Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Le Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me Takpekpe aɖe si Wowɔ le Sitsoƒesaɖa aɖe Me

Mɔkpɔkpɔ Le Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me Takpekpe aɖe si Wowɔ le Sitsoƒesaɖa aɖe Me

Mɔkpɔkpɔ Le Mɔkpɔkpɔbuɖeame Me Takpekpe aɖe si Wowɔ le Sitsoƒesaɖa aɖe Me

ÀKPƆ Kakuma sitsoƒesaɖa le Kenya ƒe dziehekpa dzi, le teƒe aɖe si gogo Sudan ƒe de dzi. Asaɖa sia mee amesiwo wu 86,000 le. Ku ɖina vevie le nuto sia me, eye yame xɔna dzo ɖoa Celsius 50 le ŋkeke me. Ʋunyaʋunyawɔwɔ yia edzi zi geɖe le sitsoƒedila siawo dome. Le sitsoƒedilaawo dometɔ geɖe gome la, mɔkpɔkpɔbuɖeame teƒe koe asaɖa sia me nɔnɔ nye. Ke hã, mɔkpɔkpɔ kpɔtɔ le wo dometɔ aɖewo ya si.

Sitsoƒedila siawo dometɔ aɖewo nye Yehowa Ðasefowo, eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia dzonɔamemetɔe. Wonye Ðasefowo ƒe hame sue aɖe si le Lodwar, si le asaɖaa ƒe anyiehe gome kilometa 120 la, me tɔwo. Tso hame sia gbɔ yi bubu si te ɖe wo ŋu gbɔ nye gaƒoƒo enyi ƒe lɔrimɔzɔzɔ.

Esi manya wɔ be sitsoƒedilaawo nado le asaɖaa me azɔ mɔ le dedienɔnɔ me o ta la, wo dometɔ geɖe mete ŋu dea Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe suewo kple gãawo o. Le susu sia ta la, wowɔ ɖoɖo be woawɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ le asaɖa la me.

Mɔzɔzɔ Ðo Ta Dziehe

Ðasefo 15 siwo tso Eldoret, si gbɔ didi tso asaɖaa ƒe anyiehe gome kilometa 480, me, hekpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe, si ɖe mɔ be yeƒe ʋukula nazã ʋua aku yewo ayii ŋu, tsɔ wo ɖokui na be yewoazɔ mɔ teɖeɖiameŋu la ayi dziehe, si ku ɖina le vevie. Enye woƒe dzimedidi vevie be yewoayi aɖade dzi ƒo na yewo nɔviwo ahado ŋusẽ wo.

Wodze mɔzɔzɔa gɔme ŋdi kanya le Kenya ƒe ɣetoɖoƒe todzinuto me le vuvɔŋɔli. Mɔ sia si dze kpo dze ʋɛ la nye to lialia to agblenyigbawo kple avewo me hafi aɖi abu age ɖe dzogbenyigba xɔdzo la dzi. Gbɔ̃ kple kposɔ hatsotsowo ɖua gbe le anyigba mawɔnu sia dzi. Àkpɔ nuto sia me tɔwo le woƒe awudodowo me woanɔ afɔ zɔm le mɔa dzi, wo dometɔ geɖe lé kpowo, da kple datiwo ɖe asi. Le mɔzɔzɔ gaƒoƒo 11 megbe la, Ðasefoawo va ɖo Lodwar, si nye nuto xɔdzo aɖe si me ʋuʋu le ŋutɔ, si me nɔlawo ade 20,000. Ðasefo siwo le dua me, siwo gbɔ wodze la xɔ mɔzɔlaawo atuu, emegbe woyi ɖamlɔ anyi bena woaɖi ɖe eme hena takpekpea ƒe wɔnawo le kwasiɖaa ƒe nuwuwu.

Le ŋufɔke la, amedzroawo ɖi tsa yi ɖakpɔ nutoa me ƒe teƒe vovovowo. Turkana-ta, si nye ta gãtɔ kekeake le Kenya ya la womagbe yiyi gbeɖe o. Dzogbedzita sia, si gbe to ƒo xlã kilometa nanewo la mee lo sɔ gbɔ ɖo wu ta ɖesiaɖe le xexeame katã. Ta sia me tsi, si me dze le vie lae ame ʋɛ siwo le eŋu la zãna. Tsaɖilaawo se vivi na fiẽsia esime wode Teokrasi Subɔsubɔ Suku kple Subɔsubɔ Kpekpea kple hame si le afima. Fiaɖuƒe Akpata nyui aɖe le wo si, si wotu le ƒe 2003 me to xɔtuɖoɖo si le Ðasefowo si na dukɔ siwo dzi nu mede le ganyawo gome o la dzi.

Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛa

Kwasiɖagbee woɖo hena ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa wɔwɔ. Woɖe mɔ na Lodwar-hamea, kpakple nɔvi siwo ɖi tsa va la be woage ɖe sitsoƒesaɖaa me le ŋdi ga 8:00 me, eyata Ðasefoawo di vevie be yewoadze mɔ kaba. Mɔ gɔdɔgɔdɔa to dzogbenyigbaa dzi ɖo ta Sudantɔwo ƒe de dzi. Mɔa zɔ to glidzaglidzawo dome. Wote ŋu kpɔ nutoa ƒe akpa vovoawo nyuie yi adzɔ ge ke esime woɖo Kakuma kɔƒea. Tsi nɔ dzadzam eye tsi ɖɔ ɖe mɔ si yi asaɖaa me, si dzi fufu nɔna vevie la ƒe teƒe teƒewo. Anyikpee wotsɔ tu xɔ siwo le asaɖaa me la dometɔ akpa gãtɔ eye wotsɔ zingli alo tapolin gba woe. Etiopiatɔwo, Somaliatɔwo, kple Sudantɔwo, kple ame bubuwo ƒe nɔƒewo le vovovo. Sitsoƒedilaawo tsɔ vividoɖeameŋu geɖe do wòezɔ na amedzroawo.

Wowɔ takpekpea le sitsoƒedilaawo ƒe hehexɔƒe aɖe. Nutata aɖewo le gliawo ŋu si ɖe ŋɔdzinu siwo gbegbe me sitsoƒedilawo to fia, gake amesiwo ƒo ƒu ɖe xɔa me gbemagbe la ƒe nɔnɔme ɖe alesi mɔkpɔkpɔ le wo sii la fia. Woƒo nuƒoawo katã le Eŋlisigbe kple Swahiligbe me. Nuƒolaawo dometɔ aɖewo se gbe eveawo nyuie ale gbegbe be wote ŋu gbugbɔ gblɔ woƒe nyawo ɖe gbegbɔgblɔ evelia me gɔ̃ hã. Nɔviŋutsu sitsoƒedila aɖe si tso Sudan ye ƒo nuƒo gbãtɔ, si ƒe tanya nye “Míaƒe Kpɔɖeŋudzia Me Dzodzro.” Hamemegã siwo va lae ƒo nuƒo mamlɛawo.

Takpekpe ɖesiaɖe ƒe akpa si nɔa etɔxɛ enye nyɔnyrɔxɔxɔ. Le nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa ƒoƒo vɔ megbe la, amesiame fɔ ŋku ɖe nyɔnyrɔxɔla ɖeka si tsi tre la dzi. Eŋkɔe nye Gilbert, eye woa kple fofoae si tso wo dedukɔ me le aʋawɔwɔ si me wonɔ ameƒomevi aɖewo tsrɔ̃m ɖa le le ƒe 1994 me la nu. Gbã la, wosusui be yewoakpɔ dedienɔnɔ le Burundi, gake eteƒe medidi o wova de dzesii be yewoƒe agbe kpɔtɔ nɔ afɔku me. Gilbert si yi Zaire, emegbe Tanzania—ebena ɖe avewo me ɣeaɖewoɣi—eye mlɔeba esi va Kenya. Aɖatsi loló ɖe ame geɖewo ƒe ŋku dzi esime nuƒolaa do dzaa nɛ va hamea mee. Gilbert tsi tre ɖe takpekpea valawo ƒe agbɔsɔsɔ sue si nye ame 95 la ŋgɔ hetsɔ dzideƒo ɖo nyabiase eve si nuƒolaa biae la ŋu eme kɔ be “Ndiyo!”—si nye “Ẽ!” le Swahiligbe me. Nɔviŋutsu aɖewo kpe ɖe eŋu woɖe ʋɛ aɖe si me woaxɔ nyɔnyrɔa le heɖe tapolin si wòtsɔ gba eƒe xɔe le asaɖaa me tsã la ɖo ɖe eme. Le ŋdi ma ke la, eya ɖeɖe tsɔ tɔkpo du tsi kɔ ɖe ʋɛa me wòyɔ, tsɔ ɖee fia be yedi vevie be yeaxɔ nyɔnyrɔ nyateƒe!

Ŋdɔkpa dzi wɔna tɔxɛawo dometɔ ɖekae nye nɔnɔme tɔxɛ si me Ðasefo sitsoƒedilaawo le la ŋuti nuteƒekpɔkpɔ siwo wogblɔ. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ alesi wòte ɖe ŋutsu aɖe si nɔ ɖiɖim ɖe eme le ati te ŋui la.

“Mabia wò lo, èsusu be míate ŋu anɔ ati te ɣesiaɣi alea afɔku aɖeke manɔmeea?”

Ŋutsua ɖo eŋu be, “Ẽ.” Emegbe egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Gake menye le zã me ya o.”

Nɔviŋutsua xlẽ Mixa 4:3, 4 nɛ be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; [eye ame aɖeke mado voɖi na wo o, NW].” Nɔviŋutsua ɖe nu me nɛ be: “Èkpɔea, le Mawu ƒe xexe yeyea me la, míate ŋu anɔ ati te ɣesiaɣi afɔku aɖeke manɔmee.” Etsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe na ŋutsua eye wòlɔ̃ xɔe.

