo akpe alafa geɖe be woawɔ ɣeawokatãɣi ƒe subɔsubɔdɔa?

Ne wobia ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo be nukatae wole agbagba geɖe dzem le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me hã la, wogblɔna be lɔlɔ̃ si le yewo si na Mawu kple na yewo havi amegbetɔwo tae. (Mateo 22:37-39) Esia sɔ ŋutɔ, elabena ne menye lɔlɔ̃e ʋãna wo o la, agbagba ɖesiaɖe si woadze la anye dzodzro.—Korintotɔwo I, 13:1-3.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe Subɔsubɔ

Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã wɔ ɖe Yesu ƒe yɔyɔa dzi, be: “Ne ame aɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] la, eye wòadze yonyeme.” (Mateo 16:24) Be ame nagbe nu le eɖokui gbɔ fia be elɔ̃ faa be yeazu Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔ, eye be woawo nagblɔ nusi yeawɔ la na ye. Le ame geɖe gome la, esia na wotsɔ wo ɖokui sa vɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.

Ðasefo geɖe dzea agbagba vevie be yewoadzi subɔsubɔ si yewotsɔna na Yehowa la ɖe edzi. Bu Júlia si xɔ ƒe 56, eye wònye gbesiagbe mɔɖela le São Paulo si le Brazil ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nɔviŋutsu Chinatɔ aɖe yɔm le telefon dzi hebiam be ɖe malɔ̃ be masrɔ̃ Chinagbe hã. Le ƒe si mexɔ ta la, nyemebu gbe yeye sɔsrɔ̃ ŋu kpɔ o. Gake le ŋkeke aɖewo megbe la, melɔ̃ be matee akpɔ. Egbea, mete ŋu ɖoa dze tso Ŋɔŋlɔawo me kple amewo le Chinagbe me.”

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Peru ka nya ta be: “Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, gbesiagbe mɔɖela alafa geɖe ʋu yi anyigbamama siwo womede asi na hame aɖeke o me, eye wole dzideƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖem fia. Woʋuna yia du siwo gbɔ didi, siwo me nu deamedzi aɖeke mele o, eye dɔwɔɖui hã mebɔ o la me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo lɔ̃na faa wɔa nusianu si hiã ale be woakpɔtɔ anɔ woƒe dɔa dzi. Gake nusi le vevie wue nye be dɔ si wɔm wole le gbeadzi la le vi nyuiwo ɖem le teƒe geɖe. Dzikpɔla mɔzɔlawo ka nya ta be gbesiagbe mɔɖela ɖokuitsɔtsɔsavɔla siawo na wole ƒuƒoƒo yeye geɖe ɖom.”

Kristotɔ aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me be woakpe ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu. (Romatɔwo 16:3, 4) Nutome sue dzikpɔla aɖe si le Afrika nuto aɖe si me aʋa le edzi yim le ka nya ta be: “Hafi mía kple srɔ̃nye míaɖo mɔtsoƒe mamlɛtɔ si tso aglãdzelawo ƒe anyigbamamawo kple dziɖuɖua tɔ dome gbɔ la, aglãdzelawo ƒe asrafomegã ene kple wo ŋuti dzɔlawo va ƒo xlã mí, eye wobia mí be amekawoe míenye hã. Esi wonɔ míaƒe dzesidegbalẽviwo kpɔm la, wode dzesii be dziɖuɖua ƒe anyigbamama me tɔwoe míenye, eyata wodo dziku vevie. Wobe ŋkutsalae menye. Eyata woɖoe be yewoatsɔm aƒu gbe ɖe do aɖe me. Megblɔ amesiwo míenye la na wo, eye mlɔeba woɖe asi le mía ŋu míedzo.” Hameawo da akpe ale gbegbe be atsu kple asi ɖokuitsɔsavɔla siawo te ŋu va srã yewo kpɔ!

Togbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siawo le kuxi geɖe me tom hã la, woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi le xexeame godoo. (Yesaya 6:8) Dɔwɔla dovevienu siawo dea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woasubɔ Yehowae ŋu. Ame miliɔn bubu geɖe tsɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma ƒomevi ke le Yehowa kafum fifia. Esia wɔe be eyrana wo geɖe. (Lododowo 10:22) Esi dɔwɔla kutrikula siawo ka ɖe edzi be yewoaxɔ yayra kple kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi ta la, woɖea nɔnɔme si le hakpalaa si fiana, amesi dzi ha be: ‘Nye xɔname atso Yehowa gbɔ.’—Psalmo 121:2.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2005 Calendar of Jehovah’s Witnesses (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2005) November/December.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe.”​—PSALMO 110:3

[Aɖaka si le axa 8]

YEHOWA DEA ASIXƆXƆ ESUBƆLA SIWO TSƆ WO ÐOKUI NA ŊU

“Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti.”—Korintotɔwo I, 15:58.

“Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta . . . la be o.”​—Hebritɔwo 6:10.