Nɔvinyɔnu aɖe si zɔ mɔ yi Kakuma la ƒe ƒometɔ kplikplikpli etɔ̃ ku nyitsɔ sia. Nɔvinyɔnua gblɔ le nɔvi siwo le asaɖaa me ŋu be: “Nɔnɔmea mele bɔbɔe kura le wo gbɔ o; ke hã wokpɔtɔ lé woƒe xɔse me ɖe asi sesĩe. Dzidzɔ mele teƒe si wole o, gake wotsɔ dzidzɔ le Yehowa subɔmee. Ŋutifafa le woa kple Mawu dome. Ede dzi ƒo nam be malé dzi ɖe ƒo ahasubɔ Yehowa. Nyemate ŋu ato nyatoƒoe le naneke ŋu o!”

Kasia kasia, takpekpea va nuwuwu. Le nuƒo mamlɛa me la, nuƒolaa gblɔ be nɔvi siwo tso dukɔ vovovo enyi sɔŋ mee le takpekpea me. Ðasefo sitsoƒedilaawo dometɔ ɖeka gblɔ be takpekpe sia le kpe ɖom edzi be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ le Yehowa Ðasefowo dome le xexe si me mama le la me. Wonye Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã nyateƒe.—Yohanes 13:35.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 25]

SUDAN ŊUTSUVI BUBUAWO

Tso Sudan dukɔmeviʋaa ƒe gɔmedzedze le ƒe 1983 me la, ame miliɔn atɔ̃ va zu aƒemanɔsitɔwo. Amesiawo dometɔ 26,000 nye ɖevi siwo ma tso woƒe ƒometɔwo ŋu. Wo dometɔ akpe geɖe si yi sitsoƒesaɖawo me le Etiopia, afisi wonɔ ƒe etɔ̃ lɔƒo. Esi wògava hiã be woagasi ake la, wozɔ afɔ ƒe ɖeka sɔŋ gbugbɔ va to Sudan heva Kenya ƒe dziehenuto me, eye wokpe akɔ kple asrafowo, adzoblasuwo, dɔléle, kple lã wɔadãwo. Ðevi siawo ƒe xexlẽme ƒe afã koe tsi agbe le mɔzɔzɔ sesẽ sia me, eye woawoe wova tsɔ dze Kakuma sitsoƒesaɖa la gɔmee. Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwoe va tsɔ ŋkɔ na wo be Sudan ŋutsuvi bubuawo.

Fifia la, Kakuma sitsoƒedilawo ƒe asaɖaa zu sitsoƒedila siwo tso dukɔ vovovo siwo nye Sudan, Somalia, Etiopia, kple dukɔ bubuwo me la ƒe aƒe. Ne sitsoƒedila aɖe va ɖo asaɖaa me la, wotsɔa xɔtunu aɖewo nanɛ be wòatu xɔ na eɖokui, kpakple tapolin be wòatsɔ agbae. Zi eve le ɣleti me la, wonaa wɔ agbɔsɔsɔ si ade kilogram 6, ayi kilogram 1, ami kpakple dze agbɔsɔsɔme aɖe sitsoƒedila ɖesiaɖe. Sitsoƒedilaawo dometɔ geɖe tsɔa woƒe nunanawo ƒe ɖe ɖɔlina nuhiahiã bubuwoe.

Wokpe ɖe ŋutsuvi bubu siawo dometɔ aɖewo ŋu woɖawɔ ɖeka kple woƒe ƒometɔwo alo di teƒe na wo le dukɔ bubuwo me. Ke hã Teƒe Didi na Sitsoƒedilawo ƒe Dɔwɔƒe gblɔ be “wo dometɔ akpe geɖewo kpɔtɔ le Kakuma sitsoƒedilawo ƒe asaɖaa me, afisi ʋuʋudedi kple nudzodzoewo le ŋutɔ, eye enye nu sesẽ ŋutɔ na wo be woakpɔ nuɖuɖu eye woade suku.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Refugees International

[Anyigbatata si le axa 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

KENYA

Kakuma Sitsoƒesaɖa

Turkana-ta

Lodwar

Eldoret

Nairobi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Agbenɔnɔ le asaɖa la me mele bɔbɔe kura o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe wodzidzea tsi na ame le Kakuma sitsoƒesaɖa me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðasefo siwo le Kenya zɔ mɔ teɖeɖiameŋu be yewoaɖade dzi ƒo na yewo nɔviwo le dziehe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dutanyanyuigblɔ aɖe le nutoa me mɔɖela vevi aɖe ƒe nuƒo me ɖem

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Tsiʋɛ si woɖe na nyɔnyrɔxɔxɔ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]

Tsi dzidzedzidze na amewo le Kakuma Sitsoƒedilawo ƒe Asaɖa me: Courtesy Refugees